Audio
stringlengths
109
111
Transcript
stringlengths
166
12k
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Nebukadnezar, Babilonia fia kplɔ Yehoyakim vi Yehoyatsin, Yuda fia, eƒe dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo yi ɖe aboyo mee le Babilonia megbe la, Yehowa ɖe gbotsetse kusi eve siwo woda ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ mɔnu la fiam. Gbotsetse nyuiwo le kusi ɖeka me, eye woɖi nyuie abe esiwo ɖina kaba la ene. Ke gbotsetse siwo le kusi evelia me la menyo kura o, wogblẽ ale gbegbe be womenyo woaɖu o. Tete Yehowa biam be, “Nu ka kpɔm nèle, Yeremia?” Meɖo eŋu be, “Gbotsetsewoe. Nyuitɔwo le nyuie ŋutɔ, ke manyomanyoawo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o.” Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Mebu aboyome siwo tso Yuda la abe gbotsetse nyui siawo ene, ame siwo meɖo ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi tso teƒe sia. Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu hena woawo ŋutɔ ƒe nyonyo eye magakplɔ wo agbɔe va anyigba sia dzi. Matu wo eye nyemagbã wo aƒu anyi o. Mado wo eye nyemaho wo aƒu gbe o. Mana dzi wo, ne woadze sim be nyee nye Yehowa. Woanye nye dukɔ eye manye woƒe Mawu elabena woatrɔ agbɔ, ava gbɔnye kple woƒe dzi blibo.’ “Yehowa be, ‘Gake abe gbotsetse siwo gblẽ ale gbegbe be womate ŋu aɖu wo o ene la, nenemae mawɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, woatsi anyigba sia dzi loo, alo woanɔ Egipte. Mawɔ wo woanye bibi kple ŋunyɔnu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, nu ɖikokoe kple fiƒodenu le afi sia afi si menya wo ɖo ɖo. Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo dome va se ɖe esime woatsrɔ̃, avɔ le anyigba si metsɔ na wo kple wo fofowo la dzi.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ƒe ƒe enelia me si nye Babilonia fia Nebukadnezar ƒe ƒe gbãtɔ me la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia ku ɖe Yuda dukɔ la ŋu. Eya ta nyagblɔɖila Yeremia, gblɔ na Yudatɔwo katã kple ame siwo nɔ Yerusalem la be: Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o. Togbɔ be Yehowa dɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖo ɖe mi zi geɖe hã la, mieɖo to alo mietsɔ ɖeke le eme na wo o. Wogblɔ be, “Mitrɔ azɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe, tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nu tovowo wɔwɔ me, be miate ŋu anɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mi la dzi, miawo ŋutɔ kple mia fofowo, tso mavɔ me yi mavɔ me. Migadze mawu tutɔwo yome, ahayi wo subɔ ge o. Migade ta agu na wo o, migado dziku nam kple nu siwo miaƒe asiwo wɔ la o. Ekema nyemawɔ nuvevi mi o.” Yehowa be, “Gake mieɖo tom o eye mietsɔ nu siwo miawo ŋutɔ ƒe asiwo wɔ la do dziku nam eye miehe vɔ̃ va mia ɖokuiwo dzii.” Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Esi mieɖo to nye nyawo o ta la, mayɔ anyiehemetɔwo katã, kple nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia aƒo ƒu, woatso ɖe anyigba sia, edzinɔlawo kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la ŋuti. Matsrɔ̃ wo gbidigbidi, awɔ wo woanye ŋɔdzinu kple fewuɖunu, eye woazu aƒedo tegbetegbe. Mana dzidzɔ kple aseyetsotso nu natso eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe alo te ƒe gbe alo woakpɔ akaɖi wòaganɔ keklẽm o. Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe eye dukɔ sia asubɔ Babilonia fia ƒe blaadre sɔŋ” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Ke ne ƒe blaadre la de la, mahe to na Babilonia fia kple eƒe dukɔ, Babiloniatɔwo ɖe woƒe agɔdzedze ta eye mawɔ woƒe anyigba wòazu gbegbe tegbetegbe. Mana nu siwo katã megblɔ ɖi ɖe anyigba ma ŋuti, nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple esiwo Yeremia gblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋuti la nava wo dzi. Woawo ŋutɔ la, dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo awɔ wo kluviwoe. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu kple nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.” Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam nye esi: “Xɔ kplu si nye dɔmedzoewain yɔ la le asinye eye nàkpee na dukɔ siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la. Ne wonoe la, woazɔ sɔgɔsɔgɔ, eye woƒe tagbɔ atɔtɔ, le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.” Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe. Ame siwo noe la woe nye Yerusalem nɔlawo, Yuda ƒe duwo, woƒe fiawo kple woƒe dumegãwo, be woagblẽ wo dome eye woazu ŋɔdzinu, fewuɖunu kple fiƒodenu abe ale si wole egbea ene. Bubuwoe nye Egipte fia, Farao, eŋutinɔlawo, eƒe dumegãwo kple eƒe dukɔmetɔwo, hekpe ɖe amedzro siwo katã le afi ma la ŋuti, Uz fiawo katã, Filistitɔwo ƒe fiawo katã esiwo tso Askelon, Gaza, Ekron, kpe ɖe ame siwo wogblẽ ɖe Asdod ŋu. Edom, Moab kple Amon; kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo; Dedan Tema, Buz kpe ɖe didiƒetɔwo ŋu; Arabia fiawo katã kpe ɖe amedzrowo ƒe fia siwo le gbegbe la ŋu. Fia siwo katã le Zimri, Elam kple Media. Anyiehemefiawo katã, esiwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa. Wo katã noe ɖe wo nɔewo yome, ale fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la noe. Ne wo katã noe vɔ la, ekema Sesak fia hã anoe. “Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.” ’ Ke ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Ele na mi be mianoe!” Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’ “Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be, “Yehowa aɖe gbe tso dziƒo eye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti. Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la ene eye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti. Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena Yehowa atsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu, ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo katã dzi eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, gbegblẽ le kakam tso dukɔ me yi dukɔ me. Ahom sesẽ aɖe ho tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.” Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba. Mi alẽkplɔlawo, mifa avi, mido ɣli, mimli le ke me, mi alẽha ƒe kplɔlawo. Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi, miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene. Alẽkplɔlawo makpɔ teƒe aɖeke asi yi o, eye alẽhawo ƒe kplɔlawo manya afi si woabe ɖo o. Se alẽkplɔlawo ƒe aviɣli ɖa; ɖo to kplɔlawo ƒe ɣlidodo, elabena Yehowa le woƒe lãnyiƒe la tsrɔ̃m. Gbe dama nyuiwo azu kuɖiɖinyigba le Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la ta. Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene, eye woƒe anyigba azu gbegbe le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, nya sia va nam tso Yehowa gbɔ. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eye nàƒo nu na Yudatɔ siwo katã tso du vovovowo me va subɔsubɔ wɔ ge le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Gblɔ nu siwo katã mede se na wò be nàgblɔ na wo, nya ɖeka pɛ hã megato le eme o. Ɖewohĩ woaɖo to eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi. Ekema maɖe asi, eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ ta la ava wo dzi o.’ Gblɔ na wo be: ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ne mieɖo tom hewɔ ɖe nye se siwo mede na mi la dzi o, eye ne mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖila siwo meɖo ɖe mi enuenu (ame siwo miedo tokui va yi la ƒe nyawo o la), ekema mawɔ gbedoxɔ sia abe Silo ene eye du sia azu fiƒodenu le anyigbadzidukɔwo katã dome.’ ” Nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo katã le afi ma se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Kaka Yeremia nawu nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ nu la, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo le afi ma la dze Yeremia dzi kpli, helée eye wogblɔ nɛ be, “Èdze na ku! Nu ka ta nègblɔ nya ɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me be gbedoxɔ sia azu abe Silo ene eye du sia azu aƒedo si me ame aɖeke maganɔ o?” Ale zi ƒo ɖe Yeremia ŋuti le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Esi Yuda ƒe dumegãwo se nu siawo la, wotso le fiasã la me heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ eye woyi ɖatɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe Agbo Yeye la nu. Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Ele be woatso kufia na ŋutsu sia, elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋuti. Miawo ŋutɔ miesee kple miaƒe towo!” Tete Yeremia gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Yehowae dɔm be magblɔ nya siwo miese la ɖi ɖe gbedoxɔ sia kple du sia ŋuti. Ke azɔ la, miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la. Ekema Yehowa atrɔ eƒe susu eye mahe vɔ̃ si wògblɔ ɖi ɖe mia ŋuti la va mia dzii o. Ke nye ya la, mele miaƒe asi me xoxo. Miwɔ nu si miesusu be enyo eye wòle eteƒe la kplim faa. Gake meka ɖe edzi na mi be ne miewum la, miahe ʋu maɖifɔ va miawo ŋutɔ, du sia kple emenɔlawo dzi; elabena le nyateƒe me la, Yehowae dɔm be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.” Tete dumegãwo kple ameha la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo be, “Mele be woatso kufia na ŋutsu sia o, elabena egblɔ nya na mi le Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.” Dumegãwo dometɔ aɖewo do ɖe ŋgɔgbe hegblɔ na ameha la be, “Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “ ‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gbagbã eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’ “Ɖe Hezekia, Yuda fia, alo ame aɖe le Yuda wuia? Ɖe Hezekia mevɔ̃ Yehowa hetrɔ ɖe eŋu eye wòdi amenuveve le egbɔ oa? Eye ɖe Yehowa metrɔ eƒe susu ale be megaxa he gbegblẽ si wòɖe gbeƒãe la va wo dzii oa? Míawo ya la míele gbegblẽ dziŋɔ aɖe he ge va mía ɖokuiwo dzii!” (Azɔ ame bubu si gagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ mee nye Uria, Semaya ƒe vi si tso Kiriat Yearim. Eya hã gblɔ nya siwo ke Yeremia gblɔ ɖe du sia kple anyigba sia ŋuti. Esi Fia Yehoyakim kple eŋumewo kple eƒe dumegãwo se eƒe nyawo la, fia la di vevie be yeawui, Ke Uria see eye wòsi kple vɔvɔ̃ yi Egipte. Ke Fia Yehoyakim dɔ Elnatan, Akbor ƒe vi kple ŋutsu bubu geɖewo ɖe eyome. Woyi ɖakplɔ Uria tso Egipte vɛ na Fia Yehoyakim, ame si na wowui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe ame gbɔlowo ɖiƒe.) Gawu la, Safan ƒe vi, Ahikam de megbe na Yeremia ale wometsɔe de asi na ameawo be woawu o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Yuda fia Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be: Ale Yehowa gblɔ nam nye esi: “Gbi ka, nàtsɔ ati sesẽ eve awɔ kɔkuti eye nàtsɔ kɔkuti la ku wò kɔ. Ekema nàɖo du ɖe Edom, Moab, Amon, Tiro kple Sidon fiawo to woƒe ame dɔdɔ siwo va Yuda fia, Zedekia, gbɔ le Yerusalem la dzi. Ɖo gbedeasi ɖe woƒe amegãwo, eye nàgblɔ be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migblɔ na miaƒe amegãwo be, Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃. Azɔ la, matsɔ miaƒe dukɔwo katã ade asi na nye dɔla, Babilonia fia, Nebukadnezar. Mawɔe be lã wɔadãwo gɔ̃ hã anɔ eƒe kpɔkplɔ te. Dukɔwo katã asubɔe, asubɔ via kple eƒe tɔgbuiyɔvi gɔ̃ hã va se ɖe esime eƒe anyigba ƒe ɣeyiɣi nade. Ekema dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo aɖu edzi. “ ‘ “Ke ne dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar, alo abɔbɔ ɖe eƒe kɔkuti te o la, mahe to na dukɔ ma kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ va se ɖe esime matsrɔ̃e kple Nebukadnezar ƒe asi.” ’ Yehowae gblɔe. Eya ta migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃egɔmeɖelawo, ŋɔliyɔlawo kple nukala siwo gblɔna na mi be, ‘Migasubɔ Babilonia fia o’ la o. Wogblɔa aʋatsonyagblɔɖiwo na mi, siwo ana be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigbawo dzi aɖo ɖe didiƒewo. Manya mi eye miatsrɔ̃. Gake ne dukɔ aɖe bɔbɔ ɖe Babilonia fia ƒe kɔkuti te hesubɔe la, mana be dukɔ ma nanɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi eye wòanɔ edzi. Yehowae gblɔe.” Metsɔ gbedeasi sia ke na Yuda fia Zedekia. Megblɔ nɛ be, “Tsɔ wò kɔ de Babilonia fia, Nebukadnezar, ƒe kɔkuti te; subɔ eya kple eƒe dukɔmetɔwo eye nànɔ agbe. Nu ka ŋuti wò kple wò amewo miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si ƒe ŋugbe Yehowa do na dukɔ si masubɔ Babilonia fia o la ƒe asi me? Mègaɖo to nyagblɔɖilawo ƒe nya si gblɔm wole na wò be, ‘Mígasubɔ Babilonia fia o’ la o; elabena aʋatsonyawo gblɔm wole na wò. Yehowa be, ‘Nyemedɔ wo o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Eya ta manya wò ɖa le teƒe sia eye wò kple Nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò la siaa miatsrɔ̃.’ ” Tete megblɔ na nunɔlawo kple ame siawo katã be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migaɖo to nyagblɔɖila siwo gblɔna na mi be, ‘Esusɔ vie woatrɔ nu siwo wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me yi Babilonia la gbɔe’ o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi na mi. Migaɖo to wo o. Misubɔ Babilonia fia, ekema mianɔ agbe. Nu ka ŋuti du sia azu aƒedo? Nenye nyagblɔɖilawoe wonye vavã eye Yehowa ƒe nya le wo me la, ekema woneɖe kuku na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, be nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda fia ƒe aƒe me le Yerusalem la, womagalɔ wo ayi Babilonia o. Elabena, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso sɔtiawo, akɔblizɔ kple nu siwo dzi woda wo ɖo kple nu bubu siwo susɔ ɖe du sia me la ŋuti. Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti. Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple Yuda fia ƒe fiasã me le Yerusalem la ŋutie nye esi: ‘Woalɔ wo ayi ɖe Babilonia, afi ma woanɔ va se ɖe gbe si gbe mava alɔ wo ekema matrɔ wo agbɔe va teƒe sia.’ ” Yehowae gblɔe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Mele Babilonia fia ƒe kɔkuti la ŋe ge. Le ƒe eve megbe la, matrɔ nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar lɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me tsɔ yi Babilonia la vɛ. Makplɔ Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi agbɔ va teƒe sia, hekpe ɖe Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yi ɖe Babilonia la ŋuti, elabena maŋe Babilonia fia ƒe kɔkuti.’ ” Yehowae gblɔe. Tete Nyagblɔɖila Yeremia ɖo nya la ŋu na Nyagblɔɖila Hananiya le nunɔlaawo kple ame siwo katã nɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Egblɔ be, “Amen! Yehowa nena wòava eme nenema! Yehowa nena wò nyagblɔɖi la nava eme be woagbugbɔ nu siwo katã wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple aboyome siwo wokplɔ yi Babilonia la natrɔ gbɔ. Ke hã la, ɖo to nàse nya siwo ku ge mala ɖe to me na wò kple ame siwo le teƒe sia. Tsã la, nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na nye kple wò la gblɔ aʋawɔwɔ, gbegblẽ kple dɔvɔ̃ ƒe nyawo ɖi ɖe dukɔ geɖewo kple fiaɖuƒe geɖewo ŋuti. Gake nyagblɔɖila si gblɔ ŋutifafanya aɖe, eye eƒe nyagblɔɖi la va eme la koe wobuna be enye ame si Yehowa dɔ vavã.” Kasia Nyagblɔɖila Hananiya ɖe kɔkuti la le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia eye wòŋee. Egblɔ le ameawo ƒe ŋkume be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Aleae maŋe Babilonia fia Nebukadnezar ƒe kɔkuti le kɔe na dukɔwo katã le ƒe eve me.’ ” Le esia megbe la, Nyagblɔɖila Yeremia lé eƒe mɔ hedzo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, esi Nyagblɔɖila Hananiya ŋe kɔkuti le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Yi nàgblɔ na Hananiya be ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Èŋe atikɔkuti, gake le eteƒe la, woatsɔ gakɔkuti ana wo. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔ ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Matsɔ gakɔkuti aku kɔ na dukɔwo katã be woasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar eye woazu subɔlawo nɛ. Mana ŋusẽe ɖe lã wɔadãwo gɔ̃ hã dzi.” ’ ” Tete Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Hananiya nyagblɔɖila la be, “Ɖo to afii, Hananiya! Yehowa medɔ wò o, evɔ nèƒoe ɖe dukɔ sia nu be wòaxɔ aʋatsonyawo dzi ase. Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mele ɖe wò ge ɖa le anyigba dzi. Àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu ƒe nya.’ ” Le ɣleti adrelia me le ƒe ma me la, Nyagblɔɖila Hananiya ku.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esia nye agbalẽ si Nyagblɔɖila Yeremia ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomenɔlawo ƒe ametsitsi mamlɛawo, nunɔla siwo gale agbe, nyagblɔɖilawo kple ame bubu siwo Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi ɖe Babilonia la me nyawo. Esia va eme le esi wokplɔ Fia Yehoyatsin, fiasrɔ̃, ʋɔnudɔdzikpɔlawo, Yuda dumegãwo, Yerusalem dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo le Yerusalem yi aboyo mee megbe Ame siwo xɔ agbalẽa yi na woe nye, Eleasa, Safan ƒe vi kple Gemaria, Hilkia ƒe vi, ame si Yuda fia Zedekia dɔ ɖo ɖe Babilonia fia Nebukadnezar gbɔ. Agbalẽa me nyawo be: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ na ame siwo katã mekplɔ tso Yerusalem yi ɖe aboyo mee le Babilonia, “Mitso aƒewo ne mianɔ wo me, mide agble eye miaɖu emenuwo. Miɖe srɔ̃ ne miadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Miɖe srɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, ale be woawo hã nadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Midzi ɖe edzi le afi ma ke migazu ʋɛe o. Gawu la, midi ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ na du si me meɖe aboyo mi ɖo ɖo la. Mido gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta elabena ne eme nyo na wo la, anyo na miawo hã.” Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migana Nyagblɔɖila kple bokɔnɔ siwo le mia dome la nable mi o. Migalé to ɖe drɔ̃e siwo miede dzi ƒo na wo be woaku la ŋuti o. Aʋatsonyawo gblɔm wole ɖi na mi le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo o.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne ƒe blaadre de na Babilonia vɔ la, mava mia gbɔ eye mawɔ ɖe amenuveveŋugbe si medo, be magakplɔ mi va teƒe sia la dzi. Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi. Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi. Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko. Miake ɖe ŋunye, eye makplɔ mi agbɔe tso aboyo me. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã me kple teƒe siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye magakplɔ mi ava teƒe sia, afi si mekplɔ mi tsoe yi ɖe aboyo mee.” Yehowae gblɔe. Miagblɔ be, “Yehowa ɖo nyagblɔɖilawo na mi le Babilonia.” Gake ale Yehowa gblɔ le fia si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, ame siwo katã susɔ ɖe du sia me, miaƒe dumetɔ siwo meyi aboyo me o la ŋuti, Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo ŋuti eye mawɔ wo abe gbotsetse manyomanyo si ƒaƒã ale gbegbe be womate ŋu aɖui o la ene. Mati wo yome kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃, eye woanye ŋɔdzinu na anyigbadzidukɔwo katã. Woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔ siwo katã dome menya wo ɖo ɖo la. Elabena womeɖo to nye nyawo o, nya siwo meɖo ɖe wo enuenu to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi. Ke mi aboyomewo hã mieɖo to o,” Yehowae gblɔe. Eya ta mise Yehowa ƒe nya, mi ame siwo meɖo ɖe aboyo me le Babilonia tso Yerusalem. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔ le Ahab, Kolaya ƒe vi kple Zedekia, Maaseya ƒe vi, ame siwo le aʋatsonyagblɔɖiwo gblɔm le nye ŋkɔ dzi la ŋutie nye esi: “Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia, Nebukadnezar eye wòawu wo le mia ŋkume. Le wo ta la, ame siwo katã yi aboyo me le Babilonia tso Yuda la awɔ fiƒodenya siawo ŋu dɔ, ‘Yehowa awɔ wò abe Zedekia kple Ahab ene, ame siwo Babilonia fia tɔ dzoe.’ Elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo eye woka aʋatso le nye ŋkɔ me, evɔ nyemegblɔe na wo be wonewɔ nenema o. Menya eye menye ɖasefo nɛ.” Yehowae gblɔe. Gblɔ na Semaya, Nehelamitɔ be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ me heɖo ɖe Yerusalemtɔwo katã, na nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi kple nunɔla bubuawo.’ Eŋlɔ na Zefania be, ‘Yehowa ɖo wò nunɔlae ɖe Yehoiada teƒe be nànye Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzi kpɔla, eye ne aɖaʋatɔ aɖe va le nu wɔm abe nyagblɔɖila ene la, lée de kunyowu me, eye nàde ga kɔ nɛ. Ekema nu ka ta mèka mo na Yeremia, Anatɔt la, ame si le nyagblɔɖila ƒe dɔ wɔm le mia dome la o? Eɖo agbalẽ sia ɖe mi le Babilonia be mianɔ afi ma wòadidi, eya ta mitso aƒewo mianɔ wo me, miade agble, eye miaɖu emenuwo.’ ” Ke Nunɔla Zefania xlẽ agbalẽ la na Nyagblɔɖila Yeremia. Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ɖo gbedeasi sia ɖe aboyomeawo katã be, ‘Ale Yehowa gblɔ le Semaya, Nehelamitɔ la ŋutie nye esi: “Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ nyemedɔe o eye wòna miexɔ beblenya dzi se ta la,” ale Yehowa gblɔe nye esi: Mahe to na Semaya, Nehelamitɔ kple eƒe dzidzimeviwo katã, eƒe ƒometɔ aɖeke masusɔ ɖe eƒe amewo dome alo akpɔ nu nyui si mawɔ na nye dukɔ la o, elabena egblɔ nya be woadze aglã ɖe ŋutinye.’ ” Yehowae gblɔe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ. “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ŋlɔ nya siwo katã megblɔ na wò la ɖe agbalẽ me’ Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna, esi makplɔ nye dukɔwo Israel kple Yuda agbɔe tso aboyo me, eye magbugbɔ anyigba si metsɔ na wo fofowo be wòanye wo tɔ la na wo.’ ” Yehowa gblɔe. Nya siawoe Yehowa gblɔ tso Israel kple Yuda ŋuti. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Wose vɔvɔ̃ ƒe avifafa, ŋɔdzi koe li, menye ŋutifafa o. Bia eye nàkpɔe ɖa be, Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via? Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe nyɔnu si le ku lém ene, eye woƒe mowo fu tititi ale? Alele, anye ŋkeke dziŋɔ eye ɖeke magasɔ kplii o! Anye xaxaɣi na Yakob, ke woaɖee le eme.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, “Le ŋkeke ma dzi la, maŋe kɔkuti la le woƒe kɔwo eye maɖe ga wo, amedzrowo magado kluvi wo azɔ o. Ke boŋ woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la kple woƒe fia David, si maɖo na wo. “Eya ta mègavɔ̃ o. O, nye dɔla Yakob. O Israel, wò mo megatsi dãa o.” Yehowae gblɔe. “Le nyateƒe me, makplɔ wò tso didiƒenyigba dzi, eye maɖe wò dzidzimeviwo hã tso aboyo me. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke magado vodzi nɛ o. Meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe. “Togbɔ be matsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo hã la, nyematsrɔ̃ miawo ya keŋkeŋ o. Nyemagblẽ mi ɖi tomahemahee ya o, mahe to na mi gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Wò abi la nye abi makumaku, eye nuvevi si wɔ wò la, womate ŋu adae o. Ame aɖeke meli aʋli tawò o, atike aɖeke meli na wò abi la o, eya ta dɔyɔyɔ hã meli na wò o. Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be, wometsɔ ɖeke le eme na wò o. Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene, eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene, elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ, eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ. Nu ka ŋutie nèle avi fam tso wò abi kple vevesese si dɔyɔyɔ meli na o la ŋuti? Le wò agɔdzedze gbogboawo kple wò nu vɔ̃ gbogboawo tae mewɔ nu siawo katã ɖe ŋutiwò ɖo. “ ‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo, eye wò futɔwo katã ayi aboyo me. Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã. Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene. Ke mana nàhaya, eye mana wò abiawo naku, elabena woyɔ wò be saɖagatɔ, Zion si ame aɖeke mebiaa eta sena o.’ ” Yehowae gblɔe. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe ƒe nu nyuiwo te eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo; woagbugbɔ du la atso ɖe gli gbagbãwo teƒe eye woatu fiasã la ɖe eƒe nɔƒe xoxoa. Kafukafuha kple aseyetsogbe aɖi tso wo dome. Mana woadzi ɖe edzi eye wo dzi maɖe akpɔtɔ o. Made bubu wo ŋu eye womaɖi gbɔ̃ o. Wo viwo anɔ abe le blema ƒe ɣeyiɣiwo me ene eye woƒe amehawo ali ke le ŋkunye me. Mahe to na ame siwo katã te wo ɖe to. Woƒe kplɔla anye woawo ŋutɔ dometɔ ɖeka eye woƒe fia ado tso woawo ŋutɔ dome. Matee vɛ kpokploe eye wòate ɖe ŋunye nyuie. Elabena ame kae atsɔ eɖokui ana blibo be wòate ɖe ŋutinye kpokploe? Ale be mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.’ ” Yehowae gblɔe. Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe le dziku helĩhelĩ me, eye yali abla ɖe ta ŋu na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ. Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la matrɔ adzo o, va se ɖe esime wòwɔ nu siwo katã le eƒe dzi dzi la de goe hafi. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu sia gɔme.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa be, “Le ɣe ma ɣi la, manye Israel ƒe ƒomeawo katã ƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ame siwo metsi yi nu o la akpɔ amenuveve le gbedadaƒo, mava ana dzudzɔ Israel.” Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be, “Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ, metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti. O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel, magaɖo wò te eye nànɔ te. Agatsɔ wò axatsɛwo ayi ɖe ɣeɖuƒe kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm. Miagado waintiwo ɖe Samaria ƒe togbɛwo dzi abe tsã ene; agbledelawo ade waingble, eye woaɖu eƒe kutsetse. Ŋkeke li gbɔna, esi gbetakpɔlawo ado ɣli tso Efraim togbɛwo dzi be, ‘Miva ne miayi Zion, ɖe Yehowa miaƒe Mawu la gbɔ.’ ” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Midzi ha kple dzidzɔ na Yakob, mido ɣli ɖe dukɔwo ƒe gbãtɔ la ŋu. Miɖe gbeƒã, midzi kafukafuha, ne miagblɔ be, ‘O Yehowa, ɖe wò amewo, ɖe ame siwo susɔ ɖe Israel.’ Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome; ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ. Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖa ne mekplɔ wo gbɔnae. Makplɔ wo ato mɔ zɔzrɔ̃e si dzi womakli nu le o, ato tɔʋuwo to elabena nyee nye Israel fofo eye Efraim nye viŋutsu ŋgɔgbea nam. “O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, miɖe gbeƒãe le ƒutadu didiwo me. Ame si kaka Israel gbẽe la, agaƒo wo nu ƒu eye wòakpɔ eƒe alẽha dzi abe alẽkplɔla ene! Elabena Yehowa axɔ Yakob aƒle, eye wòaɖe wo tso ame si sẽ wu wo la ƒe asi me. Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi. Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye, bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti. Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la ene eye womagaxa nu azɔ o. Emegbe la, ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ. Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔ eye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe. Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawo eye maɖi ƒo na nye dukɔ hã kple nye nu nyui geɖe.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Wose konyifagbe kple avifafa vevie le Rama, Rahel le avi fam ɖe viawo ta eye wògbe be womegafa akɔ na ye o, elabena viawo megali o.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ɖo asi wò gbe dzi be magafa avi o, kple wò ŋkuwo dzi be womagafa aɖatsi o, elabena fetu li na dɔ si nèwɔ, woatrɔ agbɔ tso futɔwo ƒe anyigba dzi.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Eya ta mɔkpɔkpɔ li na wò etsɔ si gbɔna. Viwòwo atrɔ ayi ɖe woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.” Yehowae gblɔe. “Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be: ‘Èhe to nam abe nyivi si dze aglã la ene eye mexɔ tohehe la. Gaɖom te eye matrɔ agbɔ elabena wòe nye Yehowa nye Mawu. Esi metra mɔ la, evem, metrɔ dzi me eye esi medze si ɖokuinye la, meƒo akɔta. Azɔ la ŋu kpem eye nye mo tsi dãa elabena nye ɖekakpuimeŋukpe gale ŋunye!’ Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃, vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa? Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la, nye ŋkuwo gale eŋuti ko. Eya ta nye dzi le eyome ɖaa eye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,” Yehowae gblɔe. “Mitu dzesidetiwo kple mɔfiatiwo ɖe mɔto. Wò ŋku nenɔ mɔ gã la ŋu, mɔ si dzi nèto to eŋu. O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel, trɔ gbɔ, trɔ gbɔ va wò duwo me. O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla, wò vinyɔnu mawɔnuteƒe? Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi, nyɔnu aʋli ŋutsu ta.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mekplɔ wo tso aboyome gbɔe la, ame siwo le Yudanyigba dzi kple eƒe duwo me la agawɔ nya siawo ŋu dɔ be, ‘Yehowa ayra wò, O, dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe, O, to kɔkɔe.’ Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa. Mana ame siwo gbɔdzɔ la nagbɔ ɖe me eye ame siwo nu ti kɔ na la naɖi ƒo.” Kasia menyɔ tso alɔ̃ me eye metsa ŋku godoo. Alɔ̃ si medɔ la vivi nam ŋutɔ. Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me. Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe. “Le ŋkeke mawo me la, amewo magagblɔ be, ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbo eye aɖu le viwo nyɔm’ o. Ke boŋ ame sia ame aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta eye ame si ɖu waintsetse gbogbo la, eyae aɖu anyɔ.” Yehowa be, “Ɣeyiɣi li gbɔna esi mabla nu yeye kple Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe. Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo ene esi melé woƒe alɔnu be makplɔ wo do goe le Egipte la ene o. Elabena wotu nye nubabla la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,” Yehowae gblɔe. “Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la le ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe. “Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti. Manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ. Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, ame si ɖoe na ɣe be wòaklẽ le ŋkeke me, ame si ɖe gbe na ɣleti kple ɣletiviwo be woaklẽ le zã me, ame si blu atsiaƒu be eƒe tsotsoewo nadze agbo, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. Yehowa be, “Ne ɖoɖo siawo bu le ŋkunye me la, eya ko hafi Israel ƒe dzidzimeviwo maganye dukɔ le gbɔnye o.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne woate ŋu adzidze dziƒo eye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ la, eya ko hafi mate ŋu agbe nu le Israel ƒe dzidzimeviwo katã gbɔ le nu siwo katã wowɔ la ta.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu. Woada nudzidzeka tẽe tso afi ma ayi Gareb togbɛ la gbɔ eye woatso eme ado ɖe Goa. Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Yeremia le Yuda fia Zedekia ƒe ƒe ewolia me eye wòganye Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me. Azɔ Yuda fia Zedekia de gae ɖe afi ma hegblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle nya gblɔm ɖi alea ɖo? Egblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, eye wòaxɔe. Yuda fia Zedekia mado le Babiloniatɔwo ƒe asi me o, ke boŋ woalée ade asi na Babilonia fia, aƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòakpɔe kple eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Akplɔ Zedekia ayi ɖe Babilonia, afi si wòanɔ va se ɖe esime matu nu kplii Yehowae gblɔe. Ne èwɔ aʋa kple Babiloniatɔwo la, màɖu wo dzi o.’ ” Yeremia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya va gblɔe nam be, ‘Tɔwòɖia, Salum, ƒe vi Hanamel ava gbɔwò agblɔ na wò be, “Ƒle nye agble si le Anatɔt elabena, abe ƒonyemetɔ kpamkpam ene la, enye wò gome kple dɔdeasi be nàƒlee?” ’ “Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’ “Menyae be esia nye gbe tso Yehowa gbɔ, eya ta meƒle agble si le Anatɔt la le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel si heda klosaloga gram alafa eve tsɔ nɛ. Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me. Mexɔ anyigbaƒlegbalẽ la, esi nu wotre, eye ɖoɖo si dzi woƒle agblea ɖo la le eme, hekpe ɖe esi nu wometre o la ŋuti. Metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Baruk, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel kple ɖasefo siwo de asi agbalẽ la te kple Yudatɔ siwo katã nɔ anyi ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la ŋkume. “Le woƒe ŋkume mede se siawo na Baruk. ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Tsɔ agbalẽ siawo, anyigbaƒlegbalẽ si nu wotre kple esi le ʋuʋu la siaa de ze me ne woanɔ anyi eteƒe nadidi. Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Woagaƒle aƒewo, agbledenyigbawo kple waingblewo le anyigba sia dzi.” ’ “Esi metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Neria ƒe vi, Baruk vɔ la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be: “O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ si le dzi la wɔ dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na wò akpa o. Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu. Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia. Èkplɔ wò dukɔ, Israel, do goe le Egipte kple dzesiwo, nukunuwo, alɔ sesẽ kple abɔ si le dzi kple ŋɔdzi gã. Ètsɔ anyigba sia, si nèka atam be yeatsɔ ana wo fofowo la na wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo fũu. Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo. “Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene. Togbɔ be woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔwo hã la, O, wò Aƒetɔ Yehowa, ègblɔ nam be, ‘Tsɔ klosaloga nàƒle agbledenyigbae eye nàna ɖasefowo nakpɔ eƒleƒe.’ ” Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa? Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo kple Babilonia fia, Nebukadnezar, be woaxɔe. Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti. “Tso Israelviwo kple Yudatɔwo ƒe ɖekakpuime ke la, womewɔ naneke wu nu vɔ̃ɖi le ŋkunye me o. Le nyateƒe me la, Israelviwo mewɔ naneke wu be woado dziku nam kple nu si woƒe asi wɔ la, o.” Yehowae gblɔe. Tso gbe si gbe ke wotso du sia va se ɖe fifia la, du sia do dziku kple dɔmedzoe nam ale gbegbe be ele nam be maɖee ɖa le nye ŋkuta. Israelviwo kple Yudatɔwo tsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ la do dziku nam, woawo ŋutɔwo ƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo, woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa. Wotrɔ woƒe ʋu me dem, menye woƒe ŋkume o. Togbɔ be mefia nu wo atraɖii hã la, womeɖo to alo trɔ ɖe amehehe ŋuti o. Wotsɔ woƒe legba nyɔŋuawo ɖo aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me eye wodo gui. Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o. Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Le nyateƒe me la, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Matrɔ wo agbɔe va teƒe sia eye mana woanɔ anyi le dedinɔnɔ me. Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu. Mana dzi ɖeka wo eye woƒe afɔɖeɖewo hã anɔ ɖeka ale be woavɔ̃m ɣe sia ɣi hena woawo ŋutɔwo kple wo vi siwo ava xɔ ɖe wo teƒe la ƒe nyui. Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o. Matsɔ dzidzɔ awɔ nyui na wo eye matsɔ nye dzi blibo kple luʋɔ blibo ali ke wo kple kakaɖedzi ɖe anyigba sia dzi. “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Abe ale si mehe dzɔgbevɔ̃e gã sia va ame siawo dzii ene la, nenema kee matsɔ dzidzedzekpɔkpɔ si ŋugbe medo na wo la hã ana wo. Ava eme be, woagaƒle agblewo le anyigba si ŋuti miegblɔ le be, ‘Ezu gbegbe si menyo na naneke o, eye amegbetɔ alo gbemelãwo gɔ̃ hã megale edzi o, elabena wotsɔe de asi na Babiloniatɔwo’ la dzi. Woatsɔ klosaloga aƒle agblewo eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, ade asi ete kple ɖasefowo, eye woatre wo nu le Benyaminyigba dzi, kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem, le Yuda duwo kple togbɛduwo me, le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to kple gbegbenutowo me, elabena matrɔ woƒe nunyoname vɛ na wo.” Yehowae gblɔe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Yeremia gale ga me ko le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la, Yehowa ƒe nya va nɛ zi evelia be, “Ale Yehowa, ame si wɔ anyigba, Yehowa si wɔe hetsɔe ɖo te, eye eŋkɔe nye Yehowa la gblɔe nye esi: ‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’ Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe aƒe siwo le du sia me kple Yuda fiawo ƒe fiasã siwo wogbã ƒu anyi be woalɔ awɔ akpoxɔnu ɖe futɔwo ƒe aʋawɔnuwo kple yi ŋuti, le aʋa si wowɔ kple Babiloniatɔwo la me. ‘Woayɔ fũu kple ŋutsu siwo mewu le nye dziku kple dɔmedzoe me la ƒe kukuawo. Maɣla nye mo ɖe du sia le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta. “ ‘Gake kpɔ ɖa mayɔ dɔ wo eye woahaya. Mayɔ dɔ nye dukɔ eye mana ŋutifafa kple dedinɔnɔ fũu. Makplɔ Yuda kple Israel agbɔe tso aboyo me, eye magaɖo wo te abe ale si wonɔ tsã ene. Maklɔ nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋutinye la ɖa le wo ŋu, eye matsɔ woƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋunye la ake wo. Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’ “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ègblɔ tso teƒe sia ŋuti be, ezu aƒedo si me amewo alo lãwo mele o.’ Gake le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdome siwo ɖi gbɔlo, eye amegbetɔwo alo lãwo gɔ hã megale o la, woagase dzidzɔ kple aseyetsotso, ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ame siwo tsɔ akpedavɔsa va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee, woanɔ gbɔgblɔm be, “Mida akpe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, elabena Yehowa ƒe dɔ me nyo eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbee. Elabena magaɖo anyigba la ƒe nunyonamewo te abe tsã ene.” Yehowae gblɔe. “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Teƒe sia kple eƒe du siwo katã zu aƒedo, eye amewo alo lãwo gɔ̃ hã menɔ wo me o la aganye lãnyiƒe damawo na alẽkplɔlawo be woakplɔ woƒe alẽhawo ayii. Le togbɛnyigba ƒe duwo me kple du siwo le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to, kpe ɖe du siwo le gbegbe le Benyaminyigba dzi, heyi ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple Yuda ƒe duwo la, alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te.’ Yehowae gblɔe. “Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna esi mawɔ ɖe amenuveve ƒe ŋugbe si medo na Israel kple Yuda ƒe aƒewo dzi.’ “Le ŋkeke mawo kple ɣeyiɣi mawo me la, mana Atilɔ dzɔdzɔe aɖe nado tso David ƒe ƒome me, awɔ nu si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le anyigba dzi. Le ŋkeke mawo me la, woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ, ‘Yehowa Míaƒe Dzɔdzɔenyenye?’ Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘David magbe amekpɔkpɔ ne wòanɔ anyi ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe fiazikpui dzi loo, alo nunɔla siwo nye Leviviwo la nagbe ame si anɔ nye ŋkume ɖaa anɔ numevɔsa, nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuwo wɔm nam la kpɔkpɔ o.’ ” Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la, ekema woate ŋu atu nye nu si mebla kple nye dɔla David kple esi mebla kple Leviviwo, ame siwo nye nunɔlawo eye wowɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me. David hã magakpɔ dzidzimevi si aɖu fia le eƒe fiazikpui dzi o. Mawɔ David ƒe dzidzimeviwo woanye nye dɔlawo eye mana Levi vi siwo wɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me la nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ke le ƒuta ene.’ ” Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Mède dzesii be ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Yehowa gbe fiaɖuƒe eve siwo wòtia’ la oa? Ale woɖe alɔme le dukɔ la ŋu eye womegabua wo abe dukɔ ene o. Ale Yehowa gblɔe nye esi: Nenye ɖe nyemebla nu kple ŋkeke kple zã o eye mede se na dziƒo kple anyigba o la, ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esime Babilonia fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔwo kple fiaɖuƒe siwo katã le ete la le aʋa wɔm kple Yerusalem kple du siwo katã ƒo xlãe la, nya sia tso Yehowa gbɔ va na Yeremia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi ɖe Yuda fia Zedekia gbɔ nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, wòatɔ dzoe. Màdo le eƒe asi me o, ke boŋ woalé wò kokoko ade asi nɛ. Àkpɔ Babilonia fia la kple wò ŋutɔ wò ŋkuwo eye aƒo nu kpli wò ŋkume kple ŋkume. Ale woakplɔ wò ayi Babiloniae. “ ‘Ke hã la, se Yehowa ƒe ŋugbedodo, O Yuda fia Zedekia. Ale Yehowa gblɔ tso ŋutiwòe nye esi: Màtsi yi nu o, ke boŋ àku le ŋutifafa me. Abe ale si amewo do kuteƒedzo na fia siwo do ŋgɔ na wò, ame siwo nye fofowòwo, hetsɔ de bubu wo ŋutii ene la, nenema kee woado dzo atsɔ de bubu ŋutiwòe ahado konyifaɣli be, “Alele, O nye Aƒetɔ!” Nye ŋutɔe do ŋugbe sia, Yehowae gblɔe.’ ” Ale Nyagblɔɖila Yeremia yi ɖato nya siawo katã na Yuda fia Zedekia le Yerusalem, esime Babilonia fia le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda du siwo gale te nu, abe Lakis kple Azeka ene. Du siawo koe ganye du siwo ŋu gli sesẽwo nɔ le Yuda. Gbe tso Yehowa gbɔ va na Yeremia esi fia Zedekia wɔ nubabla kple ame siwo katã nɔ Yerusalem, be woaɖe gbeƒã ablɔɖe na kluviwo vɔ megbe. Nya lae nye be ame sia ame nena ablɔɖe eƒe Hebri kluvi siwo nɔ esi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ame aɖeke megawɔ ehavi Hebritɔ aɖeke kluvie o. Eya ta dumegãwo katã kple ame siwo ɖo nubabla sia me la lɔ̃ be woaɖe asi le kluviawo ŋu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be womaganɔ kluvinyenye me o. Esi wolɔ̃ ta la, wona ablɔɖe kluviawo. Gake wotrɔ susu emegbe eye wogana ame siwo ŋu woɖe asi le la gazu kluviwo. Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mebla nu kple mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso kluvinyenye me. Megblɔ be, ‘Le ƒe adrelia me la, mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le nɔvia Hebritɔ si tsɔ eɖokui de awɔba me nɛ la ŋu. Esi wòsubɔ wò ƒe ade vɔ megbe la, ele be nàɖe asi le eŋu wòadzo.’ Gake mia fofowo gbe, womeɖo tom alo de nu eme nam o. Nyitsɔ laa mietrɔ dzi me hewɔ nu si nyo la le nye ŋkume. Mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe gbeƒã ablɔɖe na ehavi. Kura gɔ̃ hã la, miebla nu le ŋkunye me le Aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me. Ke azɔ la miegatrɔ glalã, heƒo ɖi nye ŋkɔ eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gaxɔ ŋutsu kple nyɔnu kluvi siwo miena ablɔɖee be woayi afi si wolɔ̃. Miezi wo dzi be woaganye miaƒe kluviwo. “Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Mieɖo tom o, miena ablɔɖe hã mia haviwo o. Eya ta azɔ la, meɖe gbeƒã ‘ablɔɖe’ na mi, ‘ablɔɖe’ be miatsi yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame ƒe asi me, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã. Ŋutsu siwo tu nye nubabla, eye womewɔ ɖe nu si wobla le ŋkunye me la dzi o la, mawɔ wo abe nyivi si wofe ɖe eve hezɔ to eƒe titina la ene. Yuda kple Yerusalem dumegãwo, nunɔlawo kple ame siwo katã le anyigba dzi, ame siwo zɔ to nyivi fefe la titina la, makplɔ de asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Woƒe ŋutilã kukua azu nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo. “Matsɔ Yuda fia Zedekia kple eƒe dumegãwo ade asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim, na Babilonia fia ƒe aʋakɔ siwo ʋu dzo le mia gbɔ la. Yehowa be yele gbe ɖe ge, eye yeakplɔ wo agbɔe va du sia me. Woawɔ aʋa kplii, axɔe eye woatɔ dzoe wòabi. Mana be Yuda duwo nazu aƒedo, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ wo me o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Yehoyakim, Yosia ƒe vi le fia ɖum le Yuda. “Yi ɖe Rekabi ƒomea gbɔ, eye nàkpe wo ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔŋuxɔewo dometɔ ɖeka me eye nàku wain na wo woano.” Ale meyi be mayɔ Yazania, Yeremia ƒe vi, Habazinia ƒe vi, nɔvia ŋutsuwo kple via ŋutsuwo kple Rekabi ƒomea katã. Mekplɔ wo va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee eye míege ɖe Mawu ƒe ame, Igdalia ƒe vi, Hanan ƒe viŋutsuwo ƒe xɔ me enye xɔ si te ɖe dɔdzikpɔlawo ƒe xɔ ŋu eye wòle agbonudzɔla, Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ tame. Tete metsɔ goe siwo wain yɔ banaa la kple kpluwo ɖo Rekabi ƒomea ƒe ŋutsuwo kɔme hegblɔ na wo be, “Mino wain.” Gake woɖo eŋu nam be, “Míenoa wain o, elabena mía tɔgbuigã, Yonadab, Rekab ƒe vi de se sia na mí be, ‘Miawo ŋutɔwo loo, alo miaƒe dzidzimeviwo mekpɔ mɔ ano wain gbeɖe o. Gawu la, miatu xɔwo, aƒã nuku alo ade waingble gbeɖe o; nu siawo ƒe ɖeke mekpɔ mɔ anɔ mia si o, ke boŋ mianɔ avɔgbadɔwo me ɣe sia ɣi. Ekema mianɔ agbe didi le anyigba la dzi, afi si mienye tsatsalawo le.’ Míewɔ ɖe nu sia nu si ƒe se mía tɔgbuigã, Yehonadab, Rekab ƒe vi la de na mí la dzi. Míawo ŋutɔ loo alo mía srɔ̃nyɔnuwo, alo mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo meɖɔ wain kpɔ, alo tu xɔwo be mianɔ wo me, alo de waingble, agblewo, alo xa nukuwo kpɔ o. Agbadɔxɔwo me koe míenɔna eye míewɔ ɖe se siwo katã mía tɔgbuigã, Yonadab de na mí la dzi. Gake esi Babilonia fia, Nebukadnezar va dze anyigba sia dzi la, míegblɔ be, ‘Miva míayi ɖe Yerusalem, ne míasi le Babilonia kple Aramea ƒe aʋakɔwo nu.’ Ale míetsi Yerusalem.” Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi nàgblɔ na Yuda ŋutsuwo kple Yerusalem nɔlawo be, ‘Miele nu srɔ̃ ge awɔ ɖe nye nyawo dzi oa?’ Yehowae gblɔe. ‘Yehonadab, Rekab ƒe vi de se na via ŋutsuwo be womegano wain o, eye wolé eƒe sea me ɖe asi. Va se ɖe egbeŋkekea dzi womenoa wain o, elabena wolé wo tɔgbui ƒe sea me ɖe asi. Gake nye ya meƒo nu na mi edziedzi, ke miegbe toɖoɖom. Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe mi enuenu, wogblɔ na mi be. “Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ne wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo eye migadze mawu tutɔwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mi kple mia fofowo la dzi.” Gake mietsɔ ɖeke le eme alo ɖo tom o. Rekab ƒe vi, Yehonadab, ƒe dzidzimeviwo wɔ ɖe se si wo tɔgbui de na wo la dzi, ke dukɔ sia ya meɖo tom o.’ “Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miɖo to! Mahe gbegblẽ si meɖe gbeƒãe la ava Yuda kple ame sia ame si le Yerusalem la dzi. Meƒo nu na wo, gake womeɖo tom o meyɔ wo gake wometɔ o.’ ” Ale Yeremia gblɔ na Rekabi ƒomea be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Miewɔ ɖe mia tɔgbui Yehonadab ƒe sedede dzi eye miewɔ ɖe eƒe ɖoɖowo kple nu siwo katã wòɖo anyi na mi la dzi.’ Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Yonadab, Rekab ƒe vi magbe ame si asubɔe la kpɔkpɔ gbeɖe o.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be, “Tsɔ lãgbalẽ nàŋlɔ nu siwo katã megblɔ na wò tso Israel, Yuda kple dukɔ bubuwo ŋuti la ɖe edzi. Ŋlɔe tso gbe si gbe medze nuƒoƒo kpli wò le Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me dzi va se ɖe fifia. Ɖewohĩ ne Yudatɔwo ase gbegblẽ siwo katã meɖo be mahe va wo dzii la, wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple nu vɔ̃ ake wo.” Tete Yeremia yɔ Neria ƒe vi, Baruk eye esi Yeremia le nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ la gblɔm la Baruk ŋlɔ wo katã ɖe lãgbalẽ la dzi. Yeremia gblɔ na Baruk be, “Mele ga me eya ta nyemate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Eya ta wò, yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nutsitsidɔ ŋkeke aɖe dzi eye nàxlẽ Yehowa ƒe nya siwo megblɔ na wò nèŋlɔ la na wo. Xlẽe na Yudatɔ siwo katã tso woƒe du vovovowo me va. Ɖewohĩ woabɔbɔ wo ɖokui kple kokoƒoƒo le Yehowa ŋkume eye woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi elabena dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ si Yehowa gblɔ ɖi tso ame siawo ŋuti la lolo ŋutɔ.” Neria ƒe vi, Baruk wɔ nu siwo katã Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ nɛ be wòawɔ. Le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la, exlẽ Yehowa ƒe nya na wo tso lãgbalẽ la me. Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia ƒe ɣleti asiekɛlia me la, woɖe gbeƒã nutsitsidɔ le Yehowa ŋkume na Yerusalemtɔwo kple ame siwo katã tso Yuda ƒe duwo me va. Tso Safan ƒe vi, Gemaria, agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le xɔxɔnu dzigbetɔ si le gbedoxɔ ƒe Agboyeyea nu me la, Baruk xlẽ Yeremia ƒe nya siwo le lãgbalẽ la dzi la na ame siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Esi Mikaya, Gemaria ƒe vi, Safan ƒe vi la se Yehowa ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe lãgbalẽ la dzi la, eɖiɖi yi ɖe agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le fiasã me la me, afi si dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me le. Woawoe nye: nuŋlɔla, Elisama, Delaya; Semaya ƒe vi, Elnatan, Akbor ƒe vi; Gemaria, Safan ƒe vi; Zedekia, Hananiya ƒe vi kple dumegã bubuwo katã. Esi Mikaya gblɔ nu siwo katã Baruk xlẽ na ameawo tso lãgbalẽ la me la, dumegãwo katã dɔ Yehudi, Netania ƒe vi, Selemia ƒe vi, Kusi ƒe vi ɖo ɖe Baruk be woagblɔ nɛ be, “Tsɔ lãgbalẽ si me nèxlẽ nu le na dukɔ la, ne nàva.” Tete Neria ƒe vi, Baruk, yi wo gbɔ kple lãgbalẽ la. Wogblɔ nɛ be, “Míeɖe kuku nɔ anyi, ne nàxlẽe na mí.” Tete Baruk xlẽe na wo. Esi wose nya siawo katã la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi wo nɔewo ƒe ŋkume kpɔkpɔ me kple vɔvɔ̃ eye wogblɔ na Baruk be, “Ele be nàka nya siawo ta na fia la.” Tete wobia Baruk be, “Gblɔe na mi, aleke nèwɔ ŋlɔ nu siawo? Yeremiae gblɔ wo na wòa?” Baruk ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eyae gblɔ nya siawo katã nam eye metsɔ nuŋlɔtsi ŋlɔe ɖe lãgbalẽ la dzi.” Dumegãwo gblɔ na Baruk be, “Wò kple Yeremia, miyi miaɣla mia ɖokui. Migana ame aɖeke nanya afi si miele o.” Esi wotsɔ lãgbalẽ la da ɖe agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me vɔ la, woyi ɖe fia la gbɔ le xɔxɔnu eye wogblɔ nya ɖe sia ɖe nɛ. Fia la dɔ Yehudi be wòaɖatsɔ lãgbalẽ la vɛ. Yehudi yi ɖatsɔe le agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me eye wòxlẽe na fia la kple eƒe dumegã siwo katã le tsitre ɖe exa. Enye ɣleti asiekɛlia eye fia la nɔ anyi ɖe eƒe vuvɔŋɔlixɔ me eye wodo dzo ɖe ze me da ɖe eƒe akɔme. Ne Yehudi xlẽ lãgbalẽ la fli etɔ̃ alo ene ko la, fia la tsɔa agbalẽŋlɔlawo ƒe hɛ lãnɛ ɖa hetsɔna ƒua gbe ɖe dzo si le ekɔme la me. Ewɔe alea va se ɖe esime wòtsɔ lãgbalẽ la katã de dzo me. Fia la kple eŋutime siwo katã se agbalẽ la me nyawo la meɖe vɔvɔ̃ aɖeke fia alo dze awu le wo ɖokuiwo ŋuti o. Togbɔ be Elnatan, Delaya kple Gemaria ƒoe ɖe fia la nu be megade lãgbalẽ la dzo me o hã la, edo toku wo. Le esia teƒe boŋ la, fia la ɖe gbe be Yerameel, via ŋutsuwo dometɔ ɖeka, Seraya, Azriel ƒe vi kple Selemia, Abdeel ƒe vi, woayi aɖalé Baruk, agbalẽŋlɔla kple Yeremia, nyagblɔɖila la vɛ, ke Yehowa tsɔ wo ɣla. Esi fia la tɔ dzo lãgbalẽ si dzi Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yeremia gblɔ nɛ ɖo la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be: “Tsɔ lãgbalẽ bubu, eye nàŋlɔ nya siwo katã nɔ gbãtɔ dzi la ɖe edzi, nya siwo ke Yuda fia Yehoyakim tɔ dzoe. Gawu la, gblɔ na Yuda fia Yehoyakim be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ètɔ dzo lãgbalẽ ma, hegblɔ be, “Nu ka ta nèŋlɔ ɖe edzi be Babilonia fia ava kokoko agblẽ anyigba sia eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi?” Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda fia Yehoyakim ŋutie nye si: Ame aɖeke masusɔ nɛ, si anɔ David ƒe fiazikpui dzi o, woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe ɖe gota, eye ŋdɔkutsu aɖui le ŋkeke me eye ahũ aƒoe le zã me. Mahe to na eya kple viawo kple eƒe dɔlawo katã le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta. Mahe gbegblẽ ɖe sia ɖe si megblɔ ɖi la va wo, ame siwo le Yerusalem kple Yudatɔwo dzii, elabena womeɖo to o.’ ” Ale Yeremia tsɔ lãgbalẽ bubu na Neria ƒe vi, Baruk, agbalẽŋlɔla la, eye esi Yeremia le nyawo gblɔm la, Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yuda fia, Yehoyakim tɔ dzoe le gbãtɔ dzi la ɖe edzi. Wotsɔ nya siwo le abe gbãtɔ ene la kpe ɖe nyawo ŋuti.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Yosia ƒe vi, Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda, ɖe Yehoyakim ƒe vi, Yehoyatsin teƒe. Ke eya loo, alo eƒe dɔlawo alo ame siwo le anyigba dzi la meɖo to nya siwo Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi o. Ke hã la, Fia Zedekia dɔ Yehukal, Selemia ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya vi ɖo ɖe Nyagblɔɖila Yeremia gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, do gbe ɖa na Yehowa míaƒe Mawu la ɖe mía ta.” Ke azɔ la, ablɔɖe le Yeremia si be wòado ɖe dukɔ la dome agagbɔ, elabena womedee gaxɔ me haɖeke o. Farao ƒe aʋakɔwo ho tso Egipte eye esi Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe Yerusalem se esia la, woho dzo le Yerusalem. Yehowa ƒe nya va na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbem la be, ‘Farao ƒe aʋakɔ siwo ho be woava akpe ɖe ŋutiwò la agbugbɔ ayi ɖe Egipte, woƒe anyigba dzi. Ekema Babiloniatɔwo atrɔ gbɔ, ava dze du sia dzi, axɔe ahatɔ dzoe wòabi azu dzowɔ.’ “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migable mia ɖokuiwo, asusu be, ‘Babiloniatɔwo aɖe asi le yewo ŋuti o.’ Womaɖe asi o! Kura gɔ̃ hã, ne miaɖu Babiloniatɔ siwo ho aʋa ɖe mia ŋu la ƒe aʋakɔwo katã dzi eye abixɔlawo koe asusɔ ɖe woƒe asaɖa me hã la, woado ava xɔ du sia atɔ dzoe.” Esi Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔwo ho dzo le Yerusalem, le Farao ƒe aʋakɔwo ta la, Yeremia do le dua me be yeayi ɖe Benyaminyigba dzi be yeaxɔ yeƒe gome ɖe ame siwo le afi ma la dome. Gake esi wòɖo Benyamin ƒe Agbo nu la, agbonudzɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye; Iriya, Selemia ƒe vi, Hananiya ƒe vi, lée hegblɔ be, “Èsi, be yeayi ɖe Babiloniatɔwo dzi!” Yeremia ɖo eŋu be, “Alakpae, nyemele sisim be mayi ɖe Babiloniatɔwo dzi o.” Ke Iriya gbe meɖo toe o, ke boŋ elé Yeremia eye wòkplɔe yi ɖe dumegãwo gbɔe. Wodo dziku ɖe Yeremia ŋu vevie, wona woƒoe hetsɔe de ga me ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe si wotsɔ wɔ gaxɔe la me. Ale wotsɔ Yeremia de gaxɔ dometɔ si sesẽ hedo viviti la me, afi si wònɔ ɣeyiɣi didi aɖe. Tete Fia Zedekia dɔ ame ɖa be woaɖakplɔe vɛ eye wokplɔe va fiasã la mee, afi si wòbiae le, le bebeme be, “Gbe aɖe va tso Yehowa gbɔa?” Yeremia ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woakplɔ wò ade asi na Babilonia fia.” Tete Yeremia gblɔ na Fia Zedekia be, “Agɔ kae medze le dziwò, wò dumegãwo alo ame siawo dzi, be nètsɔm de gaxɔ me? Afi ka wò nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò be, ‘Babilonia fia mava dze dziwò alo anyigba sia dzi o la le?’ Ke azɔ la, nye aƒetɔ fia, meɖe kuku, ɖo to nàsee. Na matsɔ nye biabia aɖo ŋkuwòme: Mègatrɔm ɖo ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe me o, ne menye nenema o la, maku ɖe afi ma.” Tete fia Zedekia ɖe gbe be, woatsɔ Yeremia ada ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu eye woatsɔ abolo ɖeka nɛ gbe sia gbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, va se ɖe esime abolo vɔ le dua me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Sefatia, Matan ƒe vi, Gedalia, Pasur ƒe vi, Yehukal, Selemia ƒe vi kple Pasur, Malkiya ƒe vi, wose nya si Yeremia gblɔ, esi wònɔ gbɔgblɔm na dukɔ la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame si anɔ du sia me la, atsi yi nu, dɔwuame alo dɔvɔ̃ ƒe asi me, gake ame si tsɔ eɖokui de asi na Babiloniatɔwo la, atsi agbe. Eƒe agbe azu afunyinu nɛ, ale wòanɔ agbe.’ Ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woatsɔ du sia ade asi na Babilonia fia ƒe aʋakɔ kokoko eye woaxɔe.’ ” Tete dumegãwo gblɔ na fia la be, “Ŋutsu sia dze na ku. Ele dzi ɖem le ƒo na aʋakɔ la kple ame siwo susɔ ɖe du sia me to nya siwo gblɔm wòle na wo me. Ŋutsu sia mele woƒe nyui dim o, negbe woƒe gbegblẽ.” Fia Zedekia ɖo eŋu na wo be, “Fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tsitre ɖe mia ŋuti o, eya ta ele miaƒe asi me.” Ale wolé Yeremia tsɔ de Malkiya, fia la ƒe vi ƒe vudo si le fiasã ƒe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me. Wode kae heɖiɖii ɖe vudo si me tsi mele o negbe ba koe le eme la me, eye Yeremia ɖo to ɖe ba la me. Ke Kusitɔ aɖe, Ebed Melek, ame si nye dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka le fiasã me la se be wolé Yeremia de vudo me. Esi fia la nɔ anyi ɖe Benyamingbo la nu la, Ebed Melek tso le fiasã la me yi ɖe egbɔ eye wògblɔ nɛ bena, “Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ ŋutasẽnu ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ŋu, le nu siwo katã wowɔ la me. Wotsɔe de vudo me afi si dɔ awui le wòaku nenye be abolo vɔ le dua me.” Tete fia la ɖe gbe na Kusitɔ, Ebed Melek be, “Kplɔ ŋutsu blaetɔ̃ tso teƒe sia ne miayi aɖaɖe Nyagblɔɖila Yeremia le vudo la me hafi wòava ku.” Ale Ebed Melek kplɔ ŋutsuawo ɖe asi eye woyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒe la te, le fiasã la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu vuvu aɖewo le afi ma, hetsɔ wo sa ɖe ka ŋuti heɖiɖii ɖe Yeremia gbɔ le vudo la me. Kusitɔ, Ebed Melek gblɔ na Yeremia be, “Tsɔ avɔ vuvuawo kple awu vuvuawo de wò axatome be kawo magabebe wò o.” Yeremia wɔe nenema. Eye wohee kple ka do goe le vudo la me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Tete Fia Zedekia dɔ amewo ɖa be woayɔ Nyagblɔɖila Yeremia vɛ eye wòna wokplɔe yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo etɔ̃lia nu. Fia la gblɔ nɛ be, “Mele nya aɖe bia ge wò; mègaɣla naneke ɖem o.” Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ne mena ŋuɖoɖo wò la, màwum oa? Ne meɖo aɖaŋu na wò gɔ̃ hã la, màɖo tom o.” Ke Fia Zedekia ka atam sia na Yeremia le bebeme be, “Meta Yehowa, ame si na agbegbɔgbɔ mí la ƒe agbe be, nyemawu wò loo, alo atsɔ wò ade asi na ame siwo le wò ku dim la o.” Tete Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ne ètsɔ ɖokuiwò de asi na Babilonia fia ƒe amegãwo la, àɖe wò agbe eye womatɔ dzo du sia hã o, ale wò ŋutɔ kple wò ƒometɔwo siaa miatsi agbe. Ke ne ègbe be yematsɔ ɖokuiwò ade asi na Babilonia fia ƒe amegãwo o la, woatsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo woatɔ dzoe keŋkeŋ eye wò ŋutɔ hã màdo le woƒe asi me o.’ ” Fia Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mele vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo si yi ɖe Babiloniatɔwo gbɔ, elabena Babiloniatɔwo ate ŋu atsɔm ade asi na wo eye woawɔ fum.” Yeremia ɖo eŋu nɛ be, “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na wò, ekema eme anyo na wò eye àɖe wò agbe. Ke ne ègbe, mèna ta o la, nu si Yehowa ɖe fiam lae nye esi: ‘Woakplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda fia ƒe fiasã me la vɛ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo. Nyɔnuawo agblɔ na wò be: “ ‘Xɔ̃wò siwo dzi nèka ɖo la kplɔ wò trae, eye woɖu dziwò. Wò afɔ ɖo ba, eye xɔ̃wòwo kaka le ŋuwò.’ “Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Babiloniatɔwo, wò ŋutɔ màsi le wo ƒe asi me o, ke boŋ Babilonia fia alé wò eye wòatɔ dzo du sia keŋkeŋ.” Tete Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mègana ame aɖeke nanya nu le dzeɖoɖo si yi edzi le mía dome la ŋuti o, ne menye nenema o la, àku. Ne adzɔ be dumegãwo ase be meƒo nu kpli wò, eye woava gbɔwò agblɔ be: ‘Gblɔ nu si nègblɔ na fia la kple ale si fia la ɖo eŋui na wò la na mí, mègaɣla ɖeke ɖe mí o, ne menye nenema o la, àku’ la, ekema gblɔ na wo be, ‘Ɖeko mele kuku ɖem na fia la be megatrɔm ɖo ɖe Yonatan ƒe aƒe me, ne maku ɖe afi ma o.’ ” Kasia, dumegãwo katã va ƒo kɔ ɖe Yeremia ŋu hebia gbee tso gododo la ŋu eye wògblɔ nu si fia la de se nɛ be wòagblɔ la na wo. Ale womegabia nya aɖekee o, elabena ame aɖeke mese dzeɖoɖo si yi dzi le wo kple fia la dome o. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu va se ɖe esime woxɔ Yerusalem du la. Yerusalem du la xɔxɔ yi ale:
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia me la, Babilonia fia Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔwo katã ɖe Yerusalem ŋuti, eye wòva ɖe to ɖe du la. Le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, wogbã du la ƒe gli ƒu anyi. Tete Babilonia fia ƒe amegãwo katã va xɔ zi ɖe Domegbo la ƒe mɔnu. Amegãwoe nye: Nergal Sarezer si tso Samgar, Nebo Sarsekim, dɔnunɔlagã ɖeka, Nergal Sarezer, ame deŋgɔ ɖeka, hekpe ɖe Babilonia fia ƒe amegã bubuwo ŋuti. Ke esi Yuda fia, Zedekia kple eŋusrafowo kpɔ wo la, wosi dzo, wodo le dua me le zãtitina, to fia la ƒe agble me, heto agbo si le gli eveawo dome eye woɖo ta Araba. Ke Babilonia ƒe aʋakɔ la ti wo yome eye wova tu Zedekia le Yeriko gbegbe. Wolée hekplɔe vɛ na Babilonia fia Nebukadnezar, le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wobu fɔe le. Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viŋutsuwo kple Yuda ƒe ame ŋkutawo katã le eƒe ŋkume. Emegbe wògbã ŋku na Zedekia eye wòtsɔ akɔblikɔsɔkɔsɔ dee be wòakplɔe ayi Babilonia. Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi. Aʋafia Nebuzaradan kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na wo kple ame mamlɛawo katã yi aboyo mee le Babilonia. Ke aʋafia Nebuzaradan gblẽ ame dahe aɖewo ɖe Yudanyigba dzi, ame siwo si naneke mele o eye ɣe ma ɣi etsɔ waingblewo kple agblenyigbawo na wo. Ke azɔ la Babilonia fia, Nebukadnezar, de se sia le Yeremia ŋuti to aʋafia Nebuzaradan dzi be, “Kplɔe eye nàkpɔ edzi, mègawɔ vɔ̃ aɖekee o, ke boŋ wɔ nu sia nu si wòabia la nɛ.” Ale aʋafia, Nebuzaradan, dɔnunɔla, Nebusazban, bubume Nergal Sarezer kple Babilonia fia ƒe amegã bubuwo dɔ amewo ɖe Yeremia gbɔ, eye woɖee le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. Wokplɔe de asi na Ahikam ƒe vi, Gedalia kple Safan ƒe vi be wòakplɔe ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe mee. Ale wòyi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒe amewo dome. Ke esi Yeremia gale dzɔlawo ƒe xɔxɔm ko la, Yehowa ƒe gbe va nɛ be: “Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me. Gake maɖe wò gbe ma gbe eye womatsɔ wò ade asi na ame siwo vɔ̃m nèle la o. Yehowae gblɔe. Maɖe wò agbe elabena ètsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe dzinye. Yehowae gblɔe.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe gbe va na Yeremia esi aʋafia Nebuzaradan ɖe asi le eŋu le Rama. Eva ke ɖe Yeremia ŋu wode gae kpe ɖe aboyome siwo wokplɔ tso Yerusalem kple Yuda yina ɖe aboyo mee le Babilonia la ŋu. Esi aʋafia la ke ɖe Yeremia ŋu la, egblɔ nɛ be, “Yehowa, wò Mawu lae gblɔ dzɔgbevɔ̃e sia ɖe teƒe sia ŋu. Ke azɔ la, Yehowa na wòva eme tututu abe ale si wògblɔe la ene. Esia katã va eme elabena mi ame siawo miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe o. Ke egbe la, meɖe ga le alɔnu na wò, ne elɔ̃ la, kplɔm ɖo míayi Babilonia, makpɔ dziwò nyuie, gake ne melɔ̃ o la, ate ŋu anɔ anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, yi afi sia afi si nèlɔ̃ la faa.” Gake hafi Yeremia natrɔ be yeadzo la, Nebuzaradan gblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, “Trɔ yi ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi ame si Babilonia fia tsɔ ɖo Yuda duwo nu la gbɔ eye nànɔ egbɔ le ameawo dome alo nàyi afi sia afi si nèlɔ.” Emegbe aʋafia la tsɔ nu hiahiã aɖewo kple nunana aɖe nɛ eye wòɖe asi le eŋu. Ale Yeremia yi ɖe Ahikam ƒe vi, Gedalia gbɔ le Mizpa eye wònɔ egbɔ le ame siwo susɔ ɖe anyigba la dzi la dome. Esi asrafowo ƒe amegã siwo le aʋagbedzi se be Babilonia fia tsɔ Ahikam ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi, hetsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, ame siwo nye ame dahewo eye womekplɔ wo yi aboyo mee le Babilonia o la de eƒe dzikpɔkpɔ te la, wova Gedalia gbɔ le Mizpa. Ameawoe nye Ismael, Netania ƒe vi; Yohanan kple Yonatan, Karea ƒe viŋutsuwo; Seraya, Tanhumet ƒe vi; Efai Netofatitɔ viŋutsuwo kple Yazania, Makatitɔ ƒe vi kple wo ŋutimewo. Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, ka atam na wo kple wo ŋutimewo be wòaɖo kpe nu si wòagblɔ la dzi: Egblɔ na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo subɔsubɔ o, mitsi anyigba la dzi eye miasubɔ Babilonia fia, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie. Nye ŋutɔ manɔ Mizpa, be manɔ mia teƒe le Babiloniatɔ siwo va mia gbɔ la ŋkume. Ke miawo la, mixa wain tsetsewo, dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo eye miɖa ami, miazi wo ɖe amigowo me eye minɔ du siwo míexɔ la me.” Esi Yudatɔ siwo katã le Moab, Amon, Edom kple du bubuwo me se bena Babilonia fia gblẽ ame aɖewo ɖe Yuda eye wòtsɔ Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia ɖo mɔmefiae ɖe wo nu la, wo katã wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi, tso du siwo me wokaka ɖo la heva ƒo ta kpli ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa. Woyi ɖaxa waintsetse gbogbo aɖewo kple dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo. Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo gale gbea dzi la va Gedalia gbɔ le Mizpa eye wogblɔ nɛ be, “Mènya be Amonitɔwo ƒe fia Balis dɔ Netania ƒe vi, Ismael be wòava ɖe wò agbe ɖa oa?” Ke Ahikam ƒe vi, Gedalia mexɔ woƒe nya la dzi se o. Tete Karea ƒe vi, Yohanan ɖe kpɔ Gedalia le Mizpa hegblɔ nɛ be, “Na mayi aɖawu Netania ƒe vi, Ismael eye ame aɖeke manya o. Nu ka ta wòaɖe wò agbe ɖa, ahawɔe be Yudatɔ siwo katã ƒo ta kpli ɖe ŋuwò la nakaka eye Yuda ƒe ame mamlɛawo natsrɔ̃?” Ke Gedalia, Ahikam ƒe vi, ɖo eŋu na Yohanan, Karea ƒe vi la be, “Mègawɔ nenema o! Nya si gblɔm nèle la nye alakpa nèle dadam ɖe Ismael si.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ɣleti adrelia me la, Ismael, Netania ƒe vi, Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒome me, eye wònye fia ƒe dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka la va Gedalia, Ahikam ƒe vi gbɔ le Mizpa kple ŋutsu ewo. Esi wole nu ɖum le kplɔ̃ ŋuti ɖekae la, Netania ƒe vi, Ismael kple ŋutsu ewo siwo le eŋuti la tsi tsitre, eye wotsɔ yi ƒo ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi eye wowu ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi. Ismael wu Yudatɔ siwo ƒo ƒu ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa la hã, hekpe ɖe Babiloniasrafo siwo le afi ma la ŋuti. Gbe si gbe wowu Gedalia ƒe fɔŋli, hafi ame aɖe nase nu si dzɔ la, ŋutsu blaenyi siwo lũ ge, dze awu le wo ɖokuiwo ŋu eye wode abi wo ɖokuiwo ŋu la, tso Sekem, Silo kple Samaria va eye wotsɔ nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖe asi va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee. Ismael, Netania ƒe vi, tso le Mizpa kple avi hehehe yina wo kpe ge. Esi wòdo go wo la, egblɔ na wo be, “Miva Gedalia, Ahikam vi la gbɔ.” Esi woge ɖe dua me la, Ismael, Netania ƒe vi kple ŋutsu siwo kpe ɖe eŋu la lé wo, tso ta le wo nu eye wotsɔ woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe vudo me. Ke wo dometɔ ewo gblɔ na Ismael be, “Mègawu mí o! Bli, lu, ami kple anyitsi le mía si míeɣla ɖe gbe me.” Ale mewu woawo kpe ɖe ame mamlɛawo ŋu o. Ke vudo si me wòtsɔ ame siwo wòwu kpe ɖe Gedalia ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo lae nye esi Fia Asa ɖe be yeatsɔ axe mɔ na Israel fia Baasa. Ke Netania ƒe vi, Ismael yɔe fũu kple ŋutilã kukuwo. Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame mamlɛ siwo le Mizpa, fiavinyɔnuwo hekpe ɖe ame siwo katã susɔ ɖe afi ma ŋu, ame siwo nu aʋafia Nebuzaradan tsɔ Ahikam ƒe vi ɖo mɔmefiae la dzoe abe aʋaléleawo ene. Ismael, Netania ƒe vi la, kplɔ wo aboyomewoe eye wòɖo ta Amonitɔwo gbɔ kpli wo. Ke esi Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo le egbɔ la se hlɔ̃donu siwo katã Netania ƒe vi, Ismael wɔ la, wokplɔ woƒe aʋakɔ la katã be woayi aɖawɔ aʋa kple Netania ƒe vi Ismael. Wova tui le tɔ gã si le Gibeon la to. Esi ameha siwo katã le Ismael ŋu kpɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo kplɔe ɖo la, dzi dzɔ wo ale gbegbe. Ame siwo katã Ismael ɖe aboyoe le Mizpa la trɔ le eyome eye woyi ɖe Yohanan, Karea ƒe vi la gbɔ. Gake Netania ƒe vi, Ismael kple eŋutime enyi dze agbagba si le Yohanan nu yi ɖe Amonitɔwo gbɔ. Azɔ la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegã siwo katã le eŋu la kplɔ dukɔ la ƒe ame siwo susɔ ɖe Mizpa, ame siwo woxɔ le Ismael, Netania ƒe vi la si, esi wòwu Ahikam vi, Gedalia la dzoe. Ameawoe nye: asrafowo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiasãmedɔwɔla siwo wòkplɔ tso Gibeon. Wodze mɔ le yiyim eye wova tɔ ɖe Gerut Kimham si te ɖe Betlehem ŋu, esi wole mɔ dzi yina ɖe Egipte ne woasi le Babiloniatɔwo nu. Wole vɔvɔ̃m na wo elabena Netania ƒe vi, Ismael wu Ahikam ƒe vi, Gedalia, ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Emegbe, asrafomegãwo katã kpe ɖe Yohanan, Karea ƒe vi, Yezania, Hosaya ƒe vi kple ameha la katã ŋu tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi va gblɔ na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Míeɖe kuku na wò, se míaƒe kokoƒoƒo eye nàdo gbe ɖa na Yehowa, wò Mawu la ɖe ameha mamlɛawo ta elabena abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene la, togbɔ be miesɔ gbɔ tsã hã la, azɔ la, ame ʋɛ aɖewo koe susɔ. Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la be wòafia afi si míayi kple nu si míawɔ la mí.” Nyagblɔɖila Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Mese nya si miegblɔ; kpɔ ɖa, maɖe kuku na Yehowa, míaƒe Mawu la abe ale si miebia ene, magblɔ nya sia nya si wògblɔ nam la na mi eye nyemaɣla ɖeke ɖe mi o.” Wogblɔ na Yeremia be, “Ɖekoe Yehowa nanye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla ɖe mía ŋu ne míewɔ ɖe nu sia nu si Yehowa, wò Mawu la dɔ wò be nàgblɔ na mí la dzi o. Eɖanye nya nyui alo nya vɔ̃ o, míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo, be eme nanyo na mí, elabena míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la.” Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia. Ale wòyɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã tso ɖeviwo dzi yi ɖe tsitsiawo dzi. Egblɔ na wo be, “Ale Yehowa Israel ƒe Mawu la, ame si gbɔ miedom ɖo be matsɔ miaƒe kokoƒoƒo nɛ la gblɔe nye esi: ‘Ne mienɔ anyigba sia dzi la, matu mi eye nyemagbã mi o, mado mi eye nyemaho mi o, elabena gbegblẽ si mehe va mia dzii la vem ŋutɔ. Migavɔ̃ na Babilonia fia si vɔ̃m miele fifia o. Yehowa be migavɔ̃ nɛ o, elabena meli kpli mi be maxɔ na mi eye maɖe mi tso eƒe asi me. Makpɔ nublanui na mi, be eya hã nakpɔ nublanui na mi eye wòaɖo mi te le miaƒe anyigba dzi.’ “Ke ne miegblɔ be, ‘míanɔ anyigba sia dzi o,’ miegbe toɖoɖo Yehowa, miaƒe Mawu la eye ne miegblɔ be, ‘Gbeɖe, míayi aɖanɔ Egipte, afi si míakpɔ aʋa teƒe le, ase kpẽ ƒe ɖiɖi loo, alo abolo mahiã mí le o la,’ ekema mise Yehowa ƒe nya, ‘O mi ame siwo susɔ ɖe Yuda, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mieɖoe kplikpaa be yewoayi Egipte, eye mieyi ɖanɔ afi ma la, ekema yi si miele vɔvɔ̃m na la ava tu mi le afi ma eye dɔwuame si le ŋɔ dzim na mi la hã akplɔ mi ɖo ayi Egipte, afi mae miaku ɖo. Le nyateƒe me, ame siwo katã ɖoe kplikpaa be yewoaɖanɔ Egipte la aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, wo dometɔ aɖeke matsi agbe alo asi le gbegblẽ si mahe va wo dzii la nu o.” ’ Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Abe ale si wotrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖe ame siwo nɔ Yerusalem dzii ene la, nenema kee woatrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la akɔ ɖe mia dzii ne mieyi ɖe Egipte. Miazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, atamkanu kple alɔmeɖenu eye miagakpɔ teƒe sia akpɔ gbeɖe o.’ “O Yuda ƒe ame mamlɛawo, Yehowa gblɔ na mi be, ‘Migayi Egipte o.’ Nenɔ nyanya me na mi, be egbe mexlɔ̃ nu mi, be miewɔ vodada gã aɖe, esi miedɔm ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la na mí; gblɔ nu sia nu si wòagblɔ na wò la na mí eye míawɔ ɖe edzi.’ Megblɔe na mi egbe gake miewɔ ɖe nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be magblɔ na mi la dzi haɖe o. Eya ta azɔ maka ɖe edzi na mi be miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, le teƒe si mieɖo be yewoayi aɖanɔ.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Yeremia wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nyawo gbɔgblɔ na dukɔ la nu eye esi wòwu nya siwo katã Yehowa ɖo ɖee be wòagblɔ na wo nu vɔ la, Hosaya ƒe vi, Azaria, Karea ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu tosesẽtɔwo katã gblɔ na Yeremia be, “Aʋatso kam nèle! Yehowa, míaƒe Mawu la medɔ wò be nàgblɔ be, ‘Migayi Egipte, ne mianɔ afi ma o.’ Ke boŋ Neria ƒe vi, Baruk, eyae le adã dem ta me na wò ɖe mía ŋu be, nàtsɔ mí ade asi na Babiloniatɔwo be woawu mí loo, alo aɖe aboyo mí ayi ɖe Babiloniae.” Ale Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo katã le eŋu kple ameha la katã gbe be yewomawɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde na wo be woanɔ Yudanyigba dzi la dzi o. Le esia teƒe la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegãwo katã kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yuda, ame siwo trɔ gbɔ be woava nɔ Yudanyigba dzi tso dukɔ siwo katã me wokaka ɖo la dzoe. Wokplɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiavinyɔnu siwo aʋafia, Nebuzaradan gblẽ ɖe Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia gbɔ hekpe ɖe Nyagblɔɖila Yeremia, Neria ƒe vi, Baruk gbɔ la hã dzoe. Ale woyi ɖe Egipte, hetsi tsitre ɖe Yehowa ŋu eye woɖo keke Tapanhes ke gɔ hã. Yehowa ƒe nya va na Yeremia le Tapanhes be, “Tsɔ kpe gã aɖewo ɖe asi ne Yudatɔwo ƒe ŋku le dziwò eye nàɖi wo ɖe Farao ƒe Fiasã ƒe mɔnu, ɖe anyikpe siwo woɖo ɖe mɔa nu la te Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mele ame dɔ ge aɖo ɖe nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia eye matsɔ eƒe fiazikpui aɖo kpe siwo meɖi ɖe teƒe sia la dzi eye wòakeke eƒe dzoya ɖe wo dzi. Ava dze Egipte dzi eye wòahe ku vɛ na ame siwo woɖo ɖi na ku, aboyomeyiyi na ame siwo woɖo ɖi na aboyomenɔnɔ eye yi na ame siwo woɖo ɖi na yi. Atɔ dzo Egipte mawuwo ƒe gbedoxɔwo, atɔ dzo woƒe gbedoxɔwo eye wòaɖe aboyo woƒe mawuawo. Abe ale si alẽkplɔla tsɔa avɔ xatsana ɖe eɖokui ŋu ene la, nenema wòatsɔ Egipte abla ɖe eɖokui ŋu eye wòadzo kɔ̃ɔ le dedinɔnɔ me. Amu legba siwo le Ɣemawu ƒe gbedoxɔ me le Egipte la aƒu anyi eye wòatɔ dzo Egipte mawuwo ƒe trɔ̃xɔwo katã.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nya sia va na Yeremia tso Yudatɔ siwo katã le Egipte ƒe anyigbe, le Migdol, Tapanhes, Memfis kple Egipte ƒe dzigbe be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miekpɔ gbegblẽ gã si mehe va Yerusalem kple Yuda duwo katã dzi. Egbe la, wozu aƒedo siwo me ame aɖeke mele o, ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ la ta. Wodo dziku nam vevie elabena wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na gbetsiwo eye wode ta agu na mawu tutɔ siwo woawo ŋutɔwo loo, alo miawo alo wo fofowo menya kpɔ o. Zi geɖe meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe wo, ame siwo gblɔ na wo be, ‘Migawɔ ŋunyɔnu si metsri vevie la o!’ Ke womeɖo to alo tsɔ ɖeke le eme o; Womeɖe asi le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ ŋu alo dzudzɔ dzudzɔʋeʋĩdodo na mawu tutɔwo o, eya ta metrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖi eye wòbi le Yuda ƒe duwo kple Yerusalem kpɔdomewo, hewɔ wo wozu aƒedo abe ale si miele ekpɔm egbea ene. “Azɔ la, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Nu ka ta miehe gbegblẽ gã sia va mia ɖokuiwo dzi, be mieɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo ɖa le Yuda eye miegble ɖeke ɖi na mia ɖokuiwo o? Nu ka wɔ mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam, eye miedo dzudzɔʋeʋĩ na Egipte mawu tutɔwo, afi si mieva be mianɔ? Miele mia ɖokuiwo dome gblẽ ge, ahawɔe be miazu ɖiŋudonu kple ŋunyɔnu le anyigbadzidukɔwo katã dome. Ɖe mieŋlɔ nu vɔ̃ɖi si mia fofowo, Yuda fiawo kple fiasrɔ̃wo wɔ kple nu vɔ̃ɖi siwo miawo kple mia srɔ̃wo miewɔ le Yudanyigba dzi kple Yerusalem kpɔdomewo bea? Va se ɖe egbe sia womebɔbɔ wo ɖokuiwo, de bubu ŋunye loo, alo wɔ nye sewo kple ɖoɖo siwo metsɔ ɖo mi kple mia fofowo ŋkume la dzi o. “Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Meɖoe kplikpaa be, mahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi, eye matsrɔ̃ Yuda katã. Makplɔ Yuda ƒe ame mamlɛ siwo ɖoe be yewoayi aɖanɔ Egipte godoo la adzoe. Wo katã woatsrɔ̃ ɖe Egipte; woatsi yi nu loo, alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi la, woatsi yi nu alo aku ɖe dɔwuame ƒe asi me. Woazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, fiƒodenu kple fewuɖunu. Matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe toe na ame siwo le Egipte abe ale si mehe toe na Yerusalem nɔlawo ene. Yuda ƒe ame mamlɛ siwo si yi ɖe Egipte la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe be wòatrɔ ayi ɖe Yudanyigba dzi, afi si ŋu woƒe dzi ku ɖo vevie be woaɖanɔ o; ame aɖeke matrɔ agbɔ o, negbe aʋasila aɖewo ko.” Tete ŋutsu siwo katã nya be yewo srɔ̃wo le dzudzɔ ʋeʋĩ dom na mawu tutɔwo, kpe ɖe nyɔnuawo katã ŋuti, wonye ameha gã aɖe ŋutɔ eye ame siwo katã le Egipte ƒe anyigbe kple dzigbe kpe ɖe wo ŋuti wova gblɔ na Yeremia bena, “Míaɖo to nya si nègblɔ na mí le Yehowa ŋkɔ me la o! Ke boŋ míawɔ nu sia nu si míegblɔ be míawɔ, míado dzudzɔʋeʋĩ na Dziƒofianyɔnu, eye míaƒo aha ɖi nɛ abe ale si ko mía fofowo, míaƒe fiawo kple dumegãwo wɔe le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ene. Le ɣe ma ɣi la, nuɖuɖu geɖe nɔ mía si, agbe hã dze dzi na mí nyuie eye míekpe hiã aɖeke o. Gake tso esime míedzudzɔ dzudzɔdodo na Dziƒofianyɔnu la kple ahaƒoƒo ɖe anyi nɛ la, naneke megadzea edzi na mí o, eye míele tsɔtsrɔ̃m ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me boŋ.” Nyɔnuawo gblɔ kpe ɖe ŋu be, “Esi míedoa dzudzɔ na Dziƒofianyɔnu la eye míeƒoa aha ɖi nɛ la, mía srɔ̃ŋutsuwo menya hã be míemea akpɔnɔ vivi si míewɔ ɖe eƒe nɔnɔme me la heƒoa aha ɖi nɛ oa?” Tete Yeremia gblɔ na ameawo katã, ŋutsu kple nyɔnu siwo le nya ŋu ɖom nɛ la be, “Ɖe Yehowa meɖo ŋku edzi eye wòbu dzudzɔ ʋeʋĩ si miawo ŋutɔ, mia fofowo, miaƒe fiawo, miaƒe dumegãwo kple anyigbadzitɔwo dona le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ŋuti oa? Esi Yehowa magate ŋu atsɔ miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu siwo miewɔ o ta la, miaƒe anyigba zu ɖiŋudonu, aƒedo kple gbegbe eye amewo meganɔ dzi o, abe ale si wòle egbea ene. Esi miedo dzudzɔ ʋeʋĩ, hewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu eye mieɖo toe alo wɔ eƒe sewo, ɖoɖowo kple dɔdeasiwo dzi o tae dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe ale si miele ekpɔm egbea ene.” Emegbe Yeremia gblɔ na ameha la katã kple nyɔnuwo siaa be, “Mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi, mise Yehowa ƒe nya. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miawo ŋutɔ kple mia srɔ̃nyɔnuwo, to miaƒe nuwɔnawo me, ɖe ŋugbe si miedo la fia, esi miegblɔ be, míawɔ adzɔgbe si míeɖe be míado dzudzɔ ʋeʋĩ, aƒo aha ɖi na Dziƒofianyɔnu la dzi godoo.’ “Eya ta, miyi edzi, miwɔ ɖe miaƒe ŋugbedodowo dzi! Milé miaƒe adzɔgbeɖeɖewo me ɖe asi! Gake mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã le Egiptenyigba dzi: ‘Yehowa be, meta nye ŋkɔ gã la be, Yudatɔ siwo kaka ɖe Egiptenyigba dzi ƒe ɖeke magayɔ nye ŋkɔ alo aka atam be, “Meta Aƒetɔ Yehowa ƒe agbe” o, elabena nye ŋku le wo ŋuti hena vɔ̃, menye nyui o. Yudatɔ siwo le Egipte la atsrɔ̃ ɖe yi kple dɔwuame ƒe asi me va se ɖe esime wo katã woavɔ. Ame siwo asi le yi nu le Egipte atrɔ ayi Yudanyigba dzi la anɔ ʋɛe ko, ekema Yuda ƒe ame mamlɛawo katã, ame siwo va Egipte nɔ ge la, anya ame si ƒe nya le eteƒe, tɔnye loo, alo wo tɔ.’ “Yehowa be, ‘Esia anye dzesi na mi be mele to he ge na mi le teƒe sia, ale be mianya be nye atam si meka be mawɔ vɔ̃ mi la anɔ edzi godoo.’ Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matsɔ Farao Hofra, Egipte fia ade asi na eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim, abe ale si metsɔ Yuda fia Zedekia de asi na Babilonia fia Nebukadnezar si nye eƒe futɔ si le eƒe agbe yome tim la ene.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esia nye nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Neria ƒe vi, Baruk esi Baruk ŋlɔ nya siwo wògblɔ nɛ ɖe lãgbalẽ dzi vɔ megbe. Esia va me le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na wò, Baruk nye esi: Ègblɔ be, ‘Baba nam! Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu. Ŋeŋe manyagblɔ na nu ti kɔ nam belebele eye nyemekpɔ dziɖeɖi aɖeke o.’ ” Yehowa be, “Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Magbã nu si nye ŋutɔ metu eye maho nu si nye ŋutɔ medo, le anyigba katã dzi. Ɖe wògahiã be nàdi nu gãwo na ɖokuiwòa? Mègadi wo o, elabena Yehowa be mahe gbegblẽ va amewo katã dzi, ke afi sia afi si nàyi la mana nàɖe wò agbe.’ ”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso dukɔwo ŋuti. Tso Egipte ŋu: Esia nye gbedeasi na Egipte fia Farao Neko ƒe aʋakɔwo, ame siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar ɖu le Frat tɔsisi la nu le Karkemis le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me: “Midzra miaƒe akpoxɔnu gãtɔwo kple suetɔwo ɖo eye miado ayi ɖe aʋa! Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu eye miade sɔwo dzi! Miɖɔ gakukuwo, mido mia tɔ ɖe mia nɔƒewo! Minyre miaƒe akplɔwo eye miado miaƒe gawuwo! Nu ka kpɔm mele? Dzidzi ƒo wo, wogbugbɔ ɖe megbe, woɖu woƒe kalẽtɔwo dzi. Wosi kple du kple du megbemakpɔmakpɔtɔe eye ŋɔdzi ƒo xlã wo godoo.” Yehowae gblɔe. “Afɔ ɖeablɛtɔ mate ŋu asi alo ŋusẽtɔ naɖe eɖokui o. Le anyiehe, le Frat tɔsisi la to, afi mae wokli nu hedze anyi ɖo. “Ame kae nye esi gbɔna le eɖokui kɔm ɖe dzi abe Nil kple tɔsisi siwo me tsi le sisim sesĩe ene? Egipte le kɔkɔm ɖe dzi abe Nil kple tɔsisi siwo me tsi le sisim kplakplakpla ene, egblɔ be, ‘Maɖo axɔ ɖe anyigba blibo la dzi; matsrɔ̃ amewo kple woƒe duwo.’ O, sɔwo, milũ ɖe wo dzi! O, tasiaɖamkulawo, miku wo kple ŋkubiã! O, kalẽtɔwo, mizɔ yi ŋgɔ tẽe, eye mi Kus kple Put ŋutsu siwo tsɔa akpoxɔnuwo kple Lidia ŋutsu siwo daa aŋutrɔ nyuie! Gake gbe ma gbe nye Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la tɔ, hlɔ̃biaŋkeke wòanye, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu va se ɖe esime wòaɖi ƒo eye ano ʋu va se ɖe esi me wòaɖi kɔ elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, asa vɔ le anyiehenyigba dzi, le Frat tɔsisi la to. “O, ɖetugbi dzadzɛ, Egipte vinyɔnu, yi ɖe Gilead nàƒle dɔyɔmi. Dzodzroe nèli kɔ atikewo gleglegle, elabena màhaya akpɔ o. Dukɔwo ase wò ŋukpeŋkɔ eye wò ɣlidodo axɔ anyigba la dzi. Kalẽtɔ akli nɔvia kalẽtɔ eye wo kple eve la siaa woadze anyi.” Esia nye Yehowa ƒe nya si wòtsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia tso ale si Babilonia fia Nebukadnezar ava dze Egipte dzi la ŋuti. “Miɖe gbeƒã le Egipte, mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfis kple Tapanhes hã. ‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewo elabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’ Nu ka ŋuti woana wò kalẽtɔwo naɖo baba ɖe anyigba? Womate ŋu anɔ te o, elabena Yehowa atutu wo aƒu anyi. Woakli nu enuenu eye woadze anyi ɖe wo nɔewo dzi. Woagblɔ be, ‘Mitso, mina míatrɔ ayi míaƒe amewo gbɔ, le mía denyigba dzi eye míasi le ameteɖeanyila ƒe yi nu.’ Afi ma woado ɣli le be, ‘Egipte fia Farao nye ɣli ƒuƒlu dola; eƒe mɔnukpɔkpɔ to eta va yi.’ ” Ale fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Meta nye agbe be ame aɖe ava abe Tabɔr le towo dome kple Karmel le atsiaƒu to ene. Miƒo ƒu miaƒe nuwo na aboyomeyiyi, mi ame siwo le Egipte, elabena Memfis azu aƒedo eye woagbãe gudugudu be ame manɔ eme o. “Egipte le abe nyinɔ sue dzeani ene gake togbato tso anyiehe gbɔna ɖe edzi dze ge. Asrafo siwo wotsɔ aʋae la le abe nyivi damiwo ene. Woawo hã atrɔ megbe asi adzo, womate ŋu anɔ te o, elabena woƒe gbegblẽ gbɔna eye woƒe tohegbe va ɖo. Ne futɔwo ƒe aʋakɔ ho gbɔna la, Egipte axlɔ̃ abe da si le sisim ene, woatso ɖe eŋu kple fia abe ŋutsu siwo lãa ati ene. Togbɔ be eƒe avewo do ale gbegbe hã la, woalã wo akɔ ɖi. Ameawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwo eye womate ŋu axlẽ wo o. Yehowae gblɔe. Woado ŋukpe Egipte vinyɔnu eye woatsɔe ade asi na ame siwo le anyiehe.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be, “Mahe gbegblẽ va Tebestɔwo ƒe mawu Amon, Farao, Egipte, eƒe fiawo kple eƒe mawuwo kple ame siwo katã ziɔ ɖe Farao ŋuti la dzi. Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia Nebukadnezar kple eŋutime siwo le woƒe agbe yome tim. Gake emegbe la, amewo aganɔ Egiptenyigba dzi abe tsã ƒe ɣeyiɣiwo me ene.” Yehowae gblɔe. “O Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o; O Israel, wò mo megatsi dãa o. Maɖe wò godoo tso didiƒenyigba aɖe dzi kple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dzi woɖe aboyo wo ɖo ɖo la. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke mado ŋɔdzi nɛ o. Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob, elabena meli kpli wò. Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la, nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o. Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi; Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso Filistitɔwo ŋu hafi Farao va dze Gaza dzi: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ale si tɔwo le ɖɔɖɔm le anyiehe ɖa, woaɖɔ agbagba, anɔ sisim kple ŋusẽ. Woaɖɔ axɔ anyigba kple nu sia nu si le edzi, duwo kple wo me nɔlawo katã dzi. Ameawo alé avi me sesĩe eye ame siwo katã le anyigba dzi la, afa avi kple ɣli, nenye be wose sɔ siwo le du dzi la ƒe afɔzi kple futɔwo ƒe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ kple woƒe afɔtiwo ƒe totro. Fofowo matrɔ ɖe wo viwo ŋu be woakpe ɖe wo ŋu o elabena woƒe asi adɔ agblɔ ɖe wo ŋu, elabena ŋkeke la ɖo be woatsrɔ̃ Filistitɔwo katã, eye woaɖe ame siwo tsi agbe la ɖa, ame siwo ate ŋu akpe ɖe Tiro kple Sidon ŋu. Esusɔ vie Yehowa natsrɔ̃ Filistitɔwo, ame siwo nye Kaftor ƒuta ƒe ame mamlɛawo. Gaza ako ta kolikoli abe funyila ene, eye wòaɖo asi Askelon dzi be wòazi ɖoɖoe. O, mi ame siwo susɔ ɖe tagba, ɣe ka ɣie miasi mia ɖokuiwo ase ɖo? “Èdo ɣli be, ‘Ao, Yehowa ƒe yi, ɣe ka ɣi hafi nàgbɔ ɖe eme? Tɔ, trɔ yi ɖe wò aku me eye nànɔ anyi kpoo.’ Aleke wòadzudzɔe esi wònye Yehowae ɖoe nɛ, esi wòɖe gbe nɛ be wòadze Askelon kple ƒutaduwo dzi?”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Tso Moab ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Baba na Nebo elabena azu aƒedo. Woado ŋukpe Kiriataim eye woaxɔe; woagbã mɔ sesẽ la eye wòazu ŋukpe. Womagakafu Moab azɔ o, ŋutsu siwo le Hesbon la ɖo ta me vɔ̃ ɖe eŋu be, ‘Miva, mina míatsrɔ̃ dukɔ ma.’ O, Madmen, woatsrɔ̃ wò hã eye yi ati yowòme. Se ɣli si le ɖiɖim tso Horonaim ɖa, enye tsɔtsrɔ̃ gã kple gbegblẽ ƒe ɣli. Woamu Moab aƒu anyi eye via suewo afa avi. Wodze Luhit mɔ dzi le avi fam hehehe. Wose konyifaɣli le Horonaim mɔ dzi le gbegblẽ la ta. Misi! Miɖe miaƒe agbe eye mianɔ abe gbe le gbegbe ene. Esi nèɖo dzi ɖe wò dɔwɔwɔwo kple wò kesinɔnuwo ŋuti ta la, woaɖe aboyo wò hã eye woakplɔ Kemos ayi aboyo mee, kpe ɖe eƒe nunɔlawo kple dumegãwo ŋu. Nugblẽla ava du sia du me eye du aɖeke masi o. Woagblẽ balimewo eye woakaka towo elabena Yehowae gblɔe. Mide dze Moab elabena aƒaƒã eye eƒe duwo azu aƒedo, ame aɖeke maganɔ wo me o. “Aɖi ame si le asi blem le Yehowa ƒe dɔ ŋu! Aɖi ame si he eƒe yi ɖe megbe be magakɔ ʋu ɖi o la ŋu! “Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene; esia nye be meyi aboyo me kpɔ o. Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o. Yehowa be, ‘Gake ŋkekewo li gbɔna esi maɖo ŋutsu siwo trɔa nu le gowo me la ɖa eye woatrɔe aƒu gbe, woana eƒe gowo naɖi gbɔlo eye woagbã eƒe kpluwo. Ekema Kemos akpe ŋu na Moab, abe ale si ŋu kpe Israel ƒe aƒe la esi wòtsɔ eƒe susu da ɖe Betel dzi ene.’ “Aleke miate ŋu agblɔ be, ‘Míenye kalẽtɔwo, kple ŋutsu siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me?’ Woagbã Moab kple eƒe duwo eye woakplɔ eƒe ɖekakpui vavãwo ayi ɖe amewuƒee.” Fia si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe. “Moab ƒe anyidzedze tu aƒe, eƒe dzɔgbevɔ̃e ava kaba. Mi ame siwo katã ƒo xlãe, mifa nɛ eye ame siwo katã nya ale si wòxɔ ŋkɔe la negblɔ be, ‘Aleke fiatikplɔ sesẽ la kple atizɔti dzeani la ŋe ale!’ “Ɖi le wò ŋutikɔkɔe me eye nànɔ anyi ɖe anyigba si ƒu kplakplakpla la dzi, O mi ame siwo le Dibon vinyɔnu ƒe du me elabena ame si gbã Moab la aƒo ɖe dziwò eye wòagbã wò mɔ sesẽwo. Mi ame siwo le Aroer, mitsi tsitre ɖe mɔto ne miakpɔ nu. Bia ŋutsu si le du dzi kple nyɔnu si le sisim la be, ‘Nya kae dzɔ?’ Wodo ŋukpe Moab elabena wogbãe gudugudu. Do ɣli, nàfa avi sesĩe! Ɖe gbeƒãe le Arnon be wogbã Moab. Ʋɔnudɔdrɔ̃ va du siwo le to tame la dzi. Eva Holon, Yaza kple Mefaat dzi. Eva Dibon, Nebo kple Bet Diblataim dzi. Eva Kiriataim, Bet Gamul kple Bet Meon dzi, Eva Keriyɔt, Bozra kple Moab duwo katã dzi, esiwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa dzi. Wolã Moab ƒe dzo ɖa, woŋe eƒe abɔ.” Yehowae gblɔe. “Mina aha Moab wòano amu, aƒo dablibɛ le xe si wòɖe la me, eye wòazu alɔmeɖenu, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe. Ɖe menye Israel ye nye wò alɔmeɖenu oa? Ɖe wolée le fiafitɔwo dome kpɔ hafi ne èle nu ƒom tso eŋu la, nèʋuʋua ta fewuɖutɔea? Mi Moabtɔwo, misi le miaƒe duwo me, miayi aɖanɔ agakpewo tome. Minɔ abe akpakpa si wɔ atɔ ɖe agado nu ene.” Yehowa be, “Míese Moab ƒe dada, ɖokuiŋudzedze, adegbeƒoƒo, ɖokuidzadzra kple amemabumabu kple eƒe dzi ƒe kɔkɔ ɖe dzi. Menya eƒe tonumasemase gake toflokoe, elabena eƒe dada vivivo mahe naneke vɛ nɛ o. Eya ta mado ɣli ɖe Moab ŋu eye mafa avi ɖe Moab blibo ŋu. Mefa na Kir Hareset ŋutsuwo. O, mi Sibma wainkawo, mefa na mi abe ale si Yazer fa avi ene. Wò alɔwo keke yi ɖe atsiaƒu to ʋĩi eye wodidi ɖase keke Yazer ƒuta ke. Nugblẽla va ƒo ɖe wò atikutsetse ɖiɖiwo kple wò wainkpowo dzi. Dzidzɔ kple aseyetsotso nu tso le Moab ƒe agblewo me. Metsi wain nu le wainfiamɔwo me, ame aɖeke magafiae kple dzidzɔ o. Togbɔ be ɣli le ɖiɖim hã la, menye dzidzɔɣlie o. “Woƒe aviɣli ɖi tso Hesbon, yi Eleale kple Yahaz ke. Eɖi tso Zoar, eye wosee le Horonaim, Eglat Selisia gɔ̃ hã, elabena Nimrim tɔsisi me tsiwo ke hã mie. Maɖo asi ame siwo sa vɔ le nuxeƒewo eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe mawuwo la dzi le Moab.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Eya ta nye dzi le nu xam le Moab ŋu abe dzekuku ene, eye nye dzi xa nu abe kpẽ ene na Kir Hareset ŋutsuwo, elabena kesinɔnu siwo woli kɔe la dzo. Wolũ ta ɖe sia ɖe eye woƒlɔ ge ɖe sia ɖe, wode abi asi ɖe sia ɖe ŋu eye akpanya le ali ɖe sia ɖe dzi. Le Moab ƒe xɔwo katã tame kple ablɔwo me la, naneke meli wu konyifafa o, elabena megbã Moab abe kplu si ame aɖeke mele didim o la ene.” Yehowae gblɔe. “Wogbãe gudugudu loo! Wole ɣli dom ale gbegbe! Aleke Moab trɔ megbe kple ŋukpee nye esi! Moab zu alɔmeɖenu kple bibi na ame siwo katã ƒo xlãe.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, hɔ̃ aɖe dzo gbɔna, eɖo asagba, keke eƒe aʋalawo me ɖe Moab dzi. Woaxɔ Keriyɔt kple eƒe mɔ sesẽwo. Gbe ma gbe la, Moab ƒe Kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Woatsrɔ̃ Moab, be maganye dukɔ azɔ o, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe. O, Moabtɔwo, ŋɔdzi, ʋe globo kple mɔka le mia lalam.” Yehowae gblɔe. “Ame si si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me, mɔka aɖe ame si te ŋu do le ʋe globoa me, elabena mahe toheɣi va Moab dzi.” Yehowae gblɔe. “Sitsoƒedilawo tɔ ɖe Hesbon ƒe vɔvɔli te xɔnamemanɔsitɔe, elabena dzo tso Hesbon eye dzo ƒe aɖe do tso Sixɔn titina, efia Moabtɔwo ƒe ŋgonu, dada ƒuƒlu dalawo ƒe tagowo. Baba na wò, O Moab! Wotsrɔ̃ Kemostɔwo, wokplɔ mia viŋutsuwo yi aboyo mee eye woɖe aboyo mia vinyɔnuwo. “Ke hã la, magaɖo Moab ƒe nunyonamewo te le ŋkeke siwo ava la me.” Yehowae gblɔe. Moab ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ se ɖe afi sia.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nya sia ku ɖe Amonitɔwo ŋuti: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Viŋutsuwo mele Israel si oa? Domenyilawo mele esi oa? Ekema nu ka ta Molek xɔ Gad wòzu etɔ? Nu ka ŋuti eƒe amewo le duwo me?” Ke Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mado aʋaɣli ɖe, Amonitɔwo ƒe du, Raba, ŋu. Woagbãe wòazu anyiglago eye kɔƒe siwo ƒo xlãe la, woatɔ dzo wo. Ekema Israel anya ame siwo nyae de gbe la de gbe,” Yehowae gblɔe. “O Hesbon, fa avi kple ɣli, elabena wogbã Ai! Mido ɣli, O mi Raba me nɔlawo! Mita akpanya ne miafa konyi; miƒu du tso afii yi afi mɛ le glikpɔtɔtɔ la me, elabena Molek ayi aboyo me, kpe ɖe nunɔlawo kple dumegãwo ŋuti. Nu ka ŋuti mietsɔ miaƒe balimewo le adegbe ƒom, adegbe ƒom be kutsetse geɖe do go tso wo me? O vinyɔnu ahasitɔ, èda wò susu ɖe wò kesinɔnuwo dzi eye nègblɔ be, ‘Ame kae adze dzinye?’ Mahe ŋɔdzi va dziwò tso ame siwo ƒo xlã wò la gbɔ.” Aƒetɔ lae gblɔe. “Woanya mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa eye ame aɖeke maƒo aʋasilawo nu ƒu o. “Gake emegbe la, magaɖo Amonitɔwo ƒe nunyonamewo te.” Yehowae gblɔe. Ku ɖe Edom ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nunya megale Teman oa? Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia? Ɖe woƒe nunya lé ɣebia? Mi ame siwo le Dedan, mitrɔ, misi, miyi ɖaɣla ɖe agado goglowo me, elabena mahe gbegblẽ va Esau dzi, ne ɣeyiɣi de be mahe to nɛ. Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la, ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa? Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la, ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa? Gake nye la, maɖe amama Esau, mana eƒe ŋukpeƒe nadze ale be mate ŋu aɣla eɖokui o. Viawo, eƒe ƒometɔwo kple eƒe aƒelikawo atsrɔ̃ eye womaganɔ anyi o. Migblẽ miaƒe tsyɔ̃eviwo ɖi, maʋli woƒe agbe ta. Miaƒe ahosiwo hã neda woƒe susu ɖe dzinye.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nenye be ame siwo medze be woano kplu la o la noe la, ekema nu ka wɔ woaɖe asi le miawo ya ŋu tomahemahee? Eya ta miayi tomahemahee o, ke boŋ miano kplu la godoo.” Yehowa be, “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, Bozra azu aƒedo, ŋɔdzinu, ŋunyɔnu kple ɖiŋudonu eye eƒe duwo katã azu aƒedo tegbetegbee.” Mexɔ gbedeasi sia tso Yehowa gbɔ: Wodɔ dɔla aɖe ɖe dukɔwo gbɔ be wòagblɔ be, “Miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miadze edzi! Mitso, midze aʋa!” “Azɔ mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie. Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò, wò si le agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la, mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,” Yehowae gblɔe. “Edom azu ŋɔdzinu, ame siwo katã ato eŋu ava yi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le abi siwo wòxɔ la ta. Anɔ abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la ene ale be ame aɖeke manɔ afi ma o, ŋutsu aɖeke manɔ eme o.” Yehowae gblɔe. “Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka, abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me gena ɖe gbe damawo dzi ene. Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia? Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?” Eya ta ɖo to nàse nu si Yehowa ɖo ɖe Edom ŋuti, kple nu si wòɖo kplikpaa ɖe Temantɔwo ŋu: Woahe alẽviwo adzoe le alẽha me, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta. Woƒe anyidzedze ƒe gbeɖiɖi ana anyigba naʋuʋu; eye woase woƒe aviɣli le Ƒu Dzĩ nu ke. Kpɔ ɖa! Hɔ̃ aɖe ayi yame ʋĩi, eye wòade agba anyi ɖe Bozra dzi. Gbe ma gbe la, Edom ƒe kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Tso Damasko ŋuti: “Hamat kple Arpad ƒe mo tsi dãa, elabena wose nya vɔ̃. Dzi ɖe le wo ƒo, wotɔtɔ eye wotsi dzimaɖi abe atsiaƒu ene. Damasko zu nu beli, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòtrɔ helé du tsɔ, elabena vɔvɔ̃ ɖoe eye ŋeŋe kple vevesese xɔe abe nyɔnu kuléla ƒe vevesese ene. Nu ka ta womegblẽ du xɔŋkɔ si ŋu mekpɔa dzidzɔ le la ɖi o? Via ŋutsuwo aku, atsi mɔtatawo dzi le nyateƒe me, eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo katã nu gbe ma gbe. Matɔ dzo Damasko ƒe gliwo eye wòafia Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.” Yehowae gblɔe. Nya sia ku ɖe Kedar kple Hazor fiaɖuƒe siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar va dze la ŋu: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Tso, nàdze Kedar dzi eye nàtsrɔ̃ ɣedzeƒetɔwo. Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple woƒe lãhawo eye woaxɔ woƒe gbɔɖemeƒewo kple woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kposɔwo. Amewo ado ɣli ɖe wo ŋu be, ‘Ŋɔdzi ƒo xlã mi!’ “Misi dzo kaba! Mi ame siwo le Hazor, mibe ɖe agado goglowo me.” Yehowae gblɔe. “Babilonia fia Nebukadnezar ɖo nugbe ɖe ŋuwò, ewɔ ɖoɖo be wòagblẽ wò. “Tso nàdze dukɔ si li bɔkɔɔ kple dukɔ si si dzideƒo le la dzi. Dukɔ si nu agbo alo akɔbli ƒe mɔnuxenu mele o eye eƒe amewo le dziɖeɖi me.” Yehowae gblɔe. “Woƒe kposɔwo azu nuhaha eye woƒe lãha gbogboawo azu afunyinu. Makaka ame siwo le didiƒewo, be ya nalɔ wo ɖe nu eye mahe gbegblẽ va wo dzi le go sia go me.” Yehowae gblɔe. “Hazor azu nɔƒe na amegaxiwo eye wòazu aƒedo tegbetegbe. Ame aɖeke manɔ afi ma o; aƒe aɖeke manɔ eme o.” Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia ku ɖe Elam ŋuti, nya sia va nɛ le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedze ƒe ɣeyiɣiwo me: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maŋe Elam ƒe da, si nye eƒe ŋusẽkpɔtsoƒe. Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe dzogoe eneawo dzi aƒu Elam. Makaka wo ɖe ya eneawo dzi eye dukɔ aɖeke manɔ anyi si ke me womakpɔ Elam ƒe aboyomewo le o. Magbã Elam le eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim la ƒe ŋkume, eye mahe gbegblẽ kple nye dziku helĩhelĩ gɔ̃ hã va wo dzi,” Yehowae gblɔe. “Mati wo yome kple yi va se ɖe esime matsrɔ̃ wo katã. Maɖo nye zikpui anyi ɖe Elam eye matsrɔ̃ eƒe fia kple dumegãwo.” Yehowae gblɔe. “Ke hã la, magaɖo Elam ƒe nunyonamewo te le ŋkeke siwo gbɔna me.” Yehowae gblɔe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esia nye nya si Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi ku ɖe Babilonia kple Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋuti: “Miɖe gbeƒãe eye mido kpoe le dukɔwo dome, mikɔ aflaga dzi, ne miado bobloe; migagbe nya la katã gbɔgblɔ o, ke boŋ migblɔ be, ‘Woaxɔ Babilonia, ŋukpe alé Bel eye ŋɔdzi alé Marduk vevie. Woado ŋukpe eƒe legbawo eye ŋɔdzi alé eƒe aklamakpakpɛwo.’ Dukɔ si tso anyiehe la ava dze edzi eye wòagblẽ eƒe anyigba keŋkeŋ. Ame aɖeke manɔ edzi o, amewo kple lãwo siaa asi adzo.” Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me la, Israelviwo kple Yudatɔwo siaa awɔ ɖeka ava Yehowa, woƒe Mawu la gbɔ kple avi. Woabia Zion ƒe mɔ ta ase eye woatrɔ woƒe mo ɖo ɖe egbɔ. Woava eye woabla nubabla mavɔ kple Yehowa, nubabla si womaŋlɔ be akpɔ o. “Nye dukɔ le abe alẽ tatrawo ene, woƒe kplɔlawoe kplɔ wo trae eye wona wole tsatsam le towo dzi. Wole tsaglãla tsam le towo kple togbɛwo dzi eye woŋlɔ woawo ŋutɔ ƒe nɔƒe be. Ame sia ame si ke ɖe wo ŋu la vuvua wo; woƒe futɔwo gblɔ be, ‘Míedze agɔ o, elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe lãnyiƒe vavã, kple Yehowa wo fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti?’ “Misi do go le Babilonia, midzo le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi eye minɔ abe agbowo le alẽhawo ŋgɔ ene, elabena made adã ta me na dukɔ siwo le anyiehenyigba dzi ɖe Babilonia ŋu eye woawɔ ɖeka aho ɖe eŋu. Woava aƒu asaɖa anyi ɖe eŋu eye woava lée tso anyiehe gome. Woƒe aŋutrɔwo magbɔ ƒuƒlu o, elabena woanɔ abe ame siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me la tɔwo ene. Ale Babilonia azu nuhaha eye ame siwo hae la akpɔ afunyinuwo fũu.” Yehowae gblɔe. “Esi mi ame siwo nye avuzi le nye domenyinu dzi, kpɔ dzidzɔ, hetso aseye eye esi mieti kpo abe nyinɔvi si le bli nyɔm ene, hexlɔ̃ abe sɔtsuwo ene ta la, Ŋukpe gã aɖe ava mia dada dzi eye ame si dzi mi, woado vloe. Anye suetɔ le dukɔwo dome, azu gbegbe, kuɖiɖinyigba kple dzogbe. Le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ ta la, ame maganɔ eme o, ke boŋ azu aƒedo. Ame sia ame si to Babilonia ŋu yi la ƒe nu aku eye woaɖu fewu le woƒe abixɔxɔwo katã ta. “Mi ame siwo daa aŋutrɔ, midze aʋa ɖe Babilonia ŋu. Mida aŋutrɔe! Midae, ɖeke megasusɔ o, elabena ewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Miɖe to ɖee miado ɣli ɖe eta! Ena ta, eƒe gbetakpɔxɔwo mu dze anyi eye wogbã eƒe gliwo ƒu anyi. Esi wònye Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae ta la, mibia hlɔ̃e; miwɔe nɛ abe ale si wòwɔe na ame bubuwo ene. Mitsrɔ̃ nukuƒãla kple nuŋela kple eƒe nuŋehɛ siaa le Babilonia le nuŋeɣi. Le nugblẽla ƒe yi ta la, ame sia ame netrɔ yi eya ŋutɔ ƒe amewo gbɔ, eye ame sia ame nesi yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi. “Israel nye alẽha si dzatawo ɖe ɖe nu, eye wokaka gbẽe. Ame gbãtɔ si vuvui lae nye Asiria fia ame mamlɛtɔ si gbã eƒe ƒuwo lae nye Babilonia fia Nebukadnezar.” Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mahe to na Babilonia fia kple eƒe anyigba abe ale si mehe to na Asiria ene. Ke matrɔ Israel agbɔe va eya ŋutɔ ƒe gbe dama dzi, aɖu gbe le Karmel kple Basan eye akpɔ ƒoɖiɖi le Efraim kple Gilead togbɛwo dzi.” Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me, woatsa, adi Israel ƒe agɔdzedze gake womakpɔ ɖeke o eye woadi Yuda ƒe nu vɔ̃wo gake womakpɔ ɖeke o, elabena matsɔe ake ame susɔe siwo megblẽ ɖi.” Yehowa be, “Wɔ avu kple Merataim kple ame siwo le Pekod. Ti wo yome, wu wo eye nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Wɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò. Aʋaɣli le anyigba dzi, eye gbegblẽ gã si le edzi yim la ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim. Aleke woŋe, eye wohekaka anyigba blibo la ƒe zu ale! Aleke Babilonia zu gbegbe le dukɔwo dome ale! O Babilonia, metre mɔ na wò eye mɔ ɖe wò hafi nèva nya gɔ̃ hã. Woke ɖe ŋuwò eye wolé wò elabena ètsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Yehowa ʋu eƒe aʋawɔnuwo ƒe ʋɔ eye wòɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe aʋawɔnu do goe, elabena dɔ le Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ŋu wòawɔ le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi. Mitso adzɔge miava ƒo ɖe edzi. Migbã eƒe nuɖuɖudzraɖoƒewo, milɔe ƒo ƒu abe ale si wolia kɔ agblemenukuwo ene. Mitsrɔ̃e keŋkeŋ eye migasusɔ ame ɖeka hɔ̃ɔ hã ɖi o. Miwu eƒe nyitsu viwo katã; mikplɔ wo yi lãwuƒee! Baba na wo! Elabena woƒe ŋkeke la ɖo, ɣeyiɣi la de na wo be woaxɔ tohehe. Miɖo to miase Babilonia ƒe aʋaléleawo kple aʋasilawo ƒe nya si gblɔm wole le Zion tso ale si Yehowa, míaƒe Mawu la bia hlɔ̃ woe, ebia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ. “Miyɔ aŋutrɔdalawo vɛ, ne woaɖe to ɖe Babilonia, ame siwo katã hea da me la neva. Miva ɖe to ɖee godoo va kpe, migana ame aɖeke nasi o. Mixe nu siwo katã wòwɔ la ƒe fe nɛ, miwɔe nɛ abe ale si eya hã wɔe na ame bubuwo ene. Elabena edze aglã ɖe Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu. Eya ta eƒe ɖekakpuiwo aku akaka ɖe mɔtatawo dzi eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo nu gbe ma gbe.” Yehowae gblɔe. Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ be, “Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋutiwò, O dadala, elabena wò ŋkeke la va ɖo, wò toheɣi ɖo. Dadala la akli nu adze anyi eye ame aɖeke mafɔe ɖe tsitrenu o. Matɔ dzo eƒe duwo eye dzo la afia ame siwo katã ƒo xlãe la hã.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Wote Israelviwo kple Yudatɔwo siaa ɖe anyi. Ame siwo katã ɖe aboyo wo la lé wo goŋgoŋ, eye wogbe asiɖeɖe le wo ŋu. Evɔ la, woƒe Xɔnametɔ nye ŋusẽtɔ hafi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. Aʋli wo ta vevie, ale be wòana gbɔdzɔe woƒe anyigba, gake ana ame siwo katã le Babilonia la natsi dzimaɖi.” Yehowa be, “Yi le Babiloniatɔwo yome! Etso ɖe ame siwo le Babilonia, woƒe dumegãwo kple woƒe nunyalawo ŋuti! Yi atso ɖe eƒe aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu eye woazu bometsilawo. Yi ati woƒe kalẽtɔwo yome eye ŋɔdzi alé wo! Yi atso ɖe eƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple amedzro siwo katã wotsɔ aʋae la ŋuti eye woanɔ abe nyɔnuwo ene! Yi atso ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu eye woaha wo! Kuɖiɖi neto eƒe tɔsisiwo me, ne woamie ƒiaƒiaƒia, elabena enye anyigba si yɔ fũu kple legbawo, legba siwo adze aɖaʋa le ŋɔdzi ta.” Yehowa be, “Ava eme be lã wɔadãwo kple amegaxiwo anɔ afi ma, eye golowo hã atso aƒe ɖe afi ma. Maganye amenɔƒe alo amewo magatso aƒe ɖi akpɔ o, tso dzidzime yi dzidzime. Anɔ ko abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo lae ene, ale be ame aɖeke magatso aƒe ɖi o eye ame aɖeke manɔ afi ma hã o.” “Kpɔ ɖa! Aʋakɔ aɖe ho tso anyiehe gbɔna, wode adã ta me na dukɔ gã aɖe kple fia gbogbo aɖewo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke gbɔna. Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ. Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o. Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la, woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene. Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Babilonia vinyɔnu. Babilonia fia se nya tso wo ŋu xoxo eye eƒe lãme fa. Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene. Abe dzata si do go tso Yɔdan ƒe ave dodo me, hege ɖe gbe dama nyui dzi ene la, nenema maɖe Babilonia ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka kpoyi! Ame kae nye ame tiatia si madɔ wòawɔ esia? Ame kae le abe nye ene eye ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye? Alẽkplɔla ka ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋunye?” Eya ta se nu si Yehowa ɖo ɖe Babilonia ŋu kple nu si ƒe susu wòwɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋu: Woakplɔ lãha ƒe suetɔwo adzoe, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta. Babilonia xɔxɔ ƒe ɣli ana anyigba naʋuʋu, eye eƒe aviɣli aɖi le dukɔwo dome.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋã nugblẽla aɖe ƒe gbɔgbɔ ɖe Babilonia kple ame siwo le Leb Kamai ŋuti. Madɔ amedzrowo ɖo ɖe Babilonia be woagbɔe abe lu ene, eye woatsrɔ̃ eƒe anyigba. Woatsi tsitre ɖe eŋu le go sia go me le eƒe gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi. Mègana woƒe aŋutrɔdala nagahe eƒe dati me alo atsɔ eƒe akpoxɔnu ado o. Mègakpɔ nublanui na eƒe ɖekakpuiwo o, ke boŋ tsrɔ̃ eƒe aʋakɔ la keŋkeŋkeŋ. Woadze anyi aku ɖe Babilonia eye woaxɔ abi vevie le eƒe ablɔwo dzi. Elabena Israel kple Yuda ƒe Mawu la Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, megbe wo o, togbɔ be woƒe anyigba la yɔ fũu kple nu vɔ̃ le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋkume hã. “Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe! Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o. Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia, axe fe si dzee la nɛ. Babilonia nye sikakplu le Yehowa ƒe asi me, eye wòna xexea me katã mu aha. Dukɔwo no eƒe wain, eya ta fifi laa la, wo katã wodze aɖaʋa. Babilonia adze anyi kpata, eye woagbã gudugudu. Fa avi sesĩe ɖe eta! Di dɔyɔmi na eƒe vevesese, ɖewohĩ akpɔ dɔyɔyɔ. “ ‘Anye ne míeyɔ dɔ Babilonia, gake womate ŋu ayɔ dɔe o; mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi eƒe du me, agblẽe ɖi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖatɔ dziƒo, eye wòkɔ abe lilikpo ene.’ “ ‘Yehowa tso afia na mí, miva, míaɖe gbeƒã nu si Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ le Zion.’ “Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo! Yehowa de adã ta me na Media fiawo elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia. Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ. Mikɔ aflaga dzi ɖe Babilonia ƒe gliwo ŋu! Miyɔ dzɔla bubuwo vɛ va kpe esiwo li xoxo, miɖo gbetakpɔlawo wo nɔƒe, eye mina amewo nade xa ɖi na wo. Yehowa awɔ ɖe nu si wòɖo la dzi, awɔ nu siwo wògblɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ŋuti la dzi. Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo to eye kesinɔnu geɖewo le mia si, miaƒe nuwuwu ɖo, ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ta eɖokui ƒe agbe be: Mana amewo nayɔ mewò fũu abe ʋetsuviwo ƒe ha wonye ene, eye woado dziɖuɖu ƒe ɣli ɖe tawò. “Eƒe ŋusẽ wòtsɔ wɔ anyigbae; eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee. Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo. “Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o. Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃. Ke ame si nye Yakob ƒe gome la mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nuwo katã wɔla eye eya kee wɔ dukɔ si nye eƒe domenyinu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. “Aʋawɔkpo kple aʋawɔnu nènye nam, wòe metsɔ kaka dukɔwoe, wòe metsɔ tsrɔ̃ fiaɖuƒewoe. Wòe metsɔ kaka sɔ kple sɔdolae, wòe metsɔ kaka tasiaɖam kple ekulae. Wòe metsɔ kaka ŋutsu kple nyɔnue; wòe metsɔ kaka ame tsitsiwo kple sɔhɛwoe, wòe metsɔ kaka ɖekakpui kple ɖetugbie. Wòe metsɔ kaka alẽkplɔla kple alẽha lae, wòe metsɔ kaka agbledela kple eƒe nyiwoe eye wòe metsɔ kaka mɔmefiawo kple woƒe dɔdzikpɔlawoe. “Le miaƒe ŋkume maxe fe na Babilonia kple Babilonianɔlawo katã, ɖe nu gbegblẽ siwo katã wova wɔ le Zion la ta.” Yehowae gblɔe. Yehowa be, “Metso ɖe ŋuwò, O, wò to nugblẽla, wò si gblẽ xexea me katã. Mado nye asi ɖe gbɔwò, atu asi wò nàmli age tso to dzi adze anyi eye mawɔ wò abe to si dzo bi la ene. Womagaɖe kpe aɖeke le mewò atsɔ wɔ dzogoedzikpe alo gɔmeɖokpee o elabena àzu gbegbe tegbee.” Yehowae gblɔe. “Kɔ aflaga dzi le anyigba la dzi! Ku kpẽ la le dukɔwo dome! Dzra dukɔwo ɖo woakpe aʋa kplii. Yɔ fiaɖuƒe siawo woava sɔ ɖe eŋu, Ararat, Mini kple Askenaz. Ɖo aʋafia ɖe eŋu, eye nàdɔ sɔ siwo sɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ene la ɖe eŋu. Dzra dukɔwo ɖo ne woakpe aʋa kplii. Media fiawo, woƒe dziɖulawo, woƒe dɔnunɔlawo katã kple dukɔ siwo katã dzi ɖum wole la nakpe aʋa kplii. Anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya elabena Yehowa ƒe ɖoɖowo ɖe Babilonia ŋu le te be, wòado gbegbe Babilonianyigba ale be ame aɖeke maganɔ edzi akpɔ o. Babilonia ƒe kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ eye wotsi woƒe mɔ sesẽwo me. Ŋusẽ vɔ le wo ŋu, eye wole ko abe nyɔnuwo ene. Wotɔ dzo eƒe nɔƒewo eye woŋe eƒe agbometiwo. Duƒula kplɔ duƒula ɖo eye dɔtsɔla kplɔ dɔtsɔla ɖo ne woaɖagblɔ na Babilonia fia be, woxɔ eƒe du la kple tɔtsoƒewo hetɔ dzo simenyigba eye ŋɔdzi lé asrafoawo.” Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene; eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.” “Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí, de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míele abe tsizɔ ƒuƒluwo ene. Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui, emegbe etu mí ƒu gbe. Ŋuta si Babilonia sẽ le míaƒe ŋutilãwo ŋuti la neva edzi. Zion nɔlawoe gblɔe.” “Míaƒe ʋu neva Babilonianɔlawo ƒe ta dzi. ” Yerusalemtɔwoe gblɔe. Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋli tawò eye mabia hlɔ̃ na wò. Mana eƒe atsiaƒu namie ƒiaƒiaƒia eye eƒe vudowo me naƒu kplakplakpla. Babilonia azu anyiglago, amegãxiwo nɔƒe eye wòazu ŋɔdzinu kple fewuɖunu, teƒe si ame maganɔ akpɔ o. Eƒe amewo katã le gbe ɖem abe dzatawo ene eye wole gbe tem abe dzataviwo ene. Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la, maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha, ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa, emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.” Yehowae gblɔe. “Mana woakplɔ wo vɛ abe alẽviwo, agbowo kple gbɔ̃wo ene ayi wuwu ge. “Aleke woahalé Sesak eye asi asu anyigba blibo la ƒe adegbeƒola dzi! Aleke Babilonia azu ŋɔdzinu le dukɔwo dome! Atsiaƒu aɖɔ agbagba ɖe Babilonia dzi eƒe ƒutsotsoe dzeagbowo aŋe atsyɔ edzi. Eƒe duwo azu aƒedo, kuɖiɖinyigba, dzogbenyigba kple anyigba si dzi ame maganɔ alo mɔzɔla aɖe nato ayi o. Mahe to na Bel le Babilonia eye mana wòaɖe nu si wòmi. Dukɔwo magaƒo zi ayi egbɔ o eye Babilonia ƒe gliwo amu adze anyi. “Nye amewo, mido le wo dome! Misi kple du ne miaɖe miaƒe agbe! Misi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la nu. Ne nyawo le ɖiɖim le anyigba dzi, ƒe sia me miese be ale, eye ƒe kemɛ me wobe ale, ne miese ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo alo miavɔ̃ o. Elabena ɣeyiɣi li gbɔna, esi mahe to na Babilonia legbawo godoo eye ŋukpe alé eƒe anyigba blibo la ale be eƒe Ame tsiaʋawo akaka ɖe anyigba blibo la dzi. Ekema dziƒo kple emenuwo kple anyigba kple edzinuwo katã ado ɣli kple dzidzɔ ɖe Babilonia ŋu, elabena nugblẽlawo atso anyiehe ava ƒo ɖe edzi.” Yehowae gblɔe. “Abe ale si Israel kple anyigba bubuwo dzi tɔwo tsi aʋae le Babilonia ta ene la, nenema wòle na eya hã be wòamu adze anyi. Mi ame siwo si le yi nu, midzo, migatɔ ɖi o! Miɖo ŋku Yehowa dzi le didiƒenyigba dzi eye mibu Yerusalem ŋu.” “Wodo ŋukpe mí elabena wodzu mí eye ŋukpe tsyɔ míaƒe mowo, elabena amedzrowo ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe teƒe kɔkɔewo.” Yehowa be, “Gake ŋkekewo li gbɔna esi mahe to na eƒe legbawo eye abixɔlawo anɔ ŋeŋem le eƒe anyigba blibo la dzi. Ne Babilonia kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòglã eƒe mɔ kɔkɔwo gɔ̃ hã la, madɔ nugblẽlawo ɖe eŋu.” Yehowae gblɔe. “Avi le ɖiɖim tso Babilonia, gbegblẽ ƒe ɣli gã aɖe le ɖiɖim tso Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi. Yehowa atsrɔ̃ Babilonia, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu. Abe ale si ƒutsotsoewo ɖea gbee ne ƒu dze agbo ene la, nenema futɔwo ƒe gbe aɖii ne wova ƒo ɖe edzi. Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo, ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu, nuteƒeɖolae nye Yehowa, aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ. Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha, nenema kee nye woƒe dziɖulawo, dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa; woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.” Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Woagbã Babilonia ƒe glikpɔ sesẽ la gudugudu eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔ la, emenɔlawo ka hiã wo ɖokuiwo yakatsyɔ eye dukɔwo ƒe agbagbadzedze zu ami si kɔm wole ɖe dzoa me.” Esia nye gbedeasi si Yeremia tsɔ na dɔnunɔlagã Seraya, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, esi wòyi ɖe Babilonia kple Yuda fia Zedekia, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. Yeremia ŋlɔ gbegblẽ siwo katã ava Babilonia dzi la ɖe lãgbalẽ dzi eye wonye nyaŋlɔɖiwo tso Babilonia ŋuti. Egblɔ na Seraya be, “Kpɔ egbɔ be yexlẽ nya siawo kple ɣli ne mieva ɖo Babilonia. Emegbe nàgblɔ be, ‘O Yehowa, ègblɔ be yele teƒe sia tsrɔ̃ ge ale gbegbe be amegbetɔwo alo lãwo manɔ anyi o; azu aƒedo tegbetegbee.’ Ne èxlẽ lãgbalẽ sia me nyawo vɔ la, tsɔ kpe bla ɖe lãgbalẽ la ŋuti eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Frat tɔsisi la me. Ekema nàgblɔ be, ‘Alea Babilonia adze toe eye magaho ɖe dzi akpɔ o, le gbegblẽ si mahe va edzii la ta. Eƒe amewo hã atsi aʋa.’ ” Yeremia ƒe nyawo wu nu ɖe afii.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna. Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si Yehoyakim wɔe ene. Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti. Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o. Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe gake Babilonia ƒe aʋakɔ la ti Fia Zedekia yome eye wòva tui le Yeriko tagba. Woma eya kple eƒe asrafowo dome eye asrafoawo kaka gbẽe. Ke wolé eya ŋutɔ. Wokplɔe yi na Babilonia fia le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi si wòbu fɔe le. Le Ribla la, Babilonia fia wu Zedekia ƒe viwo katã le eŋkume, hekpe ɖe Yuda ƒe dumegãwo ŋu. Emegbe Babilonia fia gbã Zedekia ƒe ŋkuwo heblae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wòkplɔe yi Babilonia afi si wòdee gaxɔ me ɖo va se ɖe eƒe kugbe. Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewoa gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si wɔ dɔ le Babilonia fia te la va Yerusalem. Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe. Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. Aʋafia, Nebuzaradan kplɔ ame dahewo, ame siwo susɔ ɖe dua me kple aɖaŋudɔwɔlawo kple ame siwo si Babilonia fia tso la yi aboyo mee. Gake Nebuzaradan gblẽ anyigba la ƒe ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi. Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia. Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ me la hã dzoe. Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ gagbawo, dzoɖesonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, nuɖugbawo kple gagba siwo ŋu dɔ wowɔna le nunovɔsa me la hã dzoe, nu siwo wowɔ kple sika nyuitɔ alo klosalo. Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo, gazɔwo kple akɔblinyitsu wuieve siwo le wo te kple eƒe afɔtiwo ŋuti, siwo fia Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ, nu siawo katã ƒe akɔbli mele dada me o. Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ, eye wòkeke “mita” ade, ɖe sia ɖe ƒe titrime anye asibidɛ ene eye do le wo me. Wotsɔ akɔbli wɔ kukuvi ɖe sɔti ɖe sia ɖe tame, kukuvi ɖe sia ɖe ƒe kɔkɔme nye “mita” eve kple afã. Wolɔ̃ ɖɔ tɔxɛ aɖe tsɔ do atsiã na kukuviawo godoo va kpe eye nenema ke wotsɔ akɔbli wɔ nu si woyɔna be yevuboɖa la ɖe kukuviawo ŋuti godoo va kpe ɖe atsiã tɔxɛ me. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo. Yevuboɖa blaasiekɛ-vɔ-ade le axawo dzi, eye esiwo katã wolɔ̃ ƒo xlã sɔtiawo la le alafa ɖeka. Aʋafia la ɖe aboyo nunɔlagã Seraya, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo. Ekplɔ asrafo siwo gale aʋa wɔm la ƒe amegã kple fia ƒe aɖaŋuɖola adre, le ame siwo gasusɔ ɖe dua me la dome dzoe. Egakplɔ agbalẽŋlɔla si nye dɔnunɔlagã si dia amewo dea asrafodɔ me kple eŋutime blaade siwo ŋu wòke ɖo le dua me la hã dzoe. Aʋafia Nebuzaradan kplɔ wo yi na Babilonia fia le Ribla. Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi. Esia nye ame siwo Nebukadnezar kplɔ yi aboyo mee la ƒe xexlẽme: Le eƒe ƒe adrelia me, Yudatɔwo, ame akpe etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (3,023); Le Nebukadnezar ƒe ƒe wuienyilia me, Yerusalemtɔ alafa enyi kple blaetɔ̃-vɔ-eve (832); Le eƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me, Yudatɔ alafa adre blaene-vɔ-atɔ̃ (745), ame siwo aʋafia Nebuzaradan kplɔ dzoe. Aboyomeyilawo katã le ame akpe ane, alafa ade (4,600). Le Yuda fia, Yehoyatsin ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, le ƒe si me Evil Merodak zu fia le Babilonia la, eɖe Yuda fia Yehoyatsin tso gaxɔ me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia dzi. Eƒo nu nɛ lɔlɔ̃tɔe eye wòna bubuteƒe si kɔ wu fia siwo katã li kpli le Babilonia la tɔ. Ale Yehoyatsin ɖe eƒe gaxɔmewu da ɖi, heɖu nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Babilonia fia naa Yehoyatsin ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwoe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me va se ɖe eƒe kugbe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nye, Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, Na Kristohame si le Tesalonika, mi ame siwo nye Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo tɔ. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi. Míedaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi ɖe mia ta eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta madzudzɔmadzudzɔe. Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o. Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, míenya be Mawu ŋutɔe tia mi, elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã abe ale si mienya ame si ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene. Ale mieva zu míawo kple Aƒetɔ la yomedzelawo, elabena miexɔ míaƒe nya la kple dzidzɔ si tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ togbɔ be ehe tetekpɔ kple nuxaxa geɖewo va mia dzii hã. Emegbe la, miawo ŋutɔwo mieva zu kpɔɖeŋu na xɔsetɔ siwo katã le Makedonia kple Akaya. Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã, elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o, elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí. Eye wogblɔ hã na mí be miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe Vi, Yesu ƒe tɔtrɔ va tso dziƒo; ame si Mawu fɔ tso ku me, eye wònye Ɖela si ko ate ŋu aɖe mí tso Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ɖe nu vɔ̃ ŋuti la me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo ŋutɔ mienya ale si míaƒe mia gbɔ vava ɖe vi na mie. Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã. Eya ta miakpɔe adze sii be míele mawunya gblɔm ɖe didi vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o, ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me, elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame siwo wòtsɔ nyanyuie la de asi na la ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka hɔ̃ɔ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me. Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga mí o. Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi. Le esia teƒe la, míegbɔ dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo, eye wòléa be na wo ene. Míelɔ̃ mi vevie, eye míaƒe lɔlɔ̃ la de to ale gbegbe be míetsɔ Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖe ko vɛ na mi o, ke boŋ míetsɔ míawo ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã kpe ɖe eŋuti na mi. Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku, eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe eŋuti, ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o. Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo na mí be míenɔ agbe dzadzɛ, agbe kɔkɔe kple agbe si ŋu mokaka mele o la le mia dome. Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa? Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi, eye kura gɔ̃ hã la, míedina tso mia si be miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ vɛ na eya ame si yɔ mí va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me. Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eya ta esi miexɔe se la, etrɔ miaƒe agbenɔnɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo hã miekpe fu abe ale si Mawu ƒe hame siwo le Yudea le Yesu Kristo me la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe ale si woawo hã kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo, Yudatɔwo ƒe asi me ene. Esi wowu woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo vɔ la, woklã Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã ɖe atitsoga ŋuti, eye azɔ la, woti míawo hã yome kutɔkutɔe henya mí do goe le dua me. Wotsi tsitre ɖe Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti, eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe vɔvɔ̃ be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe ta. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, esi míedzo le mia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si va yi me la (míaƒe dziwo ya medzo le mia gbɔ o), míedze agbagba ɖe sia ɖe be míagava kpɔ mi ɖa, gake mete ŋu dze edzi o. Edzro mí vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ, eye nye, Paulo, medze agbagba zi geɖe be mava, gake Satana meɖe mɔ na mí o. Nu ka gɔ̃ míele agbe na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ mí, eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la? Miawoe! Ɛ̃, miahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí, ne mí katã míetsi tsitre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkume, ne etrɔ va, elabena miawoe nye míaƒe ŋutikɔkɔe kple dzidzɔ.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mlɔeba la, esi míate ŋu agado dzi o la, míeɖoe be míawo ɖeɖe míatsi Atene, eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe nyanyui la ɖe mi, be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse, eye wòade dzi ƒo na mi, ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya be fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo. Esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míegblɔe na mi do ŋgɔ be fukpekpe kple yometiti ava kpuie abe ale si wòva dzɔe ene. Abe ale si megblɔ va yi ene la, esi míekpɔ be míaƒe mia gbɔ vava le megbe tsim akpa la, míeɖo Timoteo ɖa, be wòakpɔe ɖa be miaƒe xɔse gale te sesĩe mahã. Mevɔ̃ be ɖewohĩ tela va te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedzewo katã zu dzodzro. Azɔ la, Timoteo trɔ gbɔ, eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kpe lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene. Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe dziwo kpɔ akɔfafa, le míaƒe hiãwo kple fukpekpewo me le miaƒe xɔse ta. Elabena míenya azɔ be miele te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me. Aleke míawɔ ada akpe na Mawu wòade eteƒe ɖe mia ta, ɖe dzidzɔ si míekpɔ le míaƒe Mawu la ŋkume le mia ta? Elabena zã kple keli la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta atraɖii; míebiaa Mawu be wòaɖe mɔ be míagakpɔ mi, ale be míate ŋu aɖe kuxi siwo aganɔ fu ɖem na miaƒe xɔse la ɖa. Mawu mía Fofo la ŋutɔ kple míaƒe Aƒetɔ Yesu nagbugbɔ mí ɖo ɖe mia gbɔ eye Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũu agbã go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene. Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple eƒe ame kɔkɔewo. Amen.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mlɔeba la, nɔviwo, míefia ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu la mi, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la, míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã. Mienya nu siwo míeɖo na mi be miawɔ la to Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ me. Elabena enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be mianɔ kɔkɔe; ate ɖa xaa tso ahasiwɔwɔ gbɔ, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ ale si wòaɖu eƒe ŋutilã dzi, eye wòanɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me, ke menye kple fieŋuifieŋui ƒe dzodzro vɔ̃wo, abe ale si trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo o la wɔnɛ ene o. Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpɔmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta, abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene. Elabena Mawu meyɔ mí be míava nye ame ƒoɖi siwo yɔ fũu kple dzodzro vɔ̃wo o, ke boŋ be míanye ame dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo. Nenye be ame aɖe gbe be yemanɔ agbe ɖe ɖoɖo siawo nu o la, menye amegbetɔwo ƒe sewo dzi dam wòle o, ke boŋ Mawu si na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mi la ƒe sewo dzi dam wòle. Meka ɖe edzi be megahiã be magblɔ nya tso dadavilɔlɔ̃ si dze be wòanɔ Mawu ƒe amewo dome la ŋuti o; mienyae xoxo! Elabena Mawu ŋutɔ le nu fiam mi be mialɔ̃ mia nɔewo. Le nyateƒe me la, miaƒe lɔlɔ̃ na nɔvi kristotɔ siwo le Makedonia la kpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be ele alea hã la, míele kuku ɖem na mi be miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe edzi wu. Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene. Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la abu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o. Nɔviwo, nyemedi be mianɔ numanyamanya me le ame siwo ku la ŋu alo miaxa nu abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ mele o la ene o. Míexɔe se bena Yesu ku, eye wògatsi tsitre, eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kple Yesu. Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi be mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la mado ŋgɔ na ame siwo ku la o. Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã. Le esia megbe la, woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe, eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ɣe ka ɣie nu siawo katã ava eme? Nɔvi lɔlɔ̃awo, mehiã be magblɔ nya aɖeke tso ema ya ŋuti o, elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe mí abe ale si fiafitɔ vana le zã me ene. Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene. Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la, nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye womava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o. Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple zã tɔwo o, eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava, eye mianɔ mo xexi. Zã mee amewo dɔa alɔ̃, eye ɣe ma ɣi me kee amewo mua aha. Ke mina mí ame siwo nye kekeliviwo la, míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado, eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene. Mawu meɖo be yeahe eƒe dɔmedzoe ƒe to na mi o, ke boŋ be yeaɖe mí to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi. Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku o, ne etrɔ va la, míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe. Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene. Nɔvi lɔlɔ̃awo, azɔ la, míele biabiam tso mia si be miade bubu ame siwo wɔa dɔ kple vevidodo le mia dome la ŋu, ame siwo wotsɔ ɖo mia nu le Aƒetɔ la me, eye woxlɔ̃a nu mi. Mido kɔkɔ ame siawo le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo. Míele nu xlɔ̃m mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, migbɔ dzi ɖi na ame sia ame. Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo dɔ me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe. Dzi nedzɔ mi ɣe sia ɣi. Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mida akpe le nuwo katã me, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me. Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o. Migado vlo nyagblɔɖiwo o. Mido nu sia nu kpɔ, eye milé ɖe nu si nyo la ŋu. Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi. Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu la nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la. Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi, eya ta awɔe ade goe. Nɔvi lɔlɔ̃awo, mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta. Mido gbe na nɔviwo katã le Kristo me. Mele eƒom ɖe mia nu le Aƒetɔ la ŋkume be woaxlẽ agbalẽ sia na nɔviawo katã. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Zefania, Kusi ƒe vi. Kusi fofoe nye Hezekia, Hezekia fofoe nye Amaria, eye Amaria fofoe nye Gedalia. Gbedeasi la va le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ŋɔli. “Makplɔ nu sia nu si le miaƒe anyigba dzi la ɖa ƒioƒioƒio.” Yehowae gblɔe. “Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa; Matsrɔ̃ dziƒoxeviwo kple lã siwo le atsiaƒu me la hã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo.” “Ne metsrɔ̃ amegbetɔwo katã le anyigba dzi,” Yehowae gblɔe. “Mado nye asi ɖe Yuda kple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ. Maɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia; maɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla siwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa, ame siwo dea ta agu le xɔwo tame hesubɔa dziƒoŋunuwo, hekpe ɖe ame siwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Molek, kple ame siwo trɔ le Yehowa yome, eye womedinɛ alo biaa eta sena o la siaa ŋu.” Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋkume, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Yehowa dzra vɔsa ɖo, eye wòkɔ ame siwo wòkpe la hã ŋuti. “Le Yehowa ƒe vɔsagbea la, mahe to na Yuda ƒe dumegãwo kple fiaviŋutsuwo, kpakple ame siwo ta dutatɔwo ƒe avɔwo. Le ŋkeke ma dzi la, mahe to na ame siwo katã tia kpo flɔa kpui siwo le trɔ̃xɔwo nu, eye woyɔa woƒe trɔ̃xɔwo me kple ŋutasesẽ kple beble.” Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, avifafa aɖi tso Tɔmelãgbo la nu, asiƒunu aɖi tso dua ƒe akpa evelia, eye howɔwɔ gã aɖe aɖi tso togbɛwo dzi. Mifa avi, mi ame siwo le asiɖoƒe ƒe nutowo me, miaƒe asitsalawo katã atsrɔ̃, eye ame siwo katã dzraa klosalonuwo la hã atsrɔ̃. Le ɣe ma ɣi me la, masi akaɖi adi ɖekematsɔlemetɔwo le Yerusalem ahe to na wo, ame siwo le abe wain ƒe aƒe ene, eye wogblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yehowa mawɔ naneke mí, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.’ Woava ha woƒe kesinɔnu gbogboawo adzoe, woagbã woƒe aƒewo, woatso aƒewo, ke womanɔ wo me o, woade waingblewo, ke womano wain tso wo me o.” Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe vɔ, egbɔna kpuie. Miɖo to, le Yehowa ƒe ŋkeke ma dzi la, woado ɣli kple vevesese, aʋawɔlawo ƒe ɣlidodo ade dzi le afi ma. Anye ŋkeke si dzi woatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoe akɔ ɖe anyi; anye hiãgbe kple xaxagbe, anye dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃gbe. Ŋkeke sia anye blukɔ kple vivitidogbe, afu kple tsizidogbe, Anye aʋakpẽkugbe kple aʋaɣlidogbe, ɖe du siwo woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe kple gbetakpɔxɔ siwo le dzogoe dzi ŋu. “Mahe xaxa va ameawo dzi, eye woazɔ abe ŋkugbagbãtɔwo ene, elabena woda vo ɖe Yehowa ŋu. Woƒe ʋu akɔ ɖi abe ʋuʋudedi ene, eye woƒe dɔmenuwo akaka abe gbeɖuɖɔ ene. Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la, woƒe klosalo alo sika mate ŋu aɖe wo o.” Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia xexea me katã, elabena atsrɔ̃ ame siwo katã le anyigba dzi la kpata.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Miƒo ƒu! Miƒo ƒu! O, dukɔ si ŋu mekpena o, hafi ɣeyiɣi si woɖo ɖi la naɖo, eye ŋkeke ma nava gbɔ mi abe atsa ene, hafi Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la nava dziwò, hafi Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke la nava dziwò. Midi Yehowa, mi anyigbadzitɔ siwo katã bɔbɔ mia ɖokui, mi ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Midi dzɔdzɔenyenye, midi ɖokuibɔbɔ; ɖewohĩ woatsyɔ nu mia dzi le Yehowa ƒe dzikuŋkeke la dzi. Gaza azu aƒedo, eye Askelon azu gli gbagbã. Le ŋdɔkutsu me woalɔ Asdod ƒioƒioƒio, eye woaho Ekron kple ke. Baba na mi Keretitɔwo, mi ame siwo le ƒuta; O Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba, Yehowa tsɔ nya ɖe mia ŋu be, “Matsrɔ̃ mi keŋkeŋkeŋ, eye ame aɖeke masusɔ o.” Keretitɔwo ƒe nɔƒe si le ƒuta la, azu alẽkpo kple nɔƒe na alẽkplɔlawo. Anye ame mamlɛ siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe la tɔ, afi mae woakpɔ lãnyiƒe le. Le fiẽ me la, woamlɔ Askelontɔwo ƒe aƒewo me. Yehowa, woƒe Mawu la akpɔ wo ta, eye wòagaɖo wo te. “Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon ƒe viwo ƒe vlododo, ame siwo dzi nye dukɔ, eye woɖo nugbe ɖe woƒe anyigba ŋuti. Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, Zi ale si meli la, woatsrɔ̃ Moab kple Amon abe ale si wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora ene, eye woazu ŋuvedzeɖeƒe kple gbegbe; nye ame siwo susɔ la aha wo, eye woaxɔe le wo si.” Woaxɔ woƒe dada ƒe fetu, elabena woɖu fewu le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dukɔ ŋuti. Yehowa ana nu vɔ̃ɖi geɖe nava wo dzi. Atsrɔ̃ woƒe mawuwo katã kple woƒe ŋusẽ ɖa, eye ame sia ame asubɔe le eƒe anyigba dzi le xexea me godoo. “Mi Kustɔwo, woatsrɔ̃ miawo hã kple yi.” Nenema kee nye anyiehetɔwo hã; atsrɔ̃ Asiria kple eƒe toxɔdu Ninive xɔŋkɔ la gbidigbidi, eye wòanɔ abe dzogbe ene. Du xɔŋkɔ sia azu gbeɖuƒe na alẽhawo. Gbemelã kple xe vovovowo atsɔ teƒe sia awɔ wo nɔƒee. Hlɔ̃madewo aɖe do ɖe afi ma, akagawo kple alugewo awɔ atɔ ɖe eƒe fiasãwo me, eye woadzo ɖe eƒe fesrewo nu anɔ xɔxlɔ̃m; eye akpaviãwo adzo ɖe fiasã la ƒe ʋɔtruwo nu. Mlɔeba la, ʋuƒo nyui siwo wotsɔ wɔ xɔa mee la atsi gota ŋdɔ naɖu. Esiawoe nye nu siwo ava dzɔ ɖe du si kpɔ dzidzedze, eye wòle tomefafa me la dzi. Du sia gblɔ na eɖokui be, “Le xexea me katã la, du aɖeke mekpɔ ŋusẽ de nunye o.” Gake azɔ, mikpɔ ɖa, eyae nye du si gbã gudugudu, zu gbegbe na lãwo kple xewo! Azɔ ame sia ame si ava to eŋuti la ado tsiã, aʋuʋu ta, elabena maxɔe ase o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Baba na du si yɔ fũu kple ŋutasesẽ, aglãdzedze kple ɖiƒoƒo. Mesea ame aɖeke ƒe gbe o, eye melɔ̃na be woagbe nya na ye hã o. Mexɔ Yehowa dzi se o, eye metena ɖe eƒe Mawu la ŋu hã o. Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene. Eƒe nyagblɔɖilawo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wonye ame vɔ̃ɖiwo. Eƒe nunɔlawo do gu kɔkɔeƒe la, eye wodo vlo Mawu ƒe seawo. Ke Yehowae nye dzɔdzɔetɔ le wo dome, eye mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o. Ŋdi sia ŋdi la, eɖea eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go, eye ŋkeke aɖeke medanɛ ƒu o. Gake nu vɔ̃ wɔlawo menya ŋukpe o. “Metsrɔ̃ dukɔ geɖewo, megbã woƒe mɔ sesẽwo, mena woƒe ablɔwo dzi ɖi gbɔlo, eye ame aɖeke megatoa wo dzi o. Woƒe duwo gbã, eye ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ o. Megblɔ na du la be, ‘Azɔ la, àvɔ̃m vavã, eye nàxɔ nye ɖɔɖɔɖo!’ Ekema womagatsrɔ̃ eƒe nɔƒe alo nye tohehe magava edzi o, gake wogatsi dzi ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã. “Ɣe ma ɣi la, makɔ nye amewo ƒe nuyiwo ŋu, ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe kple nusɔsɔe. Tso Kus tɔsisi la godo ke, nye subɔlawo kple nye ame siwo ka hlẽ la, atsɔ woƒe nunanawo vɛ nam. Le ɣe ma ɣi la, ŋu magakpe mi le miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ ɖe ŋunye la ta o, elabena maɖe ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le ɖokuidodoɖedzi ŋuti la ɖa le dua me, ale be dadala aɖeke maganɔ nye to kɔkɔe la dzi o. Ke magblẽ ame siwo nye ame fafawo kple ɖokuibɔbɔɖeanyilawo, ame siwo xɔ nye, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi se la ɖe mia dome. Israel ƒe ame mamlɛawo magawɔ vɔ̃ o, womada alakpa o, eye womakpɔ amebeble le woƒe nu me o. Woaɖu nu, amlɔ anyi, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o.” O Zion vinyɔnu, dzi ha, O Israel, do ɣli, kpɔ dzidzɔ, eye wò dzi nayɔ fũu kple aseyetsotso, O Yerusalem vinyɔnuvi! Yehowa ɖe wò tohehewo ɖa, eye wòna wò futɔwo gbugbɔɖemegbe. Yehowa, Israel ƒe fia la li kpli wò, eya ta vɔ̃wɔame aɖeke mado ŋɔdzi na wò o. Gbe ma gbe la, woagblɔ na Yerusalem be, “Mègavɔ̃ o, O Zion, eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o. Yehowa wò Mawu la li kpli wò, kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye. Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò, atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò, eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi.” “Maɖe konyifafa siwo nɔa miaƒe takpegbewo la ɖa le mia ŋu, elabena wonyea agba kple mokaka na mi. Le ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la, makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu, eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu. Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le. Ɣe ma yi la, maƒo mia nu ƒu; ɣe ma yi me la, makplɔ mi va aƒee. Matsɔ bubu kple kafukafu ana mi le anyigbadzidukɔwo katã dome, nenye be megbugbɔ mi ɖo te le miawo ŋutɔ ƒe ŋkuwo me.” Yehowae gblɔe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Israel ƒe viŋutsu siwo kplɔ Yakob ɖo yi Egipte kple woƒe ƒometɔwoe nye: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon, Benyamin, Dan, Naftali, Gad kple Aser. Ame siwo katã kplɔ Yakob ɖo yi Egipte la anɔ ame blaadre. Yosef ya nɔ afi ma xoxo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef kple nɔviawo katã ku, eye dzidzime ma nu tso. Azɔ la, Israelviwo ƒe dzidzimeviwo dzina kabakaba. Wodzi sɔ gbɔ ale gbegbe be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wozu dukɔ gã aɖe, eye woyɔ anyigba la dzi fũu. Eva eme be fia yeye aɖe va ɖu Egipte dzi, ame si menya Yosef o. Fia sia gblɔ na eƒe amewo be, “Kpɔ ɖa, Israelvi siawo sɔ gbɔ wu mí akpa. Mina míato ayemɔ aɖe dzi atsi nu sia nu. Ne míetsi nu sia nu o, eye aʋa dzɔ la, woade míaƒe futɔwo dzi, awɔ aʋa kpli mí asi adzo le anyigba la dzi.” Ale Egiptetɔwo wɔ Israelviwo woƒe kluviwoe. Wotsɔ dɔdzikpɔla ŋutasẽlawo ɖo wo nu be woana woawɔ dɔ sesẽ, woatu nudzraɖoƒe gãwo ɖe Pitom kple Rameses na Farao. Togbɔ be Egiptetɔwo nɔ fu wɔm Israelviwo, eye wonɔ wo tem ɖe to wu tsã gɔ̃ hã la, Israelviwo ganɔ dzidzim ɖe edzi kokoko! Nu sia gado ŋɔdzi na Egiptetɔwo wu eye wogazi wo dzi wu tsã. Wona agbenɔnɔ ti wo to dɔ sesẽ wɔwɔ le anyikpewo meme kple agbledɔwo wɔwɔ me. Egiptetɔwo na wowɔ dɔ sesẽ siawo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Egipte fia gblɔ na Hebri nyɔnu siwo nye vixelawo, ame siwo ŋkɔwoe nye Sipra kple Pua be, “Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.” Ke vixela siawo vɔ̃a Mawu, eye womewɔ ɖe Egipte fia la ƒe se la dzi o, wona ŋutsuviawo hã tsi agbe. Fia la yɔ vixelawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miegbe nye se la dzi wɔwɔ, eye miena ŋutsuviawo hã le agbe tsim ɖo?” Woɖo eŋu na Farao be, “Aƒetɔ, Hebri nyɔnuwo ƒe vidzidzi tsɔna ale gbegbe be, míeɖoa wo gbɔ hafi wodzia vi le wo ɖokuiwo si o. Woawo ƒe vidzidzi mexɔa ɣeyiɣi abe míaƒe Egipte nyɔnuwo tɔ ene o!” Le esia ta Mawu yra vixelawo. Ale Israelviwo dzi ɖe edzi, eye wokpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Esi vixelawo vɔ̃a Mawu ta la, Mawu na viwo woawo hã. Fia Farao va de se na eƒe amewo katã be, “Miatsɔ ŋutsuvi ɖe sia ɖe si woadzi la aƒu gbe ɖe Nil tɔsisi la me, ke miana nyɔnuviwo ya natsi agbe.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ŋutsu aɖe si nye Levitɔ la ɖe nyɔnu aɖe si hã nye Levitɔ. Nyɔnu la fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Esi nyɔnu la kpɔ be ye viŋutsu la dze ɖeka ŋutɔ la, eɣlae ɖe aƒe me ɣleti etɔ̃. Ke esi wòkpɔ be yemagate ŋu aɣlae wòadidi wu nenema o la, etsɔ aƒla lɔ̃ kusi, eye wòsi aŋɔ ɖe eme ale be tsi mate ŋu age ɖe eme o. Ekɔ ɖevi la mlɔ kusi la me, eye wòtsɔe ɣla ɖe aƒla siwo le Nil tɔsisi la to la me. Ena vidzĩ la nɔvinyɔnu nɔ adzɔge vie ale be wòakpɔ nu si ava dzɔ ɖe ɖevi la dzi. Nu si va dzɔe nye be Fia Farao ƒe vinyɔnu, va tsi le ge le Nil tɔsisi la me. Esi eya kple eƒe dɔlanyɔnuwo nɔ zɔzɔm le tɔsisi la to la, ekpɔ kusi la le aƒlawo me. Edɔ eƒe dɔlanyɔnuawo dometɔ ɖeka ɖa be wòakɔe vɛ. Eʋu kusi la, eye wòkpɔ vidzĩ la le eme! Ɖevi la nɔ avi fam, nu sia wɔ dɔ ɖe fiavinyɔnu la dzi, eye wògblɔ be, “Ɖevi sia nye Hebri ŋutsuviawo dometɔ ɖeka.” Vidzĩ la nɔvinyɔnu te ɖe fiavinyɔnu la ŋu, eye wòbiae be, “Mayi ɖayɔ Hebri nyɔnuawo dometɔ ɖeka wòanyi ɖevi sia na wòa?” Fiavinyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi!” Ale nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, eye wòyɔ vidzĩa dadaa vɛ! Fiavinyɔnu la gblɔ na vidzĩa dadaa be, “Kɔ vidzĩ sia yi aƒe me, na noe nam, eye maxe fe si adze ŋuwò la na wò!” Ale vidzĩ la dada kɔe yi aƒe me, eye wòkpɔ edzi nyuie. Esi ɖevi la tsi la, dadaa kɔe yi na Farao ƒe vinyɔnu la, eye wòzu Via ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Mose, si gɔmee nye “Tɔ mee woɖee tsoe,” elabena egblɔ be tsi mee yeɖee tsoe. Esi Mose tsi, eye wòzu ɖekakpui la, eɖi tsa gbe ɖeka be yeakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ fuwɔame kple teteɖeanyi si te wonɔ. Ekpɔ Egiptetɔ aɖe wòƒo nɔvia Hebritɔ aɖe ƒu anyi. Mose tsa ŋku mlamlamla be yeaka ɖe edzi be ame aɖeke menɔ ye kpɔm o. Ewu Egiptetɔ la, eye wòɖii ɖe ke me. Ke esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa be yeaɖakpɔ ye nɔvi Hebritɔwo ɖa. Ekpɔ Hebritɔ eve wonɔ kɔ dam, eye wòbia ame si di ge la be, “Nu kae nye esi wɔm nèle, hele wò ŋutɔ nɔviwò Hebritɔ ƒom ale?” Ŋutsu sia biae be, “Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèle didim be yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?” Vɔvɔ̃ ɖo Mose, elabena ebu xaa be, “Ɖewohĩ nu si mewɔ la le nyanya me na amewo.” Farao se nya la, eye wòɖe gbe be woalée, awui. Ke Mose si le Farao nu yi ɖe Midianyigba dzi, eye wònɔ anyi ɖe vudo aɖe to. Ɖetugbi adre, ame siwo nye Midian nunɔla ƒe vinyɔnuwo la va be yewoaku tsi ana yewo fofo ƒe alẽha. Ke alẽkplɔla aɖewo va nya wo. Ale Mose tsi tsitre va xɔ na wo, eye wòna tsi woƒe alẽhawo. Esi ɖetugbiawo trɔ yi aƒe me la, wo fofo, Reuel bia wo be, “Nu kae na miekpɔ tsi na alẽwo egbe ya kaba nenema?” Woɖo eŋu nɛ be, “Egiptetɔ aɖee xɔ mí le alẽkplɔla mawo ƒe asi me, eye wòku tsi na míaƒe alẽhawo.” Wo fofo gblɔ na wo be, “Nu ka ta miegblẽe ɖe afi ma ɖo? Miyi miakplɔe vɛ wòaɖu nu kpli mí.” Mose xɔ Reuel ƒe kpekpe la, eye wòlɔ̃ be yeanɔ egbɔ. Reuel tsɔ via si woyɔna be Zipora la nɛ wòɖe. Wodzi ŋutsuvi ɖeka si wona ŋkɔe be Gersom si gɔmee nye “Amedzro,” elabena Mose gblɔ be, “Amedzroe menye le dzronyigba dzi.” Le ƒe aɖewo megbe la, Egipte fia la ku. Israelviwo nɔ konyi fam henɔ hũu ɖem le woƒe kɔkutiwo te le woƒe kluvinyenye ta, eye wonɔ avi fam vevie le Mawu ŋkume. Woƒe avifafa ɖo Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku eƒe ŋugbedodo na Abraham, Isak kple Yakob dzi. Ale Mawu kpɔ Israelviwo ƒe nublanui, eye wòtsɔ ɖe le eme na wo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu. Tete Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le ŋuve aɖe si nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la me. Esi Mose kpɔ be ŋuve la nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la, Mose ɖo ta me be, “Mayi makpɔ nu wɔnuku sia, nu si ta ŋuve la menɔ fiafiam o la ɖa.” Esi Yehowa kpɔ be Mose yi be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve bibi la me be, “Mose, Mose!” Eye Mose tɔ be, “Nye nye esi.” Mawu gblɔ nɛ be, “Mègate va afi sia o. Ɖe wò afɔkpawo da ɖi, elabena anyigba kɔkɔe dzie nèle tsitre ɖo. Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” Mose tsyɔ mo anyi, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Mawu kpɔkpɔ. Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me, eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia. Ɛ̃, Israelviwo ƒe konyifaɣliwo ɖi va ɖo gbɔnye le dziƒo. Mekpɔ dɔ sesẽ siwo Egiptetɔwo ɖona na wo hetsɔ tea wo ɖe toe. Fifia mele dɔ wò ge ɖe Farao gbɔ be nàna be wòaɖe asi le nye dukɔ Israelviwo ŋu, eye nàkplɔ wo ado goe le Egipte.” Mose gblɔ na Mawu be, “Ame ka menye aɖatsi tsitre ɖe Farao ŋkume, agblɔ nɛ be meva Israelviwo ɖe ge tso Egipte?” Mawu gblɔ nɛ be, “Manɔ anyi kpli wò, eye esia anye dzesi si afia be nyee nye ame si le dɔwòm. Ne èkplɔ Israelviwo do goe le Egiptenyigba dzi la, miasubɔ Mawu le to sia dzi.” Ke Mose biae be, “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?” Mawu ɖo eŋu na Mose be, “Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’ ” Mawu gblɔ kpe ɖe eŋu na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ.’ “Esiae nye nye ŋkɔ tegbee, ŋkɔ si woayɔ nam tso dzidzime yi dzidzime si ŋu dɔ woawɔ. “Mawu yi edzi be, ‘Yɔ Israel ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu, eye nàƒo nu na wo tso ale si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia wò le afi sia gblɔ be, Mekpɔ mi ɖa. Mekpɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe mia dzi le Egipte. Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’ “Israelviwo ƒe dumegãwo axɔ wò nya la, ekema woakplɔ wò ayi Egipte fia Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu, va do go mí, eye wòbia tso mía si be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma.’ Ke menya be Egipte fia mana mɔ mi be miayi o, negbe ɖeko asi sesẽ aɖe zi edzi hafi. Eya ta mado nye asi ɖa ɖe Egipte ŋu, atsrɔ̃ wo kple nye nukunu siwo mawɔ le wo dome, ekema ana miayi. “Makpɔ egbɔ be Egiptetɔwo tsɔ nunanawo na mi gleglegle le miaƒe dzodzoɣi ale be miadzo kple asi gbɔlo o! Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ke Mose gblɔ be, “Womaxɔ dzinye ase o! Womawɔ nu si magblɔ na wo be woawɔ o. Woagblɔ be, ‘Yehowa meɖe eɖokui fia wò o!’ ” Yehowa biae be, “Nu kae nye ema le asiwò?” Mose ɖo eŋu be, “Alẽkplɔla ƒe atikplɔe.” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba.” Mose ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba, eye wòtrɔ zu da; tete Mose si le egbɔ. Yehowa gblɔ nɛ be, “Lé eƒe asike!” Mose lé da la ƒe asike, eye wògazu atikplɔ ɖe esi! Yehowa gblɔ nɛ be, “Wɔ esia ekema woaxɔ dziwò ase, ekema woadze sii be Yehowa, wo fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawue ɖe eɖokui fia wò nyateƒe.” Azɔ Yehowa gblɔ be, “Tsɔ wò asi de wò axatome.” Eye Mose tsɔ eƒe asi de axatome. Esi wòɖe asi ɖa la, eƒe asi dze kpodɔ hefu kpĩi. Yehowa gagblɔ nɛ be, “Gatsɔ wò asi de wò axatome.” Esi wògawɔ esia, eye wògaɖe asi ɖa la, dɔvɔ̃ɖi la bu le eŋu; eƒe asi ganɔ abe tsã ene! Yehowa gblɔ be, “Ne womexɔ nukunu gbãtɔ dzi se o la, woaxɔ evelia dzi ase. Ne womeɖo to wò le dzesi eve siawo megbe o la, ekema ku tsi tso Nil tɔsisi la me kɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi, eye wòatrɔ azu ʋu.” Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.” Yehowa biae be, “Ame kae wɔ nuwo na amewo? Menye nye, Yehowae oa? Ame kae wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ, alo nukpɔla, alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowae oa? Azɔ la, yii, elabena makpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si nàgblɔ la na wò.” Ke Mose gagblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ame bubu aɖe ɖa.” Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, nɔviwò Aron, Levitɔ la, ƒoa nu nyuie, egbɔna ava di wò le afi sia. Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ wò, eya ta magblɔ nu si nàgblɔ nɛ la na wò. Makpe ɖe mi ame evea ŋu be miaƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si miagblɔ la na mi. Eyae anɔ tewòƒe, eye wòaƒo nu na ameawo. Wò la, ànɔ nɛ abe Mawu ene, gake tsɔ wò atikplɔ la ɖe asi ale be nàte ŋu awɔ nukunu siwo mefia wò la kplii.” Mose trɔ yi aƒe me; edzro nya la me kple toa, Yetro, hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, ɖe mɔ nam matrɔ ayi nye ƒometɔwo gbɔ le Egipte ne makpɔe ɖa be wogale agbe mahã?” Yetro ɖo eŋu be, “Yi faa, nye yayrawo le yowòme.” Hafi Mose nadzo le Midian la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi Egipte, elabena ame siwo katã di be yewoawu wò la, ku xoxo.” Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ! Yehowa gblɔ nɛ be, “Ne èɖo Egipte la, ele na wò be nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàwɔ nukunu siwo mena ŋusẽ wò be nàwɔ. Ke mana wòasẽ dzi me: maɖe asi le ameawo ŋu be woadzo o. Ekema, ele na wò be nàgblɔ na Farao be, ‘Yehowa be, Israel dukɔ lae nye nye ŋutsu ŋgɔgbevi. Meɖoe na wò be nàna wòadzo aɖasubɔm, ke ègbe toɖoɖo. Kpɔ ɖa, mawu wò ŋgɔgbevi.’ ” Esi Mose kple srɔ̃a kpakple wo viwo nɔ mɔa zɔm la, wotsi teƒe aɖe dɔ. Yehowa ɖe eɖokui fia Mose, eye wòdo ŋɔdzi nɛ be yeawui. Ke Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ aɖe lã via ƒe aʋanuyi, eye wòtsɔe ka Mose ƒe afɔwo ŋu hegblɔ be, “Nyateƒee, ènye ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nam.” Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃,” eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.) Azɔ la, Yehowa gblɔ na Aron be, “Yi gbedzi ne nàkpe Mose.” Ale Aron zɔ mɔ yi Mawu ƒe to, Horeb gbɔ ɖado go Mose le afi ma, eye wògbugbɔ nu nɛ. Mose gblɔ nu siwo Yehowa ɖo na wo be woawɔ kple nya siwo woagblɔ la na Aron. Eƒo nu tso nukunu siwo woawɔ le Farao ŋkume la hã ŋu nɛ. Ale Mose kple Aron wotrɔ va Egipte. Wowɔ takpekpe kple Israel ƒe dumegãwo. Aron gblɔ nu siwo Yehowa gblɔ na Mose la na wo, eye Mose wɔ nukunuawo wokpɔ. Dumegãwo xɔe se be Yehowae ɖo wo ɖa nyateƒe. Esi wose be Yehowa va kpɔ wo ɖa, kpɔ woƒe nublanuitɔnyenye, eye wòɖo ta me be yeaɖe wo la, wode ta agu, eye wosubɔe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le takpekpe wɔwɔ kple Israel ƒe dumegãwo vɔ megbe la, Mose kple Aron woyi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi gbedzi aɖaɖu ŋkekenyui nam.’ ” Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.” Mose kple Aron woƒoe ɖe Farao nu be, “Hebritɔwo ƒe Mawu la do go mí, ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, eye míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma. Ne míeɖo to eƒe gbe o la, dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi futɔwo ƒe yi nu.” Ke Egipte fia gblɔ be, “Mose kple Aron, nu ka ta miele ameawo ɖem ɖa tso woƒe dɔ gbɔ? Mitrɔ yi miaƒe dɔ gbɔ!” Farao gagblɔ be, “Kpɔ ɖa, amewo sɔ gbɔ le anyigba la dzi, eye miele wo ɖem ɖa le woƒe dɔwo gbɔ.” Gbe ma gbe la, Farao ɖe gbe na dɔdzikpɔla kple dɔnunɔla siwo le ameawo nu be, “Migana gbe ƒuƒu Israelviwo azɔ na anyikpeawo meme o; mina woayi aɖadi woawo ŋutɔ ƒe gbe ƒuƒu. Ke mina woagame anyikpe xexlẽme si womena tsã la; migaɖe edzi na wo o. Kuviatɔwo wonye, eya ta wole ɣli dom be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na míaƒe Mawu’ Mina woƒe dɔ nagasẽ na wo wu tsã ale be woagayi dɔwɔwɔ dzi. Migaɖo to woƒe alakpanyawo o.” Ale dɔdzikpɔlawo kple dɔnunɔlawo yi ɖagblɔ na ameawo be, “Nya si Farao gblɔe nye, ‘Nyemagana gbe ƒuƒu mi azɔ o. Miyi ne miawo ŋutɔ miadi gbe ƒuƒu le afi sia afi si miakpɔe le, ke womaɖe miaƒe dɔ dzi kpɔtɔ le go aɖeke me o.’ ” Ale Israelviwo kaka ɖe Egiptenyigba la katã dzi henɔ gbe ƒuƒu dim. Dɔdzikpɔlawo sẽa ŋuta le wo ŋu, woɖea gbe na wo be, “Mime anyikpewo woasɔ gbɔ gbe sia gbe abe tsã ene.” Woƒoa Israelviwo ƒe dɔnunɔla siwo Farao ɖo wo nu, eye wobluna ɖe wo ta be, “Nu ka ta mieme anyikpe xexlẽme si wòle be miame etsɔ alo egbe abe tsã ene o?” Ale Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo yi Farao gbɔ heƒo koko nɛ be, “Nu ka ŋuti nèle wò dɔlawo wɔm alea? Womeganaa gbe ƒuƒu wò dɔlawo o, ke wobia tso mía si be, ‘Mime anyikpewo!’ Woƒoa wò dɔlawo le esime vodada la tso wò ŋutɔ wò amewo gbɔ, wònye miaƒe dɔdzikpɔlawoe le dɔ manyatanu ɖom na mí.” Farao ɖo eŋu be, “Kuviatɔwo mienye, eya ta miele gbɔgblɔm be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na Yehowa.’ Mitrɔ yi miaƒe dɔwo gbɔ, womana gbe ƒuƒu aɖeke mi o, gake ele be miame anyikpe xexlẽme si miemena gbe sia gbe tsã la kokoko!” Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo kpɔe be nu sesẽwo ɖi kpe yewo nyateƒe be womaɖe yewoƒe gbe sia gbe kpememe la dzi na yewo o. Mose kple Aron wonɔ wo lalam le fiasã la godo esi me wodzo le Farao gbɔ. Esi wodo go wo la, wogblɔ na Mose kple Aron be, “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu mi be miena míeɖi nu ʋeʋĩwo le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye be miena mɔnukpɔkpɔ wo be woawu mí.” Tete Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ be, “O, Yehowa, nu ka ta nèhe fukpekpe sia va ame siawo dzii? Esia tae nèdɔm ɖoa? Tso esime megblɔ wò gbedeasi la na Farao ko la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le ameawo ŋu wu tsã; mèɖe wo tso woƒe fukpekpewo me kura o!”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, àkpɔ nu si mawɔ Farao. Le nye alɔ sesẽ la ta, anya wo ado goe, eye le nye asi sesẽ la ta, ado mɔ wo.” Mawu gagblɔ na Mose be, “Nyee nye Yehowa. Meɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ene, ke nye ŋkɔ, Yehowa la, nyemeyɔe na wo o. Mewɔ nubabla tɔxɛ aɖe kpli wo. Le nubabla sia ƒe ɖoɖowo nu la, medo ŋugbe be matsɔ Kanaanyigba, afi si wonɔ abe amedzrowo ene la na wo. “Gawu la, mese Israelviwo ƒe konyifafa esi wonye kluviwo fifia le Egipte. Meɖo ŋku nye nubabla la dzi. “Eya ta gblɔ na Israel ƒe dzidzimeviwo be, ‘Nyee nye Yehowa, maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te, mana ablɔɖe mi tso kluvinyenye na wo me, eye maɖe mi kple alɔ sesẽ kple nukunu triakɔwo. Maxɔ mi abe nye amewo ene, manye miaƒe Mawu, mianyae be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ mi ayi anyigba si mekɔ asi dzi ka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa.’ ” Mose gblɔ nya siawo na Israelviwo, ke womeɖo toe o, le woƒe dziɖeleameƒo kple ŋutasesẽ kple kluvimenɔnɔ ta. Yehowa gaƒo nu na Mose, gblɔ nɛ bena, “Gayi Farao, Egipte fia gbɔ eye nàgblɔ nɛ be, ele be wòaɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le eƒe anyigba dzi.” Ke Mose ɖe ɖeklemi Yehowa hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, ne Israelviwo maɖo tom o la, aleke Farao ya aɖo tom, elabena nyemenye nuƒola nyui hã o.” Tete Yehowa ɖe gbe na Mose kple Aron tso Israelviwo kple Farao, Egipte fia ŋu gblɔ na wo be woakplɔ Israelviwo ado goe tso Egipte. Ame siwo nye ƒometatɔ na Israel ƒe to vovovoawoe nye: Ruben, Israel ƒe viŋutsu tsitsitɔ ƒe viwo: Hanok, Palu, Hezron, Karmi. Esiawoe nye Reuben ƒe towo. Simeon ƒe viwoe nye: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar, Saul, ame si dada nye Kanaan nyɔnu. Esiawoe nye Simeon ƒe towo. Ame siwo nye ƒometatɔ na Levi ƒe ƒome la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe tsitsi nu. Gerson, Kohat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137). Gerson ƒe viwoe nye: Libni, Simei kple woƒe hlɔ̃wo. Kohat ƒe viwo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel. Kohat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ (133). Merari ƒe viwo: Mahli kple Musi. Ame siwo ŋkɔ woyɔ va yi la tso Levi ƒe ƒome me, eye woɖo wo ɖe tsitsi nu. Amram ɖe Yoxebed, fofoa nɔvinyɔnu; wo viwoe nye Mose kple Aron. Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137). Izhar ƒe viwo: Korah, Nefeg kple Zikri. Uziel ƒe viwo: Misael, Elzafan kple Sitri. Aron ɖe Eliseba, Aminadab ƒe vinyɔnu kple Nahson nɔvinyɔnu. Wo viwoe nye, Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar. Korah ƒe viwoe nye: Asir, Elkana kple Abiasaf. Ame siawoe wɔ ƒome siwo tso Korah ƒe hlɔ̃ me. Aron ƒe viŋutsu, Eleaza, ɖe Pituel ƒe vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, eye Finehas nye viawo dometɔ ɖeka. Esiawoe nye Levitɔwo ƒe ƒomewo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo katã kple ƒome siwo nɔ hlɔ̃awo me. Aron kple Mose, siwo ƒe ŋkɔwo woyɔ ɖe dzidzimegbalẽ sia me la nye: Aron kple Mose, ame siwo Yehowa gblɔ na be, “Mikplɔ Israelviwo katã dzoe le Egiptenyigba dzi.” Woawoe yi Egipte fia Farao gbɔ be yewoabia mɔ hena Israelviwo kpɔkplɔ dzoe le Egiptenyigba la dzi, wonye Mose kple Aron. Azɔ esi Yehowa ƒo nu na Mose le Egipte la, egblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa. Gblɔ nya sia nya si megblɔ na wò la na Egipte fia Farao.” Ke Mose gblɔ na Yehowa be, “Aleke Farao aɖo tom esi nyemenya nuƒoƒo o?”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu Aron abe wò nyagblɔɖila ene. Gblɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò la na Aron. Eya agblɔe na Farao, eye wòabia be Farao naɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le Egipte. Ke mana Farao nasẽ dzi me, agbe. Ekema magawɔ dzesi dziŋɔ geɖewo le Egiptenyigba dzi. Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi. Ekema Egiptetɔwo adze sii be le nyateƒe me la, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia Egiptetɔwo, eye mekplɔ Israelviwo dzoe le wo dome.” Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo. Mose xɔ ƒe blaenyi, eye Aron xɔ ƒe blaenyi-vɔ-etɔ̃ le ɣeyiɣi sia me, esi wodo ɖe Farao ŋkume. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.” Ale Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ nukunu la abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Aron ɖe asi le eƒe atikplɔ ŋu da ɖe anyigba le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye wòzu da. Tete Farao yɔ eƒe nunyalawo kple afakalawo kple Egipte ƒe akunyawɔlawo. Woawo hã te ŋu wɔ nu ma ke kple woƒe akunyawɔwɔ! Woawo hã ƒe atikplɔwo trɔ zu dawo esi wotsɔ wo da ɖe anyigba. Ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi. Farao gasẽ dzi me kokoko, eye meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔ do ŋgɔe ene. Yehowa gblɔ na Mose be, “Farao ƒe dzi me sẽ, eye wògbe be yemaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o. “Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi. Gblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gaɖom ɖa be mana nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye le gbedzi.’ Gake va se ɖe fifi meɖo tom o. Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu! Tɔmelãwo aku, eye tsi la aʋẽ ale be Egiptetɔwo magalɔ̃ be yewoanoe o.’ ” Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ” Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo be woawɔ. Aron ƒo Nil tɔsisi la kple eƒe atikplɔ la, eye tɔsisi la trɔ zu ʋu le Farao kple eŋumewo katã ŋkume. Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi. Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo hã wɔ woƒe nunya ɣaɣlawo ŋu dɔ, eye woawo hã wotrɔ tsi wòzu ʋu. Nu sia na Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko. Meɖo to Mose kple Aron o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene tututu. Mose kple Aron ƒe wɔnawo mewɔ dɔ aɖeke ɖe edzi o; etrɔ yi eƒe fiasã me. Egiptetɔwo ɖe vudowo ɖe tɔsisi la to be yewoakpɔ tsi nono, elabena womate ŋu ano tɔsisi la me tsi o. Nil tɔsisi la trɔ zu ʋu ŋkeke adre sɔŋ esi Yehowa gblẽe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si. Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. Ne ègbe la, maɖo akpɔkplɔwo ƒe hatsotso gãwo ɖa woava xɔ wò anyigba la dzi tso liƒo ɖeka dzi yi bubu dzi. Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me. Akpɔkplɔawo ata le wò ŋutɔ, wò amewo kple ŋuwòmewo katã dzi.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be wòado eƒe atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo katã dzi le Egipte.” Aron wɔ nu sia, eye akpɔkplɔwo xɔ anyigba blibo la dzi. Ke akunyawɔlawo hã tsɔ woƒe ayemenuwɔwɔwo wɔ nenema, eye woawo hã na akpɔkplɔwo do ɖe anyigba la dzi. Tete Farao yɔ Mose kple Aron, heƒo koko na wo be, “Miɖe kuku na Yehowa be wòaɖe akpɔkplɔawo ɖa, ekema maɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasa vɔ nɛ.” Mose gblɔ be, “Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko.” Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o. Akpɔkplɔawo katã atsrɔ̃ negbe esiwo le tɔsisi la me ko.” Ale Mose kple Aron wodzo le Farao gbɔ. Mose ɖe kuku na Yehowa le akpɔkplɔ siwo wòɖo ɖa la ŋu. Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si Mose do na Farao la dzi. Akpɔkplɔ kukuwo yɔ duwo godo kple aƒewo me siaa. Woli kɔ wo gleglegle, eye wohe ʋeʋẽ sẽŋu aɖe va anyigba blibo la dzi. Ke esi Farao kpɔ be woɖe akpɔkplɔawo ɖa ko la, egasẽ dzi me, eye wògbe asiɖeɖe le ameawo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ ƒo anyigba, eye ke siwo katã le Egiptenyigba dzi la atrɔ azu muwo.’ ” Mose kple Aron wowɔ nu si Mawu ɖo na wo la. Tete muwo xɔ Egiptenyigba blibo la dzi enumake, eye woƒo kɔ ɖe amewo kple woƒe lãwo katã dzi. Akunyawɔlawo dze agbagba be yewo hã yewoawɔ nu ma ke kple woƒe nunya ɣaɣlawo, gake azɔ ya la, womete ŋui o, eye muawo ɖu amewo kple lãwo siaa. Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. Ne ègbe la, maɖo togbatowo ƒe ha gã aɖe ɖa woava Egiptenyigba blibo la dzi, axɔ wò kple wò dumegãwo kple wò amewo ƒe aƒewo me. Ale Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbatowo, eye woayɔ anyigba la ƒe afi sia afi. “ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi, elabena made vovototo wò amewo kple nye amewo dome. Dzesidede siawo katã ava eme etsɔ.’ ” Yehowa wɔ abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha gã aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi. Farao yɔ Mose kple Aron enumake hegblɔ na wo be, “Enyo; miyi miasa vɔ na miaƒe Mawu la, gake misa vɔ la le afii, le anyigba sia dzi, migayi gbedzi o.” Ke Mose ɖo eŋu be, “Eya masɔ o! Egiptetɔwo lé fu míaƒe vɔsawo. Ne míasa vɔ na Yehowa míaƒe Mawu le woƒe ŋkuta la, woawu mí. Ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, asa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma, abe ale si wòɖo na mí ene.” Farao ɖo eŋu be, “Enyo, maɖe mɔ na mi be miayi aɖasa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la, gake migayi didiƒe sãa o. Azɔ la, miɖe abla miaɖe kuku na miaƒe Mawu la ɖe tanye.” Mose lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Ne medzo le gbɔwò la, mabia Yehowa be wòana togbatoawo katã nabu. Ke mele nya gbem na wò be mègable mí azɔ, ado ŋugbe na mí be yeaɖe asi le ameawo ŋu, eye emegbe nàgatrɔ susu o.” Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa be wòaɖe togbatoawo ɖa. Eye Yehowa wɔ nu si Mose bia. Togbatoawo dzo le Farao kple eŋumewo kple eƒe amewo gbɔ; wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meganɔ anyi o. Ke fifia gɔ̃ hã la, Farao gasẽ dzi me, eye melɔ̃ be yeaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Trɔ nàyi Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la be nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye. Ne miegbe asiɖeɖe le wo ŋu, eye miezi wo dzi la, ekema Yehowa ƒe asi ahe dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe ava miaƒe lãha siwo le gbedzi la dzi, ava miaƒe sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo kple gbɔ̃wo siaa dzi. Gake Yehowa ade vovo Israelviwo kple Egiptetɔwo ƒe lãhawo dome, ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’ ” Yehowa ɖo ɣeyiɣi, eye wògblɔ be, “Etsɔ si gbɔna la, Yehowa awɔ nu sia le anyigba sia dzi.” Eye Yehowa na wòva eme. Esi ŋu ke ŋdi la, Egiptetɔwo ƒe lãwo katã de asi kuku me, ke Israelviwo tɔwo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meku o. Farao dɔ ame ɖa be woakpɔe be Israelviwo ƒe lãwo ya tsi agbe mahã. Togbɔ be woɖi ɖase nɛ be nyateƒee hã la, metrɔ eƒe tameɖoɖo la o. Egagbe asiɖeɖe le ameawo ŋu kokoko! Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Milɔ dzowɔ asiʋlo aɖewo tso kpo me, eye Mose nawui ɖe yame le Farao ŋkume. Dzowɔ la akaka abe ʋuʋudedi ene ɖe Egiptenyigba blibo la dzi, eye wòana ƒoƒoe nate amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi.” Ale woɖe dzowɔ tso kpo me, eye woyi Farao gbɔ. Esi Farao nɔ wo kpɔm la, Mose wu dzowɔ la ɖe yame, eye wòzu ƒoƒoe te amewo kple lãwo siaa le anyigba blibo la dzi. Akunyawɔlawo mete ŋu tɔ ɖe Mose ŋkume o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te Egiptetɔwo katã. Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, ale wògagbe nusese abe ale si Yehowa gblɔe na Mose da ɖi ene. Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ ŋdi kanya, nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye si, Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm. Ne menye nenema o la, fifia ya la, maɖo nye dɔvɔ̃ ɖe mia dome kple ŋusẽ blibo, wòagblẽ nu le wò ŋutɔ, wò dumegãwo kple wò amewo ŋuti ale be mianyae be ame aɖeke megale anyigba blibo la dzi abe nye ene o. Anye ne le ɣeyiɣi sia me la, medo nye asi ɖa, gblẽ nu le wò kple wò amewo ŋu kple dɔvɔ̃ aɖe si ate ŋu atsrɔ̃ mi katã ɖa le anyigba la dzi hafi. Gake meɖe miaƒe agbe le susu sia ta be maɖe nye ŋusẽ afia mi, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi. Ke ègatsi tsitre ɖe nye ameawo ŋu kokoko, eye nègbe be yemaɖe asi le wo ŋu woadzo o, eya ta le etsɔ ɣeyiɣi sia tututu la, maɖo kpetsi vɔ̃ɖitɔ ɖa wòadza ɖe dukɔ blibo la dzi. Kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ tso esime woɖo Egipte gɔme anyi o. Ɖe gbe na ameawo azɔ be, woakplɔ wò lãhawo kple nu siwo katã le asiwò le gbedzi la ava de kpo me, elabena kpetsi la adza ɖe amewo kple lã siwo womekplɔ va aƒe me o la siaa dzi, eye wo katã woaku.’ ” Yehowa ƒe nya siawo do ŋɔdzi na Egiptetɔ aɖewo ale gbegbe be wokplɔ woƒe lãwo kple kluviwo de xɔ me. Ke ame siwo mebu Yehowa ƒe nya nanekee o la gblẽ woƒe lãwo ɖe gbedzi. Yehowa gagblɔ na Mose be, “Fia asi dziƒo, eye nàna kpetsi la nadza le Egiptenyigba blibo la dzi, ɖe amewo, atiwo kple lãwo siaa dzi.” Ale Mose do asi ɖe dzi, eye Yehowa ɖo dziɖegbe kple kpetsi kple dzikedzo ɖa. Nu sia dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ, kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ le Egiptenyigba blibo la dzi esi wòzu dukɔ o. Nu geɖewo gblẽ le Egipte. Nu sia nu si tsi gbedzi, amewo kple lãwo siaa woku; atiwo ta ŋe, eye agblemenuwo katã gblẽ. Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ. Farao ɖo du ɖe Mose kple Aron, eye wòʋu eme na wo be, “Medze si nye vodada azɔ, Yehowa tɔ dzɔ. Nye kple nye amewo míeda vo tso gɔmedzedzea va se ɖe fifia. Miɖe kuku na Yehowa be, wòatsi dziɖegbe kple kpetsi dziŋɔ sia nu, ekema mana miadzo enumake.” Mose ɖo eŋu be, “Enyo, ne medo le dua me teti ko la, make nye abɔwo me do ɖe Yehowa gbɔ, ekema dziɖegbe la kple kpetsi la nu atso. Esia afia wò be Yehowae le xexea me dzi ɖum. Ke le wò ŋutɔ kple ŋuwòmewo gome la, menya be fifia gɔ̃ hã la, mieɖoa to Yehowa Mawu o.” (Kpetsi la gblẽ ɖetifu kple lu o, elabena lu la ɖi, eye ɖetifu la hã ƒo se xoxo hafi, ke lu kple bli ya megblẽ o, elabena woawo metse haɖe o.) Ale Mose dzo le Farao gbɔ. Esi wòdo go le dua me la, edo eƒe asiwo ɖe dziƒo na Yehowa. Dziɖegbe kple kpetsi la nu tso, eye tsi hã dzudzɔ dzadza. Esi Farao kpɔ be tsidzadza, kpetsi kple dziɖegbe la tɔ la, egawɔ nu vɔ̃; eya kple eƒe dumegãwo sẽ woƒe dzi me. Ale Farao ƒe dzi me gasẽ, eye wògbe asiɖeɖe le Israelviwo ŋu abe ale si Yehowa gblɔe to Mose dzi ene.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgatsɔ wò biabia la ɖo eŋkume. Ke mana eya kple eƒe aɖaŋudelawo ƒe dzi me nagasẽ kokoko ale be mate ŋu awɔ nukunu bubuwo, eye maɖe nye ŋusẽ afia. Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.” Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm. Ne ègbe asiɖeɖe le ameawo ŋu la, mahe ʋetsuviwo va wò anyigba la dzi etsɔ. Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi. Woayɔ wò aƒewo me, wò dumegãwo ƒe aƒewo me kple Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me, nu si mia fofowo loo alo mia tɔgbuiwo mekpɔ kpɔ, tso gbe si gbe wova anyigba sia dzi va se ɖe fifia o.’ ” Ale Mose trɔ dzo le Farao ŋkume. Farao ƒe aɖaŋudelawo va Farao gbɔ azɔ, eye wobiae be, “Ɖe nèdi be yeatsrɔ̃ mí gbidigbidia? Ɖe mènya be fifia gɔ̃ hã la, nu sia nu gblẽ le Egipte oa? Ɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.” Wokplɔ Mose kple Aron va Fia Farao gbɔ. Farao gblɔ na wo azɔ be, “Enyo, miyi miasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la. Ke ame kawoe miedi be woayi kpli mi?” Mose ɖo eŋu be, “Míayi kple mía viŋutsuwo, mía vinyɔnuwo kple míaƒe lãwo, elabena ŋkekenyui ɖu ge míeyina na Yehowa.” Farao yi edzi be, “Yehowa naɖi na mi, nyemaɖe asi le mia kple mia viwo ŋu miayi o. Eme kɔ ƒãa be nu gbegblẽ aɖee mieɖo ɖe ta me. Mi ŋutsuwo ɖeɖe ko, miyi miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye nu si miebia.” Ale wonya wo ɖa le Farao ŋkume. Yehowa gblɔ na Mose be, “Keke wò asiwo ɖe Egiptenyigba la dzi, ne ʋetsuviwo nado, woaxɔ anyigba blibo la dzi, eye woaɖu nu sia nu si kpetsi la gblẽ ɖi.” Mose do eƒe atikplɔ ɖe dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya aɖe ƒo le ŋkeke kple zã blibo la me. Esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la he ʋetsuviwo vɛ. Ʋetsuviawo xɔ anyigba la dzi tso liƒo dzi yi liƒo dzi. Esiae nye ʋetsuviwo ƒe vava vɔ̃ɖitɔ le Egipte ƒe ŋutinya blibo la me, eye etɔgbi magava akpɔ o, elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o. Farao ɖo du sesẽ aɖe ɖe Mose kple Aron enumake, eye wògblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu kple miawo ŋutɔ hã ŋu. Migatsɔ nye nu vɔ̃ kem zi mamlɛtɔ sia ko, eye miaɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la be wòaɖe fukpekpe vɔ̃ɖi sia ɖa le dzinye.” Le esia ta Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa, eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o! Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, eye meɖe asi le Israelviwo ŋu o. Yehowa gblɔ na Mose be, “Do wò asi ɖe dziƒo ekema viviti tsiɖitsiɖi ado ɖe Egiptenyigba la dzi.” Mose wɔ alea, eye blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe do ɖe Egiptenyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Egiptetɔwo megatea ŋu ʋãna o, le esime kekeli nɔ Israelviwo gbɔ abe tsã ene. Farao yɔ Mose, eye wògblɔ nɛ be, “Miyi miasubɔ Yehowa, gake miagblẽ miaƒe lãwo ɖe afi sia. Miate ŋu akplɔ mia viwo gɔ̃ hã ayii.” Mose ɖo eŋu be, “Kpao, ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayi hena vɔsa kple numevɔsa na Yehowa, míaƒe Mawu la. Míagblẽ lã aɖeke ɖi o, eye lã aɖeke ƒe afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o, elabena ele be míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la, eye míate ŋu anya lã siwo wòatia o, va se ɖe esime míaɖo afi ma.” Ale Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ, eye meɖe asi le ameawo ŋu o. Farao blu ɖe Mose ta be, “Bu le afi sia kaba! Mègana makpɔ wò mo azɔ gbeɖegbeɖe o. Gbe si gbe nàgado ɖe nye ŋkume la, ku kee nàku.” Mose ɖo eŋu be, “Enyo; mesee. Nyemagado ɖe wò ŋkume azɔ o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Magaɖo fuwɔame ɖeka pɛ ko ɖe Farao kple eƒe anyigba la dzi. Le esia megbe la, Farao aɖe asi le mia ŋu miadzo. Le nyateƒe me la, atsi dzi be miadzo ale gbegbe be wòanya mi le eƒe anyigba la dzi. Gblɔ na Israel ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woadzra ɖo hena sikanuwo kple klosalonuwo ɣeɣe le wo xɔlɔ̃ siwo nye Egiptetɔwo la si.” Elabena Yehowa na Egiptetɔwo lɔ̃ Israelviwo, eye Mose nye amegã aɖe le Egiptenyigba dzi; Farao ŋumewo kple Egiptetɔ bubuawo siaa bunɛ. Azɔ la, Mose na nyanya Farao be, “Yehowa be, ‘Mato Egiptenyigba la katã dzi le zãtitina. Ŋutsuvi tsitsiwo katã aku le ƒome ɖe sia ɖe me le Egipte, tso Farao ƒe viŋutsu tsitsitɔ, ame si aɖu fia ɖe eteƒe la dzi va se ɖe eƒe kluvi gblɔetɔ kekeake ƒe viŋutsu tsitsitɔ dzi. Gawu la, lãwo gɔ̃ hã ƒe ŋgɔgbeviwo hã aku. Konyifaɣli aɖi to Egiptenyigba blibo la dzi. Konyifafa sia tɔgbi menɔ anyi kpɔ o, eye etɔgbi magadzɔ akpɔ o. “ ‘Ke avu aɖeke mawó gɔ̃ hã ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu o, eye woƒe lã aɖeke hã maku o.’ Ekema mianya be Yehowa de vovototo Egiptetɔwo kple Israelviwo dome! Wò aɖaŋudela siawo katã aƒu du ava tum, woade ta agu, eye woaƒo koko be, ‘Míeɖe kuku, midzo enumake, eye mikplɔ miaƒe amewo katã dzoe.’ Nya sia koe adzɔ hafi madzo!” Mose do dɔmedzoe, eye wòdzo le fiasã la me. Yehowa gblɔ na Mose do ŋgɔ be, “Farao maɖo to wò o. Nu sia ana mɔnukpɔkpɔm be mawɔ nukunu gãwo atsɔ aɖe nye ŋusẽ afia le Egipte.” Ale togbɔ be Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo le Farao ŋutɔ ƒe ŋkuta gɔ̃ hã la, Yehowa gana Farao gasẽ dzi me kokoko, ale be mena Israelviwo dzo le anyigba la dzi o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte be, “Tso azɔ dzi yina la, ɣleti siae anye gbãtɔ kple ɣleti vevitɔ wu na mi le ƒea me. Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu. Ne aƒekɔ aɖe le sue akpa na alẽvi blibo ɖeka ɖuɖu la, woama alẽvi la kple woƒe aƒelika si te ɖe wo ŋu wu le woƒe agbɔsɔsɔ nu. Ele be miabu alẽvi siwo ŋu dɔ woawɔ la ŋu le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ nu, ɖe nu si ame sia ame aɖu la nu. Alẽ alo gbɔ̃ sia anye atsu si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eƒe akpa aɖeke ŋu o. Miakpɔ wo dzi va se ɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, esi Israelviwo katã awu woƒe lãwo le fiẽ me, woatsɔ woƒe ʋu asi na woƒe ʋɔtrua ƒe axadziti eveawo kple ʋɔtrua ƒe tameti le aƒe ɖe sia ɖe si me woaɖu alẽviawo le. Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã. Migaɖui mumu alo aɖae hafi aɖu o, ke boŋ mimee dɔnogoe, ta kple afɔwo siaa. Migagblẽ lã la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. Ne miete ŋu ɖu wo katã gbe ma gbe ƒe fiẽ o la, ele be miatɔ dzo esi susɔ. Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye. “Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa. Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o. “Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe. Miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre. Le ŋkeke adreawo katã me la, ele be miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã ko. Woaɖe ame sia ame si agbe se sia dzi wɔwɔ le ŋkeke adreawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã me la le Israelviwo ƒe hame. Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ dzi la, ameha la katã ade takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke siawo dzi o, negbe nuɖaɖa ko. “ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime. Abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko woaɖu tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ va se ɖe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe fiẽ. Mele be amɔʋãtike aɖeke nanɔ miaƒe aƒewo me le ŋkeke adre siawo me o. Woaɖe ame sia ame si aɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã le ɣeyiɣi sia me la le Israelviwo ƒe hame. Ele be amedzro siwo le mia dome kple dzɔleaƒeawo siaa nalé se sia me ɖe asi. Megale egblɔm be, le ŋkeke adre mawo me la, mele be miaɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ƒe ɖeke o: miɖu nu si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko le afi sia afi si mianɔ.” Ale Mose yɔ Israelviwo ƒe ametsitsiwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miyi mialé alẽwo tso miaƒe alẽhawo dome. Aƒekɔ ɖeka nalé alẽ ɖeka; aƒekɔ sue eve nalé alẽ ɖeka. Esia aku ɖe ame siwo le aƒeawo me ƒe agbɔsɔsɔ ŋu. Miwu Ŋutitotolẽvi la. Mitsyɔ alẽvi la ƒe ʋu ɖe gagbɛ aɖe me. Minyrɔ kakle ɖe ʋu la me, eye miatsɔe asisi ʋu la ɖe ʋɔtruti la tame kple eƒe axawo dzi, ale be ʋu nanɔ ʋɔtrutiawo ŋu. Mia dometɔ aɖeke mado go le xɔ me le zã ma me o. “Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o. Miɖo ŋku edzi be esia nye se si anɔ anyi tegbetegbe na miawo ŋutɔwo kple miaƒe dzidzimeviwo. Ne mieva ɖo anyigba si Yehowa ana mi dzi abe ale si wòdo ŋugbee na mi ene, ne miele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum, eye mia viwo bia mi be, ‘Nu ka ta miele ŋkekenyui sia ɖum mahã?’ la, miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’ ” Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu. Israel wɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose kple Aron ene. Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã. Farao kple eƒe aɖaŋudelawo kple Egiptetɔwo katã fɔ le zã ma me. Avifafa nɔ Egiptenyigba blibo la dzi, elabena aƒe aɖeke menɔ anyi esi me ame meku le o. Farao yɔ Mose kple Aron le zã ma me, eye wògblɔ be, “Netsɔ, midzo le mía gbɔ, míeɖe kuku, mi katã midzo! Mia ŋutɔwo kple Israelviwo; miyi miasubɔ Yehowa abe ale si miebia ene. Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo, eye miadzo. Miyram eye miadzo.” Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kaba, abe ale si woate ŋui ene, elabena wogblɔ be, “Ne menye nenema o la, mí katã míele kuku ge.” Israelviwo tsɔ woƒe amɔ maʋamaʋã ɖe asi. Wobla woƒe amɔkpakuwo ɖe woƒe avɔ mamlɛawo me heda ɖe abɔta. Israelviwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene. Woɣe klosalonuwo kple sikanuwo kple awuwo le Egiptetɔwo si. Yehowa na Egiptetɔwo nyo dɔ me na Israelviwo ale gbegbe be wotsɔ nu sia nu si Israelviwo bia wo la na wo. Ale Egiptetɔwo ƒe nu sia nu kloe yi Israelviwo gbɔ! Israelviwo dzo le Rameses le zã ma me heɖo ta Sukɔt. Ŋutsu akpe alafa ade kple nyɔnuwo kple ɖeviwo dze mɔ kple afɔ. Amedzro geɖewo hã dze mɔ kpli wo. Woho kple alẽha kple nyiha gã aɖewo. Ne wotɔ hena nuɖuɖu la, wowɔa abolo kple amɔ maʋamaʋã si wotsɔ ɖe asi la ŋu dɔ. Amɔ la meʋã o, elabena ɖe wonya wo le Egipte, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖeke ana woƒe amɔ naʋã woatsɔ ɖe asi na mɔzɔzɔ la o. Israelviwo nɔ Egipte ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430). Le ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430) lia ƒe nuwuwu, le ŋkeke ma dzi tututu la, Yehowa ƒe amewo katã ʋu le Egipte. Yehowa tia zã sia be yeaɖe yeƒe amewo tso Egiptenyigba dzi, eya ta wòna zã sia zu gbe si gbe Israelviwo katã aɖu ale si Yehowa ɖe woe la ƒe ŋkekenyui ƒe sia ƒe. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Esiawoe nye se siwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ŋuti. “Amedzro aɖeke maɖu alẽvi la ƒe lã o, gake kluvi si mieƒle hetso aʋa na la ate ŋu aɖui. Agbatedɔwɔla alo amedzro si le mia gbɔ la, mekpɔ mɔ aɖui o. Mi ame siwo katã aɖu alẽvi ɖeka la, miaɖui le aƒe ɖeka me: miatsɔ ɖeke ado goe o, eye miagbã ƒu aɖeke hã o. Israelviwo katã aɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖeka dzi. “Ne amedzro siwo le mia gbɔ di be yewoaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kpli mi la, mina woƒe ŋutsuwo katã natso aʋa, ekema woate ŋu aɖui kpli mi. Ekema woazu abe ɖe wodzi wo ɖe mia dome ene. Ke bolotɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖu ŋutitotolẽvi la o. Se ɖeka ma kee akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome.” Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na wo to Mose kple Aron dzi la dzi. Gbe ma gbe kee Yehowa kplɔ Israelviwo do goe tso Egiptenyigba dzi, le woƒe to vovovoawo me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose bena, “Kɔ Israelviwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔ ɖe sia ɖe kple lãwo ƒe atsu gbãtɔwo ŋu nam; eɖanye ame alo lã o, tɔnyewoe!” Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be gbe si gbe miedzo le Egipte, eye miedo le kluvinyenye me la, nanye ŋkeke aɖe si dzi miaɖo ŋkui tegbetegbe, elabena Yehowa ɖe mi kple nukunu gãwo. Migaɖu naneke si me amɔʋãtike le la o. Egbe, ɣleti Abib me, miele ʋuʋum. Ne Yehowa kplɔ mi va Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba si wòka atam na mia fofowo be yeatsɔ ana mi, anyigba ‘si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo’ dzi la, ekema miaɖu ŋkeke sia le dzinu sia me. Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo maʋamaʋã, eye le ŋkeke adrelia gbe la, miaɖu ŋkekenyui na Yehowa. Miaɖu abolo maʋamaʋã le ŋkeke adre mawo me; womakpɔ naneke si ʋã la le mia dome o alo akpɔ amɔʋãtike le miaƒe liƒowo me o. Le gbe ma gbe la, migblɔ na mia viŋutsuwo be, ‘Mele esia wɔm ɖe nu si Yehowa wɔ nam, esi medo go le Egipte la ta.’ Ŋkeke sia ɖuɖu anɔ na mi abe dzesi ene le miaƒe asiwo kple ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgonu, ale be Yehowa ƒe se la anɔ miaƒe nu me, elabena Yehowa kplɔ mi do goe le Egipte kple asi sesẽ. Eya ta miɖo ŋku nuɖoanyi sia dzi le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe. “Ne Yehowa kplɔ mi yi anyigba si ŋugbe wòdo na mia fofowo ƒe geɖewo nye esi va yi, afi si Kanaantɔwo le fifia dzi la, miɖo ŋku edzi be, miaƒe viŋutsuvi gbãtɔwo katã kple lãtsu siwo katã aʋu dɔ nu na miaƒe lãwo la katã nye Yehowa tɔ. Ele be miatsɔ wo nɛ. Miate ŋu atsɔ agbo alo gbɔ̃tsu aɖɔli tedzitsu. Ke ne ame aɖe medi be yeawɔ alea o la, ele na amea be wòawu tedzi la. Ke ele be miaƒle viŋutsuvi ŋgɔgbeviwo katã ta. “Ne mia viwo abia mi be, ‘Nu ka ta miewɔa nu siawo ɖo?’ la, ele be miagblɔ na wo be, ‘Yehowa tsɔ nukunu gãwo ɖe mí tso kluvinyenye me, tso Egiptenyigba dzi. Farao meɖe mɔ na mí be míadzo o, eya ta Yehowa wu woƒe ŋgɔgbeviwo katã, amegbetɔwo kple lãwo tɔwo siaa le Egipte, eya ta míetsɔa atsu sia atsu, si ʋu dɔ nu na dadaa, amegbetɔwo kple lãwo siaa naa Yehowa. Ke woƒlea ŋutsuvi tsitsitɔwo katã ta.’ Megale egblɔm na mi be ele be ŋkekenyui sia ɖuɖu nade dzesi mi abe Yehowa ƒe amewo ene, abe ɖe wòtsɔ eƒe nutɔnyenye ƒe dzesi ɖo ŋgonu na mi ene. Enye ŋkuɖodzi be Yehowa tsɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mi tso Egiptenyigba dzi.” Esi Farao ɖe asi le ameawo ŋu be woadzo mlɔeba la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi o, togbɔ be eyae nye mɔ kpuitɔ hafi, elabena Mawu gblɔ be ne aʋa dzɔ ɖe wo kple Filistitɔwo dome la, woatrɔ ta me be yewoatrɔ, agbugbɔ ayi Egipte. Ale Mawu kplɔ wo to gbegbemɔ la dzi ɖo ta Ƒu Dzĩ la nu. Israelviwo ʋu tso Egipte, nɔ akpababla me hena aʋawɔwɔ. Mose tsɔ Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi, elabena Yosef na Israelviwo ka atam le Mawu ƒe ŋkume be yewoatsɔ eƒe ƒuwo ɖe asi ne Mawu akplɔ yewo adzoe tso Egipte, abe ale si wòka ɖe edzi be Mawu awɔe ene. Esi wodzo le Sukɔt la, woƒu asaɖa anyi ɖe Etam le gbegbe la to. Yehowa kplɔa wo kple lilikpo dodo aɖe le ŋkeke me. Le zã me la, ekplɔa wo kple dzo bibi aɖe. Ale wotea ŋu zɔa mɔ le ŋkeke me kple zã me siaa. Lilikpo dodo la kple dzo bibi la siaa mebuna ɖe wo ɣe aɖeke ɣi o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be woatrɔ aɖo ta Pi Hahirɔt, le Migdol kple atsiaƒu la dome le Baal Zefon ŋgɔ, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la nu, elabena Farao abu be, ‘Israelvi mawo xaxa ɖe ƒu la kple gbegbe la dome!’ Magana Farao nagasẽ dzi me, eye wòati mia yome. Mewɔ ɖoɖo sia ale be makpɔ bubu kple ŋutikɔkɔe gã ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ dzi. Ale Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa.” Ale woƒu asaɖa anyi ɖe afi si Mose fia wo la. Esi Egipte fia se be Israelviwo meɖo ta me be yewoagbugbɔ va Egipte le ŋkeke etɔ̃ megbe o, ke boŋ yewoayi mɔzɔzɔ dzi la, Farao kple eŋumewo ƒe mo nyra, eye dzi gaɖo wo ƒo. Wobia be, “Nu kae nye esi míewɔ be míeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo eye míebu woƒe subɔsubɔdɔ nyuitɔwo?” Ale Farao na wodzra eƒe tasiaɖam ɖo nɛ, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ ɖe asi. Etia tasiaɖam nyuitɔ alafa ade kpe ɖe tasiaɖam bubu siwo katã nɔ Egipte la ŋu, eye wòtsɔ asrafomegãwo ɖo ɖe sia ɖe nu. Yehowa na Egipte fia Farao ƒe dzi me sẽ ɖe edzi, ale wòti Israelvi siwo nɔ azɔli dzi dzideƒotɔe la yome. Wowɔ Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kple aʋawɔla bubuawo katã ŋu dɔ le wo yometiti me. Egiptetɔwo va tu Israelviwo, esi woƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la to, te ɖe Pi Hahirɔt ŋu le Baal Zefon ŋgɔ. Esi Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ gbɔna la, Israelviwo kpɔ wo ɖaa le adzɔge ke, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wodo ɣli na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Wotrɔ ɖe Mose gbɔ helĩ liʋĩliʋĩ be, “Ɖe nèkplɔ mí va afi sia be míaku ɖe gbedzi, elabena yɔdowo mele Egipte oa? Nu kae nye esi nèwɔ be nèkplɔ mí do goe tso Egipte? “Menye esiae míegblɔ na wò esime míenɔ Egipte la be, ‘Ɖe asi le mía ŋu kpoo ne míasubɔ Egiptetɔwo’ oa? Anyo na mí be míasubɔ Egiptetɔwo wu be míaku ɖe gbegbe!” Ke Mose ɖo eŋu na wo be, “Migavɔ̃ o, minɔ te ɖe afi si miele la ko, milé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye miakpɔ nukumɔ si dzi Yehowa aɖe mi toe egbe la ɖa. Egiptetɔ siwo kpɔm miele fifia la, miagakpɔ wo akpɔ o. Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Nu ka ŋuti nèle ɣli dom nam? Gblɔ na Israelviwo be woaɖe zɔ, ayi ŋgɔ Do wò atikplɔ la ɖe dzi, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi be atsiaƒutsi la nama ɖe eve, ale be Israelviwo nato atsiaƒu la me ayi le anyigba ƒuƒui dzi. Mana Egiptetɔwo ƒe dzi me nasẽ be woadze Israelviwo yome, eye makɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao kple eƒe aʋakɔwo kple tasiaɖamwo kple sɔdolawo dzi. Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa, ne mekɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo dzi.” Mawudɔla si nɔ Israelviwo kplɔm la trɔ yi Israelviwo megbe, nenema ke lilikpo dodo si nɔ wo ŋgɔ la hã trɔ yi wo megbe, ale wòtɔ ɖe Egipte ƒe aʋakɔwo kple Israelviwo dome. Le zã blibo la me la, lilikpo la na viviti do ɖe akpa ɖeka, eye kekeli do ɖe akpa kemɛ, ale wo dometɔ aɖeke mete ɖe nɔvia ŋu le zã blibo la me o. Tete Mose tsɔ eƒe asi do ɖe ƒu la dzi. Ale zã blibo la Yehowa tutu atsiaƒu la ɖe megbe to ɣedzeƒeya sesẽ aɖe dzi, eye wòna anyigba ƒuƒui dze. Tsi la ma ɖe akpa eve, eye Israelviwo zɔ to atsiaƒu la me le anyigba ƒuƒui dzi, ale tsi la zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame. Egiptetɔwo, Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo dze wo yome to atsiaƒu la ƒe gliwo me, eye woawo hã wonɔ atsiaƒu la ƒe ƒuƒuiƒe zɔm. Ke le ŋdi kanya la, Yehowa kplɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la to dzo bibi la me, eye wòde tɔtɔ wo dome. Woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo de asi dodo me le wo te. Ale woƒe tasiaɖamwo de asi anyigbatete me. Egiptetɔwo do ɣli be, “Mina míadzo le Israel nu. Yehowa le aʋa wɔm kpli mí na wo!” Yehowa gblɔ na Mose be, “Gada wò asi ɖe atsiaƒu la dzi ale be tsigliawo namu adze Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.” Mose wɔ alea, eye esi ŋu ke la, atsiaƒu la gazu abe ale si wònɔ tsã ene. Egiptetɔwo dze agbagba be yewoasi, ke Yehowa na atsiaƒutsi la ŋe tsyɔ wo dzi. Ale tsi la gbugbɔ yi enɔƒe hetsyɔ tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo la, si dze Israelviwo yome ge ɖe atsiaƒu la me dzi. Wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Israelviwo zɔ anyigba ƒuƒui dzi hetso ƒu la, esime tsi la trɔ zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame. Ale Yehowa ɖe Israelviwo gbe ma gbe tso Egiptetɔwo ƒe asi me. Israelviwo kpɔ Egiptetɔwo woku, eye atsiaƒu la ɖe woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe gota. Esime Israelviwo kpɔ nukunu triakɔ si Yehowa wɔ na wo ɖe Egiptetɔwo ŋu la, wovɔ̃, wode bubu Yehowa ŋu, eye woxɔ eya kple eƒe dɔla Mose dzi se.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mose kple Israelviwo dzi kafukafuha sia na Yehowa be, “Madzi ha na Yehowa, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo. Etsɔ sɔ kple sɔdola siaa de atsiaƒu la me. “Yehowae nye nye ŋusẽ kple xɔnametɔ, eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Eyae nye nye Mawu, eya ta makafui. Eyae nye fofonye ƒe Mawu, eya ta madoe ɖe dzi. Yehowa nye aʋawɔla, Ɛ̃, eŋkɔe nye Yehowa. Ede Farao ƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔwo ƒu, eye wònyrɔ wo ɖe atsiaƒu la me. Farao ƒe aʋakplɔla xɔŋkɔwo nyrɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Atsiaƒutsi la tsyɔ wo dzi. Wodze to ɖe atsiaƒu la te abe kpe ene. O, Yehowa, wò nuɖusibɔ wɔ kalẽ. O, Yehowa, wò nuɖusibɔ kaka futɔwo hlẽ. “Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me, ètsɔ ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la ƒu anyi. Èɖe asi le wò dziku bibi la ŋu, eye wòfia wo abe gbe ƒuƒu ene. Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do, eye wòna tsiawo ƒu kpo. Tsi sisi la nɔ te, eye wòlé akpa aveawo ɖe te abe gli ene, eye tsi goglo la zi ɖoɖoe le atsiaƒu la titina. Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’ Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ, eye ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi. Wodze to abe asabukpe ene ɖe tsi gã la te. “O, Yehowa, ame kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene le kɔkɔenyenye kɔkɔtɔ me, le ŋutikɔkɔe ƒe ŋɔdzi me, eye wòwɔa nukudɔwo? Èdo wò nuɖusi ɖa, eye anyigba mi wo. “Àkplɔ ame siwo nèɖe la le wò lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ me. Le wò ŋusẽ me, àkplɔ wo ayi wò nɔƒe kɔkɔe lae. Dukɔwo ase nya si dzɔ, woadzo nyanyanya; vɔvɔ̃ aɖo Filistitɔwo. Ŋɔdzi alé Edom fiawo, eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya, Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ. Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi. Woatrɔ azu kpe, le wò abɔ ƒe ŋusẽ ta, va se ɖe esime wò amewo atso eme ava ayi. O, Yehowa, va se ɖe esime wò ame siwo nèƒle la, atso eme ava yi. Wò la, àkplɔ wo aɖo wo te le wò to si nye wò domenyinu la dzi. O, Yehowa, teƒe si nèwɔ be wòanye wò nɔƒe la, Aƒetɔ, Kɔkɔeƒe si nètsɔ wò ŋutɔ wò asiwo wɔe la. “Yehowa aɖu fia tegbetegbe!” Farao ƒe sɔwo, eƒe sɔdolawo kple woƒe tasiaɖamwo kplɔ wo ɖo to atsiaƒu la me. Ke Yehowa na tsigliawo mu gbagbã tsyɔ wo dzi, le esime Israelviwo zɔ ƒuƒuiƒe to wo me. Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe. Eye Miriam dzi ha sia: “Midzi ha na Yehowa, elabena eɖu dzi ŋusẽtɔe. Ede sɔ kple sɔdola atsiaƒu la me.” Azɔ la, Mose kplɔ Israelviwo to Ƒu Dzĩ la nu, eye woyi Sur gbedzi. Wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔ tsi woano o. Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.) Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?” Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui. Le Mara la, Yehowa de se siawo na wo be yeado woƒe ɖokuitsɔtsɔ na ye akpɔ. “Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.” Wova ɖo Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi sia ɖe vudoawo to.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ la, Israel ƒe ha blibo la dzo le Elim, eye woyi Sin, gbegbe si le Elim kple Sinai to la dome. Woɖo afi ma le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi le woƒe dzodzo le Egipte megbe. Le afi sia hã la, dukɔ la katã galĩ liʋĩliʋĩ le Mose kple Aron ŋuti vevie. Israelviwo gblɔ na wo be, “Ɖe wòanyo ŋutɔ ne míaku ɖe Yehowa ƒe asi me le Egipte! Le teƒe ma la, míenɔa anyi ƒoa xlã lã siwo míeɖa la ƒe zewo, eye míeɖua nu si míedi la, gake miekplɔ mí va gbegbe afi sia be dɔ nawu mí míaku.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na wo. Ame sia ame ate ŋu ado go gbe sia gbe, eye wòafɔ nuɖuɖu si wòhiã. Mado wo kpɔ le nu sia me akpɔ be woawɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi mahã. Gblɔ na wo be, woafɔ nuɖuɖu si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve le kɔsiɖa ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke adelia dzi.” Mose kple Aron wowɔ takpekpe kple Israelviwo katã. Wogblɔ na wo be, “Egbe fiẽ la, miadze sii be Yehowae kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi. Le ŋdi la, miakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe geɖe wu, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ le eya, Yehowa ŋu, elabena menye míawo ŋue mielĩ liʋĩliʋĩ le o. Ame kawo míenye?” Mose gblɔ hã be mianya be, “Yehowae na lã mi le fiẽ me, eye wòna abolo si miehiã la mi le ŋdi me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo le eŋuti. Ame kawoe mienye? Menye míawo ŋu miele liʋĩliʋĩ lĩm le o, ke boŋ Yehowa ŋue.” Ale Mose gblɔ na Aron be, “Gblɔ na Israelviwo katã be, ‘Miva Yehowa ŋkume, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ.’ ” Esi Aron nɔ nu ƒom na Israelviwo ƒe ha bliboa la, wonye kɔ kpɔ gbegbe lɔƒo, eye le afi ma wokpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wònɔ keklẽm le aliliwo me. Yehowa gblɔ na Mose be, “Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ” Gbe ma gbe fiẽ la, tegliwo ƒe ha gã aɖe va do, eye woxe asaɖa la tame. Le ŋdi la, afu do ƒo xlã asaɖa la, eye esi xexeme kɔ ŋdi la, nu ɣi nogonogoewo nɔ anyigba abe kpetsi ene. Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be, “Nu kawoe nye esiawo?” Elabena womenya nu si wonye o. Mose gblɔ na wo be, “Esiawoe nye abolo si Yehowa na mi be miaɖu. Yehowa gblɔ be, ame sia ame nafɔ agbɔsɔsɔ si ade eƒe aƒemetɔwo nu abe lita eve ƒe dzidzeme ene ɖe aƒea me tɔ ɖe sia ɖe nu.” Ale Israelviwo yi ɖafɔ wo abe ale si Mose gblɔ na wo ene; ame aɖewo fɔe fũu, ke ame aɖewo hã mefɔe fũu o. Esi wotrɔ wo ɖe dzidzenu la me la, woyɔ dzidzenu la ɖe ame sia ame nu. Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o! Aƒe ɖe sia ɖe me tɔwo kpɔ esi ade wo nu tututu. Mose gblɔ na wo be, “Migana ŋu nake ɖe wo dzi o.” Ame aɖewo meɖo to o: wona ŋu ke ɖe wo dzi. Kasia woakpɔ wo ɖa la, wodze nyẽ henɔ ʋeʋẽm kũu. Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie, eya ta azɔ la, wofɔa nuɖuɖu la ŋdi sia ŋdi, eye aƒe sia aƒe fɔa esi wòhiã la ko. Ne ŋdɔ ʋu, eye anyigba xɔ dzo la, abolo la lolõna, eye wòbuna. Le ŋkeke adelia dzi la, wofɔa agbɔsɔsɔ si wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve. Wofɔa lita ene ɖe ame sia ame nu, ɖe lita eve teƒe. Kplɔlawo bia Mose be nu ka ta wòde se ma na yewo mahã. Mose gblɔ na wo be, “Yehowa tɔ asi etsɔ dzi be wòanye dzudzɔgbe, wòanye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, eye wòle be míadzudzɔ tso míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me, eya ta miɖa nu wòasɔ gbɔ abe ale si miedi ene egbe, eye midzra esi asusɔ la ɖo ŋu nake ɖe edzi.” Esi ŋu ke la, nuɖuɖu la nɔ nyuie: megadze nye o eye megaʋẽ hã o, abe ale si Mose gblɔe na wo ene. Mose gblɔ be, “Esiae nye miaƒe egbe ƒe nuɖuɖu, elabena egbee nye dzudzɔgbe na Yehowa, eye nuɖuɖu aɖeke maganɔ anyigba miafɔ egbe o. Mifɔ nuɖuɖu la ŋkeke ade, ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe. Nuɖuɖu aɖeke manɔ anyigba miafɔ gbe ma gbe o.” Ke ame aɖewo ya gayi nuɖuɖu la fɔ ge, togbɔ be gbe ma gbee nye ŋkeke adrelia, ke nuɖuɖu aɖeke menɔ anyigba wofɔ o. Yehowa bia Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie miagbe toɖoɖo nye sewo kple ɖoɖowo? Miɖo ŋku edzi be, Yehowae na Dzudzɔgbe ŋkeke la mi; esia tae wòna ŋkeke eve ƒe abolo mi le ŋkeke adelia gbe. Ame sia ame nenɔ afi si wòle le ŋkeke adrelia gbe; ame aɖeke megado go o.” Ale Israelviwo dzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke adrelia gbe. Israelviwo yɔa abolo la be, “mana.” Ele ɣie abe bliku ene, eye wòvivina abe akpɔnɔvivi si me wode anyitsii ene. Mose gblɔ be, “Ale Yehowa de see nye esi, ‘Tsɔ mana lita ɖeka, dzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be woate ŋu akpɔ abolo si mena mi mieɖu le gbedzi, esi mekplɔ mi do goe le Egipte.’ ” Ale Mose gblɔ na Aron be, “Tsɔ ze aɖe, eye nàdzidze mana lita ɖeka akɔ ɖe eme. Ekema, nàtsɔe ɖo Yehowa ŋkume be woadzrae ɖo hena dzidzime siwo ava dzɔ.” Aron wɔ esia abe ale si Yehowa bia tso Mose si ene. Emegbe la, Aron tsɔe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ le agbadɔ la me be wòanɔ dedie le afi ma. Ale Israelviwo ɖu “mana” ƒe blaene va se ɖe esime woɖo Kanaanyigba ƒe liƒo dzi, afi si agblemenukuwo nɔ woaɖu. (Dzidzenu si wotsɔna dzidzea mana la anɔ abe lita eve ene.)
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ la, le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Israelviwo dzo le Sin gbegbe la. Wonɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo va se ɖe esime woɖo Refidim. Ke esi woɖo afi ma la, tsi aɖeke menɔ anyi o! Esia ta Israelviwo he nya ɖe Mose ŋu be, “Na tsi mi!” Mose blu ɖe wo ta be, “Mizi ɖoɖoe! Ɖe miele didim be yewoado Yehowa ƒe dzigbɔɖi na mi akpɔa?” Ke le tsikɔwuame la ƒe sesẽ ta la, dukɔ la lĩ Mose ŋu gblɔ be, “Nu ka tututue na nèkplɔ mí dzoe le Egipte? Nu ka ta nèkplɔ mí va afi sia be míaku kple mía viwo kple míaƒe lãwo?” Mose ɖe kuku na Yehowa be, “Nu ka mawɔ? Wole klalo be yewoaƒu kpem.” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Dze ŋgɔ na dukɔ la, kplɔ Israel ƒe ametsitsi aɖewo ɖe asi. Tsɔ atikplɔ si netsɔ ƒo Nil tɔsisi la ɖe asi, eye nàyi. Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume. Mose na ŋkɔ teƒe la be Masa si gɔmee nye “Míete Yehowa kpɔ be wòawu mí.” Woyɔnɛ hã be Meriba si gɔmee nye “Nyahehe” kple “Dzrewɔwɔ,” elabena afi mae Israelviwo he nya ɖe Yehowa ŋu le, eye wotee kpɔ be wòawu yewo esi wogblɔ be, “Ɖe Yehowa le mía dzi kpɔ ge loo alo agblẽ mí ɖia?” Azɔ la, Amalekitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu le Refidim. Mose gblɔ na Yosua be wòana Israelviwo nadzra ɖo, akpe aʋa kple Amalekitɔwo. Mose gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, matsi tsitre ɖe togbɛ la dzi. Mawu ƒe atikplɔ anɔ asinye!” Ale Yosua kple eƒe amewo yi be yewoawɔ aʋa kple Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ le esime Mose, Aron kple Hur woyi to la dzi. Ne Mose kɔ atikplɔ la ɖe dzi ko la, Israelviwo ɖua futɔwo dzi. Ke ne eɖiɖi abɔ be yeadzudzɔ sẽe ko la, Amalekitɔwo ɖua Israelviwo dzi. Abɔwo va ku ɖe Mose ŋu ale gbegbe be, magate ŋu alé atikplɔ la ɖe dzi azɔ o. Ale Aron kple Hur womli kpe aɖe vɛ, eye Mose nɔ edzi. Ame ɖeka nɔ Mose ƒe miame, eye evelia nɔ eƒe ɖusime. Wolé Mose ƒe abɔwo do ɖe dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to. Le esia ta Yosua kple eƒe aʋakɔ la ɖu Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ dzi kple yi. Yehowa gblɔ na Mose be, “Ŋlɔe da ɖi, wòanɔ anyi ɖaa, woaɖo ŋku edzi tegbetegbe, eye nàɖe gbeƒã na Yosua be matutu Amalekitɔwo ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ.” Mose tu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be “Yehowa Nisi” si gɔmee nye “Yehowae nye nye aflaga.” Mose gblɔ be, “Elabena wodo aflaga ɖe dzi le Yehowa ƒe fiazi la ŋgɔ, Yehowa anɔ aʋa wɔm kple Amalekitɔwo tso dzidzime yi dzidzime.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yetro, si nye Mose to, ame si nye Midian nunɔla la, se nu tso nukunu siwo Mawu wɔ na eƒe dukɔ Israel kple Mose kple ale si Yehowa ɖe wo tso Egipte la ŋuti. Esia ta Yetro kplɔ Mose srɔ̃ Zipora yi nɛ, elabena Mose ɖo srɔ̃a ɖe fofoa gbɔ. Ekplɔ Mose ƒe viŋutsu eveawo hã yii. Via ŋutsuvi Gersom ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Amedzro,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Menɔ tsaglalã tsam le dzronyigba dzi.” Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.” Yetro, Mose to kple Mose ƒe viŋutsuwo kple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbegbe, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo, le Mawu ƒe to la gbɔ. Yetro dɔ ame ɖo ɖe Mose gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Nye towò, Yetro kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.” Mose yi ɖakpe toa, eye wòxɔe dzidzɔtɔe. Wobia wo nɔewo ƒe agbe ta, eye woyi ɖe Mose ƒe agbadɔ me hena nya aɖewo ŋu bubu. Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa. Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti. Yetro si nye Mose to la gblɔ be, “Mikafu Yehowa, elabena eɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao ƒe asi me, eye wòɖe Israel. Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.” Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume. Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome. Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?” Mose ɖo eŋu nɛ be, “Elabena dukɔ la va gbɔnye be woabia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ne nya dzɔ ɖe ameawo dome la, wotsɔnɛ vɛ nam, medrɔ̃nɛ na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.” Mose to, Yetro gblɔ nɛ be, “Nu si wɔm nèle la menyo o. Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ. Ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò, Ànɔ dukɔ la teƒe le Mawu ŋkume, eye nàtsɔ woƒe nyawo ɖo eƒe ŋkume. Fia Mawu ƒe seawo kple ɖoɖoawo wo, eye nàfia ale si woanɔ agbee kple woƒe dɔdeasiwo wo. “Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu. Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo. Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.” Mose xɔ toa ƒe aɖaŋu, eye wòzɔ ɖe eƒe nyawo nu. Etia ame zazɛ̃wo le Israelviwo katã dome. Ena wozu ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo adrɔ̃ ʋɔnu na ame akpewo, bubuwo na alafawo, bubuwo na blaatɔ̃wo kple ewowo. Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mose na toa trɔ yi wo de.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ɣleti etɔ̃ megbe la, wova ɖo Sinai gbedzi. Esi woho tso Refidim la, wova ɖo Sinai gbegbe la, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe afi ma le to la te. Mose lia to la yi Mawu gbɔ, eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yakob ƒomeawo, eye ale nàɖe gbeƒãe na Israelviwoe nye esi, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo kple ale si mekplɔ mi va ɖokuinye gbɔ abe ɖe metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalãwo dzi ene. Azɔ la, ne miaɖo tom, eye miawɔ nye nubabla dzi la, mianye nye ame tiatiawo le xexemedukɔwo katã dome, elabena tɔnyee nye xexea me katã. Gawu la, mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe aɖe nam.’ Nya siawo nàgblɔ na Israelviwo.” Esi Mose trɔ gbɔ tso to la dzi la, eyɔ kplɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na wo. Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi kple gbe ɖeka be, “Míawɔ nu sia nu si wòadi tso mía si be míawɔ.” Mose gblɔ nya si ameawo gblɔ la na Yehowa. Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa. Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi dukɔ la gbɔ, eye nàkpɔ be ameawo le klalo na nye vava. Kɔ wo ŋuti egbe kple etsɔ, eye nàna woanya woƒe awuwo. Ekema ŋkeke etɔ̃a gbe la, maɖi tso Sinai to la dzi le ame sia ame ŋkume. Ɖo liƒo siwo ŋu ameawo magbɔ o la na wo. Gblɔ na wo be, ‘Mikpɔ nyuie be mialia to la alo aka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ame sia ame si da le se sia dzi la dze na ku. Ame aɖeke maka asi sedzidala sia ŋu o, ke boŋ woaƒu kpee alo woatee kple da wòaku. Woawɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa nenema.’ Migate ɖe toa ŋu kura o va se ɖe esime miase lãdzokpẽ aɖe ƒe ɖiɖi zi ɖeka sesĩe. Ekema miaƒo ƒu ɖe to la te!” Ale Mose ɖi tso to la dzi va ameawo gbɔ. Ekɔ wo ŋuti, eye wonya woƒe awuwo. Mose gblɔ na wo be, “Midzra ɖo na Mawu ƒe vava le ŋkeke eve megbe. Migadɔ kple nyɔnu aɖeke o.” Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi la, dzi de asi gbeɖeɖe kple dzokeke me ŋɔdzitɔe. Lilikpo dodo gã aɖe va dze ɖe to la dzi. Kpẽ aɖe ɖi sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe abe lãdzokpẽ ene, eye ame sia ame dzo nyanyanya kple vɔvɔ̃. Mose kplɔ wo tso woƒe agbadɔwo me be woado go Mawu; ena wotsi tsitre ɖe to la te. Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe. Esi kpẽ la ƒe ɖiɖi ganɔ sesẽm ɖe edzi la, Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ aɖe. Yehowa ɖi va Sinai to la tame. Eyɔ Mose be wòava to la dzi, eye Mose lia to la yi egbɔ. Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi ameawo gbɔ, eye nàde se na wo be ame aɖeke mekpɔ mɔ agbɔ liƒoawo dzi o. Mele be woava afi sia, adze agbagba be yewoakpɔm o. Ame si ake atse la aku. Ele na nunɔla siwo ate ɖe Yehowa ŋu gɔ̃ hã be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti; ne menye nenema o la, Yehowa atsrɔ̃ wo.” Mose ɖo nya sia ŋu na Yehowa be, “Ameawo mava Sinai toa dzi o, elabena ède se na wo be womekpɔ mɔ ava o. Ègblɔ nam be maɖo liƒowo ƒo xlã to la, eye mana ameawo nanya be womekpɔ mɔ ada ata liƒoawo o, elabena wotso teƒe si le liƒoawo godo la ɖi na wò.” Ke Yehowa gagblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi, eye nàkplɔ Aron ɖe asi vɛ. Mègaɖe mɔ be nunɔlawo kple ameawo nagbɔ liƒoawo dzi be yewoava afi sia o. Ne wotee kpɔ la, matsrɔ̃ wo.” Ale Mose ɖi yi ameawo gbɔ, eye wògblɔ nya si Mawu gblɔ nɛ la na wo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Eye Mawu gblɔ nya siawo be: “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò ɖe nu siwo le dziƒo alo le anyigba dzi alo le atsiaƒu me la ƒe nɔnɔme me o. Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi, Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi. Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o. Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe. Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me. Ke ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mele be wò ŋutɔ, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, wò kluvi alo wò kosi, wò nyi alo wò amedzro gɔ̃ hã nawɔ dɔ aɖeke ƒomevi gbe ma gbe o, elabena le ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adrelia gbe, eya ta Yehowa yra Dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe. Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi. Mègawu ame o. Mègawɔ ahasi o. Mègafi fi o. Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o. Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe, alo srɔ̃a alo eƒe dɔlaŋutsu alo dɔlanyɔnu alo eƒe nyiwo alo eƒe tedziwo loo alo nu sia nu si nye etɔ la ƒe ɖeke ŋu o.” Ameawo katã kpɔ dzikedzo kple dzudzɔ si nɔ tutum le to la me. Wose dziɖegbe la kple kpẽkuku didi dziŋɔ la. Wotsi tsitre ɖe adzɔge henɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃. Wogblɔ na Mose be, “Wò boŋ gblɔ nya si Mawu le gbɔgblɔm la na mí, eye míawɔ edzi. Ke mègana Mawu ŋutɔ naƒo nu na mí o; ne menye nenema o la, ava wu mí.” Mose gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, elabena Mawu va le nɔnɔme sia me be yeaɖe yeƒe ŋusẽ dziŋɔ la afia mi, ale be tso azɔ dzi yina la, miagawɔ nu vɔ̃ o.” Le esime ameawo le tsitre ɖe adzɔge la, Mose ge ɖe blukɔ si me Mawu nɔ la me. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Miawo ŋutɔ miekpɔe be meɖe nye lɔlɔ̃nu fia mi tso dziƒo. Miɖo ŋku edzi be miekpɔ mɔ awɔ legba aɖeke kple klosalo alo sika alo kple nu bubu aɖeke asubɔ o! “ ‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo. Miate ŋu aɖi vɔsamlekpuiwo kple kpewo hã, gake miwɔ kpe siwo womekpa alo fu o la ko ŋu dɔ. Migakpa kpeawo kple dɔwɔnu aɖeke o, elabena ne miekpa wo la, womagadze be woawɔ wo ŋu dɔ hena vɔsamlekpuiɖiɖi nam o. Mègawɔ atrakpuiwo ɖe vɔsamlekpui la ŋu o. Ne èwɔ wo, eye nèlia wo la, ame aɖe ate ŋu awu mo dzi, eye wòakpɔ wò amame to wò awu ʋlaya la te.’
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Se bubu siwo dzi miawɔ la woe nye: “Ne Hebri ŋutsu aɖe nyi fe le asiwò, mete ŋu xee o, eye wòto esia me zu wò kluvi la, ekema ele be wòasubɔ wò ƒe ade ko. Magaxe fe aɖeke o, ke boŋ azu ablɔɖeme le ƒe adrelia me. “Ne ezu wò kluvi hafi va ɖe srɔ̃ la, ekema eya ɖeka koe azu ablɔɖeme. Ke ne eɖe srɔ̃ hafi va zu wò kluvi la, ekema eya ŋutɔ kple srɔ̃a siaa azu ablɔɖemewo le ŋkeke ɖeka ma dzi. Ke ne aƒetɔ aɖe ɖe srɔ̃ na eƒe kluvi, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo la, ekema srɔ̃nyɔnu la kple wo viwo aganye aƒetɔ la tɔ, le esime kluvi la ya azu ablɔɖeme. “Ke ne kluvi la ɖe gbeƒã be, ‘Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye kple vinyewo, eya ta nyemedi be mazu ablɔɖeme o’ la, ekema ele be aƒetɔ la nakplɔe va ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume, aŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui le amewo ŋkume, ekema azu kluvi azɔ tegbetegbe. “Ne fofo aɖe dzra via nyɔnu wòzu kosi la, mazu ablɔɖeme le ƒe ade megbe abe ŋutsuwo ene o. Ne kosi la ƒe nu meganyo eƒe aƒetɔ ŋu o la, ekema aƒetɔ la ate ŋu ana ame bubu naƒlee. Ke aƒetɔ la mekpɔ mɔ adzra kosi la na dukɔ bubu me tɔwo o, elabena eda vo ɖe kosi la ŋu le esime megadi be wòaganye ye srɔ̃ o ta. Ne aƒetɔ la na eya ŋutɔ Via ŋutsu ɖe Hebri kosi aɖe la, ekema magabu nyɔnu la abe kosi ene o, ke boŋ alé be nɛ azɔ abe eya ŋutɔ via nyɔnu ene. Ne aƒetɔ la ŋutɔ ɖe kosi la, eye wògaɖe nyɔnu bubu kpe ɖe eŋu la, mele be wòaɖe kosi la ƒe nuɖuɖu alo nutata dzi akpɔtɔ loo alo agbe egbɔdɔdɔ abe srɔ̃a ene o. Ne ŋutsu la gbe nu etɔ̃ siawo dometɔ ɖeka wɔwɔ la, ekema kosi la kpɔ mɔ adzo, eye maxe fe aɖeke o.” “Ne ame aɖe ƒo ame aɖe sesĩe ale gbegbe be wòku la, ekema ele be woawui. Ke ne amea meɖo be yeawu ame o, gake Mawu ɖe mɔ wòva eme la, ekema mafia teƒe aɖe wòasi ayi, eye wòakpɔ sitsoƒe. Gake ne ame aɖe dze nɔvia dzi kple tameɖoɖo be yeawui la, ekema ne ele nye vɔsamlekpui ŋgɔ gɔ̃ hã la, ele be miahee ado goe, awui. “Ele be woawu ame sia ame si aƒo fofoa alo dadaa. “Ne ame aɖe fi ame la, ele be woawui ne wokpɔ ame si wòfi la le egbɔ loo alo ne edzrae abe kluvi ene xoxo. “Ele be woawu ame sia ame si ado vlo dadaa alo fofoa alo aƒo fi ade wo dometɔ aɖe. “Ne ame eve le avu wɔm, eye ɖeka ƒu kpe nɔvia alo tu kɔe, eye wòwɔ nuvevii wòle be wòatsi aba dzi, gake meku o, ne egate ŋu zɔ emegbe kple atizɔti gɔ̃ hã la, womahe to aɖeke na ame si ƒoe la o, ɖeko woana wòaxe fe ɖe ɣeyiɣi si wògblẽ la ta va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ nyuie; ele be wòaxe eƒe dɔdaƒe hã. “Ne ame aɖe ƒo eƒe kluvi alo kosivi wòku ɖe eƒe asi me la, woahe to nɛ kokoko. Ke ne kluvi la alo kosivi la meku le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe o la, ekema mele be woahe to aɖeke na aƒetɔ la o, elabena eya ŋutɔ tɔe nye kluvi la alo kosi la. “Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye le avu la wɔwɔ me la, avuwɔla ɖeka wɔ nuvevi funɔ aɖe, eye fua gblẽ nɛ, gake meku o la, ekema woana ŋutsu la naxe fe sia fe si funɔ la srɔ̃ abla nɛ, eye ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖe edzi nɛ. Ke ne nuveviwɔame aɖe ana funɔ la naku la, woawu ame si wɔ nuvevi lae. “Ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe, dzobi ɖe dzobi teƒe, abi ɖe abi teƒe, kabi ɖe kabi teƒe. “Ne ame aɖe ƒo ŋku na eƒe kluvi alo kosi, eye ŋku la tsi la, ekema kluvi la alo kosi la azu ablɔɖeme le eƒe ŋku la ta. Ne aƒetɔ aɖe ŋe aɖu na eƒe kluvi la, ele be wòaɖe asi le kluvi la ŋu le eƒe aɖu si ŋe la ta. “Ne nyi aɖe tu dzo ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe wòku la, woaƒu kpe nyi la wòaku; womaɖu eƒe lã o, eye womabia nya aɖeke ame si ƒe nyi wònye o. Ke ne amewo nya be nyi la nɔa dzo tum ame, eye wona nyanya nyitɔ la, gake mekpɔ nyi la dzi nyuie o la, ekema ne nyi la wu ame aɖe la, woaƒu kpe nyi la wòaku, eye woawu nyitɔ la hã. Ke ne ƒometɔwo lɔ̃ la, woaxe fe si dzi ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖo, ekema womagawu nyitɔ la o. “Woazɔ ɖe se sia ke dzi ne nyi aɖe wu ŋutsuvi alo nyɔnuvi. Ke ne nyi la wu kluvi alo kosivi la, ekema woaxe klosalo blaetɔ̃ na kluvi la alo kosi la ƒe aƒetɔ, eye woaƒu kpe nyi la wòaku. “Ne ame aɖe ɖe vudo, metu nu enu o, eye ame aɖe ƒe nyi alo tedzi ge ɖe eme la, ekema ame si ƒe vudo wònye la axe fe na nyitɔ ɖe lã la ta, eye lã kuku la azu vudotɔ tɔ. “Ne ame aɖe ƒe nyitsu tu dzo ame bubu ƒe nyitsu wòku la, ekema nyitɔ eveawo adzra nyi gbagbe la, ama ga la, eye woama nyi kuku la hã ƒe lã sɔsɔe. Ke ne amewo nya be nyi la tua dzo nyi bubuwo, eye wona nyitɔ la nya, gake mekpɔ nyi la dzi nyuie o la, ekema nyitɔ la maxɔ ga si wokpɔ tso nyi gbagbe la dzadzra me ƒe ɖeke o, ke boŋ axe fe ɖe nyi kuku la ta, eye wòazu etɔ.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Ne ame aɖe fi nyi alo alẽ, eye wòwui alo dzrae la, ele be fiafitɔ la natsɔ nyi atɔ̃ aɖo nyi ɖeka si wòfi la teƒe, eye wòatsɔ alẽ ene aɖo alẽ ɖeka teƒe. “Ne wolé fiafitɔ aɖe wònɔ gegem ɖe ame aɖe ƒe aƒe me be yeafi fi le zã me, eye wowui la, amewula la medze agɔ o. Ke ne nya sia dzɔ le ŋkeke me la, ekema woatsɔe abe amewuwu ene, eye ame si wui la dze agɔ. “Ne wolé fiafitɔ aɖe la, ele be wòaɖo nu si wòfi la teƒe pɛpɛpɛ. Ne mete ŋui o la, ekema ele be woadzrae wòazu kluvi ɖe fe la nu. “Ne wolée wòle nyi, tedzi, alẽ alo nu bubu aɖe fim la, ele be wòaxe nu si fim wòle la ƒe home teƒe eve. “Ne ame aɖe nya hafi ɖe asi le eƒe lã aɖe ŋu wòge ɖe ame bubu ƒe waingble me alo wòna wòyi ame bubu ƒe lãwo ƒe gbeɖuƒe la, ele be wòatsɔ eƒe agblemenuku nyuitɔwo aɖo nu siwo eƒe lã la gblẽ la teƒe wòasɔ gbɔ ade nugbegblẽ la nu. “Ne ame aɖe tɔ dzo gbe le eƒe anyigba dzi, eye dzo la yi ɖabi agblemenuku siwo woxa da ɖi loo alo esiwo womexa haɖe o le ame bubu ƒe agble me la, ele be ame si tɔ dzo gbea la naxe fe ɖe nu siwo katã dzo la gblẽ la ta. “Ne ame aɖe tsɔ ga alo adzɔnuwo na ame aɖe be wòadzra ɖo na ye eye wofi wo la, ne wolé fiafitɔ la la, ele be wòaxe nu si wòfi la ƒe home teƒe eve. Ke ne womenya fiafitɔ la o la, ekema woakplɔ ame si si wotsɔ ga la alo adzɔnuawo dee la ayi Mawu ŋkume be Mawu naɖee afia nenye eya ŋutɔe fi nɔvia ƒe nuawo loo alo menye eyae o. “Le go ɖe sia ɖe si me ne nyi, tedzi, alẽ, awu, avɔ alo nu bubu aɖe bu, eye nutɔ xɔe se be yekpɔe le ame bubu aɖe si eye amea sẽ nu la, ame eve siawo ado ɖe Mawu ŋkume be Mawu natso nya me. Ame si Mawu bu fɔe la axe nu bubu la ƒe fe teƒe eve na ame evelia. “Ne ame aɖe tsɔ tedzi, nyi, alẽ alo lã bubu aɖe na nɔvia be wòakpɔ edzi na ye, eye lã la ku, alo nuvevi wɔe alo wòsi, eye ame aɖeke menya nu si tututue wɔe, eye woate ŋu aɖi ɖase le eŋu o la, ekema lã la dzi kpɔla aka atam na Yehowa be menye yee fii o. Ele na nutɔ la be wòaxɔ atamkaka sia, eye teƒeɖoɖo aɖeke manɔ anyi o. Ke nenye ɖe wofi lã la alo nua la, ekema ele be dzikpɔla la naɖo eteƒe na nutɔ. Nenye lã wɔadã aɖee wui la, ekema ele be dzikpɔla la natsɔ lã la ƒe kukua vɛ abe ɖaseɖiɖi kple kpeɖodzi ene. Ekema teƒeɖoɖo aɖeke mahiã o. “Ne ame aɖe ɣe nɔvia ƒe lã alo nu bubu aɖe, eye nuvevi wɔ lã la alo wòku la, ne nutɔ menɔ afi ma ɣe ma ɣi o la, ekema ele be ame si ɣee la naxe fe ɖe eta. Ke ne nutɔ le teƒea la, womaxe fe aɖeke nɛ o. Nenye be ɖe wòɣe lã la be yeanɔ fe xem ɖe eta la, ekema mele be wòaxe fe bubu aɖeke na nutɔ o, elabena wobu lã la ƒe ku kple nuvevi si ate ŋu awɔe la ŋu hafi ƒo asi la. “Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnuvi aɖe si ŋugbe womedo na ŋutsu aɖeke o gbɔ la, ele be ŋutsu la natsɔ tabianuwo na edzilawo, eye wòaɖe nyɔnuvi la. Ke ne nyɔnuvi la fofo gbe gbidigbidi be ye vi maɖe ŋutsu la o hã la, ele be ŋutsu la nana tabianuawo kokoko. “Ele be woawu nyɔnu si nye nukala la. “Ele be woawu ŋutsu si dɔ lã aɖe gbɔ la kokoko. “Ele be woawu ame sia ame si sa vɔ na mawu, si menye Yehowa o la godoo. “Mele be miate amedzro aɖeke ɖe to le go aɖeke me o; miɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. “Mele be miaba ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo o. Ne mieba wo le mɔ aɖe nu, eye wodo ɣli bia nye kpekpeɖeŋu la, makpe ɖe wo ŋu godoo. Ekema mado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye mana futɔwo ƒe aʋakɔwo nawu mi ale be mia srɔ̃wo nazu ahosiwo, eye mia viwo nazu tsyɔ̃eviwo. “Ne nɔviwò Hebritɔ aɖe le xaxa me, eye nèdo ga nɛ la, mele be nàxɔ deme le esi abe ale si nàxɔ le ame bubu si ene o. Ne èxɔ eƒe avɔ abe awɔbanu ene la, ele be nàgbugbɔe nɛ le fiẽ me, elabena ɖewohĩ avɔ ma koe nye vuvɔxenu le esi. Aleke wòate ŋu adɔ alɔ̃e ne avɔ la mele esi o? Ne mètrɔ avɔ la nɛ o, eye wòdo ɣli bia nye xɔname la, masee, eye mave enu, elabena amenuvelae menye. “Mègado vlo wò Mawu o eye mègaƒo fi de wò dukɔ ƒe kplɔlawo o. “Ele be nàtsɔ wò agblemenukuwo kple wò wain ƒe ewolia nam. “Nàƒle wò viŋutsuvi ŋgɔgbetɔ ta. Mègahe nu siawo wɔwɔ ɖe megbe o. “Na wò nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo nanɔ wo dadawo gbɔ ŋkeke adre, eye nàtsɔ wo nam le ŋkeke enyilia gbe. “Esi miele kɔkɔe, eye mienye nye dukɔ tɔxɛ ta la, migaɖu lã aɖeke si lã wɔadã aɖe wu o. Migblẽ lã sia ƒe kukua ɖi na avuwo woaɖu.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Mègakaka aʋatsonyawo o, eye mègaɖu aʋatsoɖasefo na ame vɔ̃ɖi o. “Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ wɔwɔ me o, eye ne woyɔ wò ɖasefoe le nya aɖe me la, mègatrɔ nyateƒe la ƒe ta tu be ne yeadze amehawo ŋu o, eye mègaɖe ami ɖe nya la be ne wò ɖaseɖiɖi la nade ame aɖe dzi le eƒe amedahenyenye ta o. “Ne èkpɔ wò futɔ aɖe ƒe nyi alo tedzi si tra mɔ la, ele be nàkplɔe ayi na nutɔ. Ne agba te wo futɔ ƒe tedzi ɖe to, eye nèkpɔ wò futɔ wòle agbagba dzem be yeado alɔ tedzi la wòatsi tsitre la, mele be nàtso eme adzo o, ke boŋ ele be nàkpe ɖe eŋu. “Mègana ame aɖeke ƒe ahedada nana nàtrɔ eƒe nya dzɔdzɔe wòazu nya gbegblẽ o. “Mègada alakpa ɖe ame aɖeke si be ewɔ vɔ̃ o. Mègana woawu ame maɖifɔ gbeɖe o. Nyemalɔ̃ ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi sia dzi o. “Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ nana be màdze si nu si le dzedzem gãa o. Zãnuxɔxɔ gblẽa nu le ame si ƒe nya dzɔ la ŋuti. “Mègate amedzrowo ɖe to o, wò ŋutɔ ènya nu si amedzronyenye nye. Ɖo ŋku wò nuteƒekpɔkpɔwo le Egipte dzi. “Miƒã nu, eye miaŋe nu ƒe ade, ke migblẽ anyigba la ɖi wòadzudzɔ le ƒe adrelia me. Mina ame dahe siwo le mia dome la naxa nuku siwo mieɖe le miaƒe agble dzi le wo ɖokuiwo si, eye migblẽ nuku siwo susɔ la ɖi na lãwo woaɖu. Se sia ke ku ɖe miaƒe waingblewo kple amitivewo hã ŋu. “Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi. Miwɔ alea ale be miana dzudzɔ miaƒe nyiwo kple tedziwo kple miaƒe aƒemetɔwo, kluviwo kple amedzrowo siaa. “Mikpɔ egbɔ be miewɔ se siawo katã dzi. Miɖo ŋku edzi, migayɔ mawu bubu aɖeke ƒe ŋkɔ le gbedodoɖa alo atamkaka me o.” “Mawusubɔsubɔ ƒe ŋkekenyui etɔ̃e li wòle be miaɖu ƒe sia ƒe. “Gbãtɔe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui. Migaɖu abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã o ŋkeke adre abe ale si mede se na mi kpɔ ene. Ŋkekenyui sia ɖuɖu anɔ edzi ƒe sia ƒe le Tedoxe si nye ɣleti si me miedzo le Egipte. “Ame sia ame asa vɔ nam le ɣeyiɣi sia me. “Eveliae nye Nuŋeŋeŋkekenyui. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo vɛ nam. “Etɔ̃liae nye Ƒuƒoƒo Nukuwo ƒe Ŋkekenyui si miaɖu le nuŋeɣi ƒe nuwuwu. “Le ŋkekenyui etɔ̃ siawo katã ɖuɣiwo, le ƒe sia ƒe me la, ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa ŋkume. “Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. “Megana vɔsalã aɖeke ƒe ami natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. “Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me. “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o. “Kpɔ ɖa, mele Mawudɔla aɖe dɔm ɖe ŋgɔwò be wòakplɔ wò dedie ayi anyigba si medzra ɖo ɖi na wò la dzi. Vɔ̃e, eye nàwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò o. Eyae nye nye teƒenɔla, eye nye ŋkɔ le eŋu. Ke ne èɖɔ ŋu ɖo, ɖo toe, eye nèwɔ nye Sewo katã dzi la, ekema manye futɔ na wò futɔwo, elabena nye Dɔla adze ŋgɔ na wò, akplɔ wò ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi be mianɔ afi ma. Matsrɔ̃ dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò. “Mègasubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawu alo asa vɔ na wo le mɔ aɖeke nu o, eye mègadze trɔ̃subɔdukɔ siawo ƒe kpɔɖeŋu vɔ̃ɖiwo yome o. Ele na wò be nàɖu wo dzi, eye nàgbã woƒe legbawo. “Subɔ Yehowa, wò Mawu la ɖeɖe ko, ekema mayra wò kple nuɖuɖu kple tsi, eye maɖe dɔléle ɖa le mia dome. Fu mage le nyɔnuwo ƒo o, kotsitsi manɔ anyigba blibo la dzi o, eye ànɔ agbe ŋkeke ale si meɖo na wò. “Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nalé dukɔ siwo katã ƒe anyigba ŋu miaho aʋa ɖo, woasi le mia ŋgɔ. Maɖo nudzodzoe teamewo ɖa woanya Hivitɔwo, Kanaantɔwo kple Hititɔwo ɖa le ŋgɔwò. Nyemawɔ esiawo katã le ƒe ɖeka me o. Ne menye nenema o la, anyigba la ava zu gbedadaƒo, eye lã wɔadãwo ava sɔ gbɔ akpa. Ke manɔ wo nyam ɖa vivivi va se ɖe esime wò amewo adzi axɔ anyigba blibo la dzi. “Mana wò anyigba ƒe liƒowo natso Ƒu Dzĩ la nu ayi Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, eye wòagatso gbegbe siwo le anyigbeme va se ɖe Frat tɔsisi la nu. Mana nàɖu ame siwo katã le anyigba la dzi fifia la dzi, eye mana woasi le ŋgɔwò. “Mègawɔ nubabla aɖeke kpli wo loo alo nàna kadodo aɖeke nanɔ wò kple woƒe mawuwo dome o. Mègana woanɔ mia dome o, elabena menya be woana miadze woƒe mawuwo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me; esia anye mɔtetre na mi, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e gã va mia dzi.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron, Nadab kple Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadre, eye mialia to la. Ame mamlɛawo anɔ adzɔge, eye woasubɔm. Wò, Mose, koe ate ɖe ŋunye. Ɖo ŋku edzi be Israelvi bubuawo mekpɔ mɔ alia to la kura o.” Mose ɖe gbeƒã se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa de asi nɛ la na dukɔ la. Ameawo katã ɖo eŋu kple gbe ɖeka be, “Míawɔ seawo katã dzi.” Mose ŋlɔ Yehowa ƒe seawo katã da ɖi. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe to la te, eye wòɖo dzesidekpe wuieve ƒo xlã vɔsamlekpui la, elabena to wuievee wɔ Israel dukɔ la. Le esia megbe la, eɖo Israelvi ɖekakpui aɖewo ɖa be woasa numevɔsa eye woatsɔ nyitsuwo awɔ akpedavɔsa na Yehowa. Mose kɔ vɔsalã siawo ƒe ʋu ƒe afã ɖe zewo me, eye wòhlẽ afã mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.” Mose ku lãwo ƒe ʋu tso zeawo me hlẽ ɖe ameawo dome hegblɔ be, “Ʋu sia ɖo kpe nubabla si Yehowa wɔ kpli mí to Se siawo nana mí me la dzi, eye wòtre nubabla la nu.” Le esia megbe la, Mose, Aron, Nadab, Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadreawo lia to la. Wokpɔ Israel ƒe Mawu la. Teƒe si wòtsi tsitre ɖo la dze abe safirkpe keklẽ siwo me kɔ abe dziŋgɔli me la ene. Togbɔ be Israel ƒe ametsitsiwo kpɔ Mawu hã la, metsrɔ̃ wo o. Emegbe la, woɖu nu kple wo nɔewo le eŋkume. Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Va gbɔnye le to la dzi, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime matsɔ Se siwo meŋlɔ ɖe kpewo dzi la ana wò, ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi, afia seawo dukɔ la.” Ale Mose kple eƒe kpeɖeŋutɔ, Yosua lia Mawu ƒe to la. Mose gblɔ na ametsitsiawo be, “Minɔ afi sia, eye mialala mí va se ɖe esime míatrɔ agbɔ. Ne nya sesẽ aɖe ado ta ɖa la, ekema mitsɔ nya la ɖo Aron kple Hur ŋkume.” Mose lia to la, eye wòbu ɖe lilikpowo me le to la tame. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe Sinai to la dzi, eye lilikpo la tsyɔ to la dzi ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa yɔ Mose tso lilikpo la me. Israelvi siwo nɔ to la te la kpɔ nu dziŋɔ sia teƒe. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na wo le toa tame abe dzo bibi ene. Mose bu ɖe lilikpo si tsyɔ to la tame la me, eye wònɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be ame sia ame si alɔ̃ la, natsɔ nunana siawo dometɔ aɖewo vɛ nam. “Sika, klosalo, akɔbli, avɔ si nye blɔtɔ, avɔ dzĩ, aklala, gbɔ̃fuwo, agbogbalẽ si wode ama dzĩ, gbɔ̃gbalẽ, akasiati, ami na akaɖiwo, amiʋeʋĩ hena amisisi kple numeme ʋeʋĩ, onikskpe siwo woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu ŋu, elabena medi be Israelviwo natu nɔƒe kɔkɔe aɖe nam, afi si manɔ le wo dome. “Nye nɔƒe sia anye agbadɔ. Mafia ale si nàtui kple nu siwo nàtsɔ aɖo atsyɔ̃ nɛ la wò. “Tsɔ akasiati nàkpa aɖaka wòadidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, wòakeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ- ade. Fa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye nàtsɔ sika nyuitɔ ke amli ɖe aɖaka la togawo kpe ɖo. Wɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye nàklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔ̃dɔ̃e eve nanɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe. Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu. Tsɔ wo ƒo ɖe asigɛ eve siwo le aɖaka la ƒe axa ɖeka dzi la me hena aɖaka la tsɔtsɔ. Womaɖe ati siawo le sikasigɛawo me o, ke boŋ woanɔ wo me ɖaa. Ekema nàtsɔ nubabla si matsɔ na wò la ade aɖaka la me. Tsɔ sika nyuitɔ wɔ nublanuikpɔkpɔzikpui si adidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòakeke sentimita blaadre-vɔ-ade. Tsɔ sika wɔ kerubi eve, eye nàklã wo ɖe nutunu la ƒe didime ƒe nuwo. Wɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye ɖeka anɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka. Kerubiawo adze ŋgɔ wo nɔewo, eye woanɔ amenuvevezikpui la gbɔ kpɔm. Woakeke woƒe aʋalãwo ɖe sikanutunu la dzi. Tsɔ nutunu la tu aɖaka la nu, eye nàtsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo siwo matsɔ na wò la de aɖaka la me. Mado go wò le afi ma, aƒo nu kpli wò le amenuvevezikpui la tame, le kerubi eve siwo le nubablaɖaka tame la dome, eye matsɔ nubablakpe siwo dzi meŋlɔ nye sededewo na Israelviwo ɖo la na wò. “Emegbe la, nàtsɔ akasiati akpa kplɔ̃ wòadidi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, akeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Fa sika nyuitɔ ɖe edzi, eye nàfa sika ɖe eto. Tsɔ akasiati si keke milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ la ɖo kplɔ̃ la to kpe ɖo, eye nàtsɔ sika afa ɖe akasiati la to. Wɔ sikasigɛ ene na kplɔ̃ la, eye nàklã wo ɖe kplɔ̃ la ƒe axa eneawo dzi, woate ɖe afɔti eneawo ŋu. Asigɛawo nate ɖe kplɔ̃ la ƒe to lɔƒo be woatsɔ atiwo ade asigɛawo me hena kplɔ̃ la kɔkɔ. Tsɔ akasiati wɔ kplɔ̃kɔtiawo, eye nàfa sika ɖe wo ŋu. Wɔ sikagbawo, sikagatsiwo, nutɔgbawo, goewo kple trewo, nu siwo ŋu dɔ wowɔna le kplɔ̃a dzi, eye nàtsɔ Ŋkumeɖobolo tɔxɛ ada ɖe kplɔ̃ la dzi le nye ŋkume ɣe sia ɣi. “Tsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Na akaɖiti blibo la nanye nu ɖeka; ele be woatu akaɖiti la ƒe afɔwo, eƒe titinati diditɔ, akaɖiawo kple seƒoƒoawo nanye nu blibo ɖeka. “Alɔ ade nanɔ akaɖiti la ƒe axawo dzi, etɔ̃ nanɔ akaɖiti la ƒe axawo kple eve dzi. Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo siwo katã le akaɖiti la kɔgo ŋu. Kplu ene siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo si do, eye wòke ene la nanɔ akaɖiti la dzi. Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nanɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade. Ele be woawɔ atsyɔ̃ɖonuawo kple alɔdzeawo kple titinati didi la siaa kple sika nyuitɔ woanye nu blibo ɖeka. Le esia megbe la, wɔ akaɖi adre na akaɖiti la, eye nàna woaklẽ ɖe ŋgɔ. Tsɔ sika nyuitɔ wɔ ɖovulãnuwo, eye nàtsɔ eya ke awɔ agba vi siwo me woada wo ɖo la. Sika nyuitɔ si ŋu dɔ woawɔ na akaɖiti la kple eŋunuwo la ƒe kpekpeme nade kilogram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃. “Kpɔ egbɔ be nu sia nu sɔ ɖe nu si mele fiawòm le toa dzi la dzi tututu.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Tsɔ avɔ ewo siwo wolɔ̃ kple ka nyuiwo, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ la wɔ agbadɔ la, eye nàlɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. Avɔ ɖe sia ɖe nadidi mita wuieve, eye wòakeke mita eve. Woatɔ avɔ atɔ̃, didime ɖe didime nu woazu avɔ ɖeka na agbadɔ la ƒe axa ɖeka. Woawɔ nenema ke kple avɔ atɔ̃ bubuawo hã. Tɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, na be gbãtɔ ƒe kawo nasɔ ɖe evelia tɔwo nu. Tɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe avɔ la ƒe go eve me, eye ka siwo le avɔwo me la nasɔ ɖe wo nɔewo dzi le go eveawo me. Tsɔ sika tu gavi blaatɔ̃ nàtsɔ ku avɔ eveawo ƒe nuwo ƒo ƒui ale be agbadɔ la, si nye Mawu ƒe nɔƒe la, nazu nu blibo ɖeka. “Tsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ la. Avɔ wuiɖekɛawo katã nasɔ; ɖe sia ɖe nadidi mita wuietɔ̃, eye wòakeke mita eve. Tɔ gbɔ̃fuvɔ atɔ̃ woazu avɔ keke ɖeka, eye nàgatɔ ade mamlɛawo hã woazu avɔ keke ɖeka. Ŋlɔ gbɔ̃fuvɔ adelia ɖe akpa eve le agbadɔ la ŋgɔ. Tɔ avɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe to na agbadɔ la ƒe axa ɖeka, eye nàgawɔe nenema ke ɖe axa evelia to le akpa kemɛ. Tu gavi blaatɔ̃ kple akɔbliga, eye nàtsɔ wo de ka kpuiwo me ate avɔawo akpe be avɔ keke eveawo nazu avɔ keke gã ɖeka. Ke hena avɔ si le agbadɔ la megbe la, woatsɔ avɔ afã si susɔ la atsi ɖe agbadɔ la megbe. Agbadɔwɔvɔ la nadidi mita eve le axa eveawo dzi, akpa mamlɛa naxe agbadɔ la ƒe axawo dzi be woaxe teƒeawo. Tsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye nàgatsɔ gbɔ̃gbalẽwo atsyɔ alẽgbalẽawo dzi. “Tsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. Ʋuƒo siwo woatu anyi la nadidi mita ene, eye woakeke sentimita blaade-vɔ-ade. Ɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. Ʋuƒo blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. Woatsɔ klosalo awɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nanɔ ati ɖe sia ɖe te. Sɔti blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe anyiehe gome hã. Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nanɔ sɔtiawo te, eve nanɔ ɖe sia ɖe te. Sɔti ade nanɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe, eye sɔti eve nanɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woatsɔ sikasigɛwo alé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. Ale sɔti enyi nanɔ agbadɔ la ƒe akpa ma lɔƒo: klosalofɔti wuiade nanɔ wo te. Ale klosalofɔti eve nanɔ ʋuƒo ɖe sia ɖe te. “Dze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nanɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi; gameti atɔ̃ hã na sɔti siwo le agbadɔ la ƒe akpa evelia kple gameti atɔ̃ na ʋuƒo siwo le ɣetoɖoƒe lɔƒo le agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ɖaa. Na daɖedzi titinatɔwo nade nu wo nɔewo me aƒo xlã agbadɔ blibo la. Fa sika ɖe ʋuƒoawo ŋu nàtsɔ sika awɔ gaviwo be woalé ʋuƒoawo, eye nàfa sika ɖe daɖedziawo hã ŋuti. Tu agbadɔ la ɖe nɔnɔme si mefia wò le to la dzi la nu pɛpɛpɛ. “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmetsovɔ, eye nàna aɖaŋudɔwɔla nyuitɔ nalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme. Tsi xɔmetsovɔ sia ɖe sɔti ene siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, ɖe sikagatagbadzɛ ene ŋu. Na sɔti ɖe sia ɖe nanɔ afɔti ene siwo wowɔ kple klosalo la dzi. Tsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ eneawo ŋu. Tsɔ Aɖaka si me kpe siwo dzi woŋlɔ Mawu ƒe seawo ɖo la da ɖe xɔmetsovɔ sia megbe. Xɔmetsovɔ la ama Kɔkɔeƒe la ɖa tso Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔ. “Azɔ la, tsɔ amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye Aɖaka la ƒe sikanutunu la da ɖe Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la. Tsɔ kplɔ̃ la da ɖe xɔmetsovɔ la godo le agbadɔ la ƒe anyiehe gome, eye akaɖiti la nadze ŋgɔe le dziehe gome. “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la. Tsi xɔmemɔnuvɔ sia ɖe akasiati la ƒe sɔti atɔ̃ siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, eye nàtsɔ akɔbli awɔ zɔ atɔ̃ ɖe wo te.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Tsɔ akasiati nàkpa vɔsamlekpui lae. Eƒe ta ƒe kekeme kple didime siaa nanye mita ɖeka kple desimita eve, eye wòakɔ mita ɖeka kple desimita etɔ̃. Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu. Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, sofiwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo. Tsɔ akɔbli wɔ lãyiga, eye nàwɔ akɔblisigɛ ɖe dzogoe eneawo ŋu. Klã lãyiga la ɖe mlekpui la titina, eye nàna wòanɔ teƒe si wodoa dzo ɖo la tame. Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. Na woatsɔ ati didiawo aƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. Tsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui la, do nanɔ eme abe ale si meɖee fia wò le to la dzi ene pɛpɛpɛ.” “Tɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe dziehe gome nadidi mita blaene-vɔ-ene. Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi dada la tɔ kpɔ siae, eye nàtu kpɔti blaeve siwo ƒe afɔtiwo woatu kple akɔbliga, eye woatsɔ klosaloga atu gatagbadzɛ siwo woatsɔ avɔawo akui la ɖe kpɔtiawo ŋu. Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene- vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu. Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma. Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Avɔ si didi mita ade kple afã la nanɔ akpa ɖeka na mɔnu la. Woatsi avɔ la ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. Avɔ didime ma tɔgbi ke nanɔ agbadɔ la ƒe akpa evelia, eye woatsi eya hã ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. “Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu. Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae. Ale kpɔtɔtɔ la nadidi mita blaene-vɔ-ene, akeke mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔtɔtɔ la ƒe avɔ akɔ abe mita eve ene, eye woalɔ̃e kple ɖeti nyuitɔwo. “Na woatsɔ akɔbli awɔ nu sia nu si woatsɔ ga awɔe le agbadɔ la ŋu: woatsɔ akɔbli awɔ gatagbadzɛawo kple tsyotiawo hã. “Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. Ele be Aron kple viawo nakɔ akaɖi sia, si womana wòatsi akpɔ o la ada ɖe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nublaɖaka ŋkume la ŋgɔ. Woana wòanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene. Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò ŋutsu Aron be woade kɔkɔ kple bubu eŋu. Gblɔ na aɖaŋudɔwɔla siwo katã mena nunya le nya siawo tɔgbi me la be woatɔ awuwo na Aron hena eɖoɖo nunɔlae, ale be wòate ŋu awɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam. Awu siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, dziwui ʋlaya si ŋu abɔ mele o, eye wòdidi tso abɔta va se ɖe klo te, dziwui, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ awu kɔkɔewo na Aron kple via ŋutsuwo be woawɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam. “Na woatsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hɛ̃tɔ kple ɖetika ɣitɔ alɔ̃ awu siawoe. “Aɖaŋuvɔlɔ̃la xɔŋkɔwo natsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ alɔ̃ kɔmewu lae. Woatɔe awu evee: ŋgɔgbetɔ kple megbetɔ, eye woakpe wo ɖe abɔta. Woatsɔ avɔ ma tɔgbi ke, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ ƒe avɔ awɔ alidziblanu la hãe. Emegbe tsɔ onikskpe eve, eye nàŋlɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi. Ŋkɔ ade nanɔ kpe ɖeka dzi, eye woaɖo ŋkɔawo ɖe woƒe tsitsi nu. Tsɔ ŋkɔsigɛ̃wɔnu ŋlɔ Israel ƒe vi wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi. Wɔe abe ale si kpe xɔasi nuŋlɔla ŋlɔa nui ɖe ŋkɔsigɛ dzi la ene. Emegbe, nàtsɔ sika afa ɖe towo na kpeawo. Tsɔ kpe eveawo eye tɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi. Na Aron nakpla woƒe ŋkɔwo ɖe abɔta le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzi ene. Na woatsɔ sika nyuitɔ awɔ sikakawo kple sikakɔsɔkɔsɔ eve siwo adidi abe ka ene, eye woatsɔ wo aku sikasigɛ siwo le kɔmewu la ƒe abɔtawo. “Na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nawɔ akɔtaɖonu si anye nyametsonu; nenɔ abe kɔmewu la tɔgbi ene, eye woawɔe kple sikaka blɔtɔ, ka dzĩ kple ka hẽ kple kadada ɣi. Wɔe ɖe dzogoe ene me, eƒe didime nanye sentimita blaeve-vɔ-eve, eye eƒe kekeme hã nanɔ nenema. Emegbe woaŋee ɖe eve. Tsɔ kpe xɔasiwo ɖo agbaka ene me ɖe eŋu. Kanelian, krisolit kple beril nanɔ fli gbãtɔ me; tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nanɔ fli evelia me. Yasint, agate kple ametist nanɔ fli etɔ̃lia me. Topaz, oniks kple yaspa nanɔ fli enelia me. Tsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene. Tsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. Wɔ sikagagodo eve nɛ, eye nàtsɔ wo asa ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi. Tsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eve sa ɖe gagodo siwo le akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eveawo ŋu la ŋu. Na woatɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. Emegbe la, gawɔ sikasigɛ bubu eve, eye nàtsɔ wo aku akɔtawu la te le eme gome. Gawɔ sikasigɛ bubu eve na dziwui ʋlaya la te le eŋgɔ, le alidziblanu la ŋu. Azɔ la, tɔ ka blɔtɔwo ɖe akɔtawu la te, eye nàtsɔ kawo atsi ɖe sikasigɛ siwo le dziwui ʋlaya la te la ŋu. Esia ana be akɔtawu la nalé ɖe dziwui la ŋu. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔ siwo le akɔtawu la dzi aɖo eƒe dzi gbɔ abe Mawu ƒe nyametsonu ene, ne eyi Teƒe Kɔkɔe la. Nu sia anɔ ŋku ɖom Israelviwo dzi na Yehowa edziedzi.” Tsɔ Urim kple Tumim siwo nye kpe siwo wotsɔna biaa nu Mawu la de akɔtawu la ƒe kotoku me be woanɔ Aron ƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe nyametsonu la ɖe eƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. “Tsɔ avɔ blɔtɔ tɔ awu ʋlaya si le kɔmewu la te, eye woaɖe teƒe si Aron ƒe ta nato la ɖi. Woatɔ avɔ aƒo xlã teƒe sia, abe ale si wowɔna na akpoxɔnuwo ene, ale be mavuvu o. Woatsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ alɔ̃ yevuboɖawo ɖe awu ʋlaya la to le awu la te eye sikanyawowoewo nanɔ yevuboɖawo dome. Yevuboɖawo kple sikanyawowoeawo naɖɔli wo nɔewo ale be sikanyawowoe ɖeka nanɔ yevuboɖa ɖeka yome. Na Aron nado dziwui ʋlaya la ɣe sia ɣi si wòayi be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa, eye sikanyawowoeawo nanɔ ɖiɖim kliŋkliŋkliŋ le Yehowa ŋkume le Kɔkɔeƒe la kple ne edzo le eŋkume ale be maku o. “Hekpe ɖe esia ŋu la, tsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa, abe ale si nàŋlɔ nu ɖe nutrenu la dzi ene. Woatsɔ ka blɔtɔ atsi sikanu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu. Ale wòanɔ Aron ƒe ŋgonu, eye Aron atsɔ vodada siwo anɔ Israelviwo ƒe nunanawo ŋu la aƒu akɔ. Ele be wòakplae ɣe sia ɣi si wòado ɖe Yehowa ŋkume ale be, Mawu nakpɔ ŋudzedze le nunanawo ŋu, eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake. “Na woalɔ̃ Aron ƒe dziwui ʋlaya la kple ɖeti ɣi, eye woana wòanɔ ŋɔŋɔe. Woatsɔ avɔ ma ke alɔ̃ tablanu la hã, eye woalɔ̃ nu ɖe alidziblanu la hã me. “Wɔ awu ʋlayawo, alidziblanuwo kple tablanuwo na Aron ƒe viŋutsuwo be woade bubu wo ŋu. Do awu siawo na Aron ƒe viŋutsuawo. Si ami ɖe ta na wo, eye nàto esia me akɔ wo ŋu, aɖo wo nunɔlawo be woasubɔm. Tsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ si woatsɔ atɔ atakpui na wo woado ɖe awuawo te. Atakpuiawo natso alime va se ɖe klonu. Ele be Aron kple via ŋutsuwo nado awu siawo ɣe sia ɣi si woayi agbadɔ la me alo woayi vɔsamlekpui la gbɔ le Kɔkɔeƒe la. Ne womewɔ nu siawo o la, woaɖi fɔ, eye woaku. Esia nye se matrɔmatrɔ na Aron kple via ŋutsuwo.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Wɔ nu siawo hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ kple wo ɖoɖo nunɔlawoe. Lé nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo ŋu naneke megblẽ le o, eye nàtsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã, abolo vivi si woblu kple ami kple akpɔnɔ siwo dzi wokɔ ami ɖo. Woatsɔ wɔ memi awɔ aboloawo kple akpɔnɔawo. Tsɔ wo de kusi aɖe me, eye nàtsɔ kusi la, nyi la kple agbo aveawo vɛ. Le tsi na Aron kple via ŋutsuwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Do Aron ƒe dziwui, kɔmewu ʋlaya, kɔmewu la ŋutɔ kple akɔtatsyɔnu la nɛ, tsɔ alidziblanu si wolɔ̃ aɖaŋutɔe la bla ali dzi nɛ, eye nàtsɔ tablanu la kple sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖo ta nɛ. Tsɔ ami kɔkɔe la, eye nàsi ami ɖe ta nɛ. Yɔ via ŋutsuwo vɛ, eye nàtsɔ woƒe dziwuiwo ado na wo. Bla ta na wo kple woƒe tablanuwo, tsɔ alidziblanu tso gae ɖe woƒe akɔta, ahablae ɖe axame na Aron kple via ŋutsuwo, ale be nunɔladɔ nanye wo tɔ tegbee. Aleae nàɖo Aron kple viawo nunɔlawoe. “Emegbe la, he nyitsu la va agbadɔ la ŋgɔ, eye nàna Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi. Wui le Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe mɔnu. Tsɔ wò asibidɛ de eƒe ʋu me, sisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye nàkɔ ʋu mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te. Emegbe nàɖe ami si le nyitsu la ƒe dɔmenuwo ŋu. Ɖe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu, eye nàtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Esia megbe la, nàtɔ dzo lã blibo la kple eƒe ayi kple afɔdzi si le dɔ me nɛ la le asaɖa la godo abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene. “Emegbe la, Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe agboawo dometɔ ɖeka ƒe ta dzi, eye nàwui. Woaɖe eya hã ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo. Fli agbo la, kpala lã la, eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nàtsɔ wo da ɖe eƒe ta kple lãkɔ bubuawo dzi. Tɔ dzo lã blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi. Numevɔsae wònye na Yehowa, eye wòdzea eŋu ŋutɔ. “Azɔ la, he agbo evelia vɛ. Na Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe eya hã ƒe ta dzi. Wui eye nàɖe ʋu la asi ɖe Aron kple via ŋutsuwo ƒe nuɖusitowo, woƒe degblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe nuɖusi ƒe afɔbidɛ gãtɔwo ŋu. Hlẽ ʋu mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo. Emegbe la, nàha ʋu la ƒe ɖe le vɔsamlekpui la ŋu, nàtsakae kple amisisi la, eye nàhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuawo ƒe awuwo ŋu. Ekema woawo ŋutɔwo kple woƒe awuwo ŋu akɔ na Yehowa. “Azɔ ɖe agbo la ƒe ami kpe ɖe asike dami la, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, nàɖe eƒe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kpe ɖe agbo la ƒe ɖusimeta ŋu. (Esiae nye agbo na Aron kple via ŋutsuwo ɖoɖo nunɔlawoe.) Tsɔ nu siawo kpe ɖe abolo bɔbɔe ɖeka kple abolo vivi ɖeka kple akpɔnɔ ɖeka ŋu tso kusi si me abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã si woda ɖe Yehowa ŋkume la me. Tsɔ nu siawo de asi na Aron kple viawo. Na woanye wo le yame abe vɔsa na Yehowa ƒe dzesi ene. Le esia yome la, xɔ nu siawo le wo si, eye nàtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numeme si ʋẽna lĩlĩlĩ ɖe Yehowa ene. Ɖe agbo si wòwu hena Aron ɖoɖo nunɔlae la ƒe akɔ. Nyee le yame le Yehowa ŋkume abe vɔsa ƒe dzesi ene. Akɔ sia nazu tɔwò. “Tsɔ agbo si wowu hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ la ƒe akɔta kple atawo na Aron kple via ŋutsuwo. Ele be Israelviwo nadzɔ woƒe vɔsalãwo ƒe akpa siawo ɣe sia ɣi, nenye ŋutifafavɔsa loo alo akpedavɔsa abe woƒe vɔsa na Yehowa ene. “Ele be woadzra eƒe awu kɔkɔeawo ɖo hena Via ŋutsu si ava xɔ ɖe eteƒe la ŋuti kɔkɔ ne wole eŋuti kɔm tso dzidzime yi dzidzime. Ame sia ame si ava nye nunɔlagã le Aron megbe la ado awu siawo ŋkeke adre hafi ade asi subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me le agbadɔ la me kple Kɔkɔeƒe la siaa. “Tsɔ agbo si ŋu dɔ wowɔ le nunɔlawo ɖoɖo me, eye nàɖa eƒe lã le teƒe kɔkɔe aɖe. Na Aron kple via ŋutsuwo naɖu lã la kple abolo si le kusi la me le agbadɔ la ƒe mɔnu. Ale woaɖu nu si wotsɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖae hafi ɖo wo nunɔlawoe hekɔ wo ŋuti. Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ aɖu wo o, elabena nu kɔkɔewo wonye. Nenye be agbo si wotsɔ ɖo wo nunɔlawoe la ƒe lã aɖe susɔ alo abolo la ƒe ɖe susɔ ŋu ke ɖe edzi la, tɔ dzoe. Mele be woaɖui o, elabena ele kɔkɔe. “Ale nàɖo Aron kple via ŋutsuwo nunɔlawo le mɔ sia nu. Wo ɖoɖo nanɔ edzi ŋkeke adre. Ele be nàtsɔ nyitsu ɖeka awɔ nuvɔ̃ŋutivɔsa gbe sia gbe. Emegbe la, nàkɔ vɔsa la ŋu to nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa le eŋu me. Kɔ ami ɖe edzi be eŋu nakɔ. Me avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe ŋkeke adre be nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu na Mawu. Le esia megbe la, vɔsamlekpui la azu kɔkɔe, nu sia nu si aka eŋu la hã azu kɔkɔe, eye ame siwo le kɔkɔe la koe aka asi eŋu.” “Tsɔ alẽ eve sa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe, ɖeka le ŋdi me, eye evelia le fiẽ me. Tsɔ wɔ memi kilogram ɖeka, ami lita ɖeka kple wain lita ɖeka kpe ɖe alẽ ɖeka ŋu. Tsɔ alẽ evelia kple wɔ memi la kple wain sa vɔe le fiẽ me abe ale si nèwɔ le ŋdi me ene, wòanye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ na Yehowa. “Esiae nye numevɔsa si miawo kple miaƒe dzidzimeviwo miawɔ gbe sia gbe na Yehowa le agbadɔ la ƒe mɔnu. Mado go wò le afi ma, eye maƒo nu kpli wò. Mado go Israelviwo le afi ma, eye nye ŋutikɔkɔe akɔ agbadɔ la ŋu. Ɛ̃, makɔ agbadɔ la, vɔsamlekpui la, Aron kple via ŋutsuwo, ame siwo nye subɔlawo kple nunɔlawo la ŋu. Manɔ Israelviwo dome, manye woƒe Mawu, eye woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la. Mekplɔ wo tso Egipte ale be mate ŋu anɔ wo dome. Nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Tsɔ akasiati wɔ vɔsamlekpui aɖe si dzi woado dzudzɔ ʋeʋĩ ɖo. Na eƒe didime kple kekeme siaa nanɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃, eye wòakɔ sentimita blaasiekɛ. Tsɔ akasiati ke kpa lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ŋu woanye nu ɖeka. Fa sika nyuitɔ ɖe vɔsamlekpui la tame kple eƒe axadziwo kple lãdzoawo ŋu, eye nàgatsɔ sika nyuitɔ aɖo atsyɔ̃ na vɔsamlekpui la ƒe towo katã. Wɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, ɖe eƒe axa eveawo, be woatsɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo aƒo ɖe wo me. Woawɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo kple akasiati, eye woafa sika ɖe wo ŋu. Tsɔ vɔsamlekpui la da ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ, wòate ɖe amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la kasa, afi si mado go wò le. “Ŋdi sia ŋdi la, Aron ado dzudzɔ kple atike ʋeʋĩ le vɔsamlekpui la dzi, ne ebɔbɔ akaɖigbɛawo ɖe eme. Fiẽ sia fiẽ la, Aron agado dzudzɔ kple lifi le Yehowa ŋkume, ne esi akaɖiawo. Nu sia ayi edzi tso dzidzime yi dzidzime. Mègawɔ dzudzɔdovɔsa, numevɔsa, nuɖuvɔsa alo nunovɔsa bubu aɖeke si ŋu nyemeɖe mɔ le o. “Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣe sia ɣi si nàxlẽ Israelviwo la, ele be ame sia ame si woaxlẽ la, naxe fe na Yehowa ɖe eƒe agbe ta, ale be dɔvɔ̃ manɔ ameawo dome ne èle wo xlẽm o. Ga si ame sia ame si woxlẽ naxe la nye klosalo gram ade. Ke nu si woaxe la aku ɖe kɔkɔeƒe ga home si woabia tso wo si le ƒe ma me la ŋu. Woadzɔ nu sia na Yehowa. Ame sia ame si wotia, eye wòxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la nadzɔ nu na Yehowa. Hotsuitɔwo maxe fe sia wòawu home si meyɔ o, eye ame dahewo hã mana nu wòanɔ sue wu o, elabena vɔsae wònye na Yehowa hena miaƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke. “Wɔ ga sia ŋu dɔ hena agbadɔ la dzadzraɖo. Eyae aɖo ŋku Israelviwo dzi na Yehowa, eye wòanye avulénu ɖe mia ta.” Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli wɔ gagbɛ aɖe kple eƒe zɔ hena ŋutikɔklɔ. Tsɔe da ɖe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàkɔ tsi ɖe eme. Na Aron kple via ŋutsuwo naklɔ asi kple afɔ le afi sia, ne woyina agbadɔ la me be woado ɖe Yehowa ŋkume alo hafi woate ɖe vɔsamlekpui la ŋu be woasa vɔ na Yehowa. Ele be woaklɔ asi kple afɔ hafi awɔ nu siawo, ne menye nenema o la, woaku. Esiawoe nye ɖoɖowo na Aron kple via ŋutsuwo tso dzidzime yi dzidzime.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Ƒo atike ʋeʋĩ nyuitɔwo nu ƒu ale: ‘Mira’ nyuitɔ kilogram ade, ‘sinamon’ kilogram etɔ̃, atike ʋeʋĩ kilogram etɔ̃, ‘akasea’ kilogram ade kple ami lita ene le kɔkɔeƒe la ƒe dzidzenu nu. Yehowa gblɔ na amiʋeʋĩwɔla xɔŋkɔwo be woatsɔ atike siawo awɔ amisisi kɔkɔe lae. Anye dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.” Yehowa gblɔ be, “Si ami sia na agbadɔ la, nubablaɖaka la, kplɔ̃ la kple eŋunuwo, akaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la, numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo kple asiklɔgagbɛ la kple eƒe afɔ. Kɔ wo ŋu woazu kɔkɔe; nu sia nu si aka wo ŋu la azu kɔkɔe na Mawu. “Tsɔe si ami na Aron kple via ŋutsuwo, eye nàkɔ wo ŋu hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ nam abe nunɔlawo ene. Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ami sia anye ami kɔkɔe si miasi na amewo ɣe sia ɣi. Womakɔe ɖe ame dzodzro aɖeke dzi o, eye ame aɖeke mawɔ etɔgbi na eɖokui o, elabena ami kɔkɔe wònye, eye ele be ame sia ame nabui ami kɔkɔe. Ele be woaɖe ame sia ame si awɔ etɔgbi alo atsɔe asi na ame aɖe si menye nunɔla o la le ha me.’ ” Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ atike ʋeʋĩwo, lifi lãhe, onitsa, galbanum kple lifi nyuitɔ kpekpeme ma ke na ɖe sia ɖe, eye nàtsɔ wo awɔ dzudzɔdonu abe ale si dzudzɔdonuwɔlawo wɔnɛ ɣe sia ɣi ene pɛpɛpɛ. De dze sue aɖe eme, eye wòanye dzudzɔdonu kɔkɔe si dza. Tu eƒe ɖe memie eye nàtsɔ eƒe ɖe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ, afi si medoa go wò le, le agbadɔ la me. Dzudzɔdonu sia le kɔkɔe. Migawɔ etɔgbi na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe o, elabena enye nu kɔkɔe na Yehowa ɖeɖe ko. Ame si awɔ esia tɔgbi be eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nado dzidzɔ nɛ la, ele be woaɖee ɖa le eƒe dukɔ la dome.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, metia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me. Mena Mawu ƒe Gbɔgbɔ yɔ eme, eye wòna nunya deto kple ŋutete kple aɖaŋu tɔxɛe hena agbadɔ la tutu kple nu sia nu si le eme la wɔwɔ. Ŋutete blibo le eŋu hena nuwo wɔwɔ kple sika, klosalo kple akɔbli. Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe. Metia Oholiab, Ahisamak ƒe vi tso Dan ƒe to la me be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ. “Gawu la, megatsɔ aɖaŋu tɔxɛwo na ame siwo katã mienya be wonye aɖaŋutɔwo ale be woate ŋu awɔ nu siwo mebe nàwɔ la katã: “agbadɔ la, Nubablaɖaka la kple eƒe nutuvi, kple nu siwo katã le agbadɔ la me, vɔsamlekpui la kple eŋunuwo, sikakaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la, numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo, tsileganu la kple eƒe zɔ, Nunɔla Aron ƒe awu nyui kɔkɔewo kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe awuwo, ale be woate ŋu awɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene, Teƒe Kɔkɔe la ƒe amisisi la kple dzudzɔdonu ʋeʋĩwo. “Ele be woawɔ nu siawo katã ɖe ale si meɖo na wò la nu.” Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbe la dzi, elabena Dzudzɔgbe la nye ŋkuɖoɖo nubabla si le nye kple miawo dome la dzi tegbetegbe. Esia awɔe be miaɖo ŋku edzi be nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe.’ “Ele be miadzudzɔ le Dzudzɔgbe la dzi, elabena enye ŋkeke kɔkɔe na mi. Ele be woawu ame sia ame si ada le se sia dzi la, eye woaɖe ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la ƒe agbe ɖa le etɔwo dome. Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe; ŋkeke kɔkɔe wònye na Yehowa. Ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la, ele be woawui. Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, elabena ŋkeke adrelia nye ŋkeke tɔxɛ hena dzudzɔ, eye wòle kɔkɔe na nye Yehowa. Se sia nye nubabla mavɔ, eye wòle be Israelviwo nawɔ edzi. Enye nubabla si le nye kple Israelviwo dome la ƒe dzesi mavɔ, elabena ŋkeke adee nye, Yehowa metsɔ wɔ dziƒo kple anyigba, eye medzudzɔ le ŋkeke adrea gbe.” Esi Yehowa wu eƒe nuƒoƒo kple Mose nu le Sinai to la dzi la, etsɔ kpe eve siwo dzi eya ŋutɔ tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ Se Ewoawo ɖo la na Mose.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi Mose megbɔ tso to la dzi kaba o ta la, Israelviwo gblɔ na Aron be, “Kpɔ ɖa, wɔ mawu aɖe si akplɔ mí la na mí, elabena Mose, ame si kplɔ mí tso Egipte la, bu ɖe mí. Nane anya wɔe.” Aron ɖo eŋu na wo be, “Miɖe sikatogɛ siwo mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo de la eye miatsɔ wo vɛ nam.” Ale wo katã woɖe woƒe sikatogɛwo tsɔ vɛ na Aron. Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe wɔ nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, “O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ wò do goe le Egipte!” Esi Aron kpɔ ale si ameawo kpɔ dzidzɔe le nyivilegba la ŋu la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe nyivilegba la ŋgɔ, eye wòɖe gbeƒã be, “Etsɔ la, míasa vɔ aɖe na Yehowa!” Esi ŋu ke la, wofɔ kaba, eye wode asi numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo wɔwɔ me na nyivilegba la. Emegbe la, wonɔ anyi ɖu nu, eye wono nu nyuie, eye wotsi tsitre, eye woɖu ɣe. Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi kaba, elabena wò ame siwo nèkplɔ tso Egipte la dze nu vɔ̃ me, eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le vɔ sam nɛ, eye wole gbɔgblɔm be, ‘O Israel, esiae nye wò mawu si kplɔ wò tso Egipte.’ ” Yehowa yi edzi be, “Mekpɔ be dukɔ sia me tɔwo nye kɔlialiatɔwo kple aglãdzelawo. Gblẽm ɖi azɔ, eye nye dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu. Matsrɔ̃ wo katã, eye mawɔ wò, Mose nàzu dukɔ gã aɖe ɖe wo teƒe.” Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, “Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe wò ŋutɔ wò dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ gã kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu? Ɖe nèdi be Egiptetɔwo nagblɔ be, ‘Mawu ble wo be woava toawo dzi ale be yeate ŋu awu wo, atsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ’ mahã? Ɖe asi le wò dɔmedzoe sesẽ la ŋu. Trɔ wò susu, eye mègahe dzɔgbevɔ̃e va wò amewo dzi o. Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’ ” Ale Yehowa trɔ eƒe tameɖoɖo la, eye wòkpɔ nublanui na wo. Mose ɖi tso to la dzi. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la ɖe asi. Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye wòŋlɔ Seawo ɖe kpeawo dzi. Esi Yosua se ɣli si ameawo katã nɔ dodom le toa te la, egblɔ na Mose be, “Ewɔ abe ɖe wole dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ ene!” Ke Mose ɖo eŋu be, “Ao, menye dziɖuɣli alo aʋasiɣlie o, ke boŋ hadzidzie.” Esi wote ɖe asaɖa la ŋu la, Mose kpɔ sikanyivilegba la kple ameawo wonɔ ɣe ɖum. Edo dɔmedzoe ale gbegbe be wòtsɔ kpe siwo dzi Mawu ŋlɔ Seawo ɖo la ƒu anyi wogbã le to la te. Etsɔ sikanyivilegba la, eye wòdee dzo me wòlolo. Esi sika la fa la, etui memie wòzu wɔ. Etsɔ wɔ la kɔ ɖe tsi me hena Israelviwo wono. Mose bia Aron be, “Nu ka tututu ameawo wɔ wò be nèhe nu vɔ̃ triakɔ sia va wo dzi?” Aron ɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha vɔ̃ɖi si wonye. Woawoe gblɔ nam be, ‘Wɔ mawu aɖe na mí, wòakplɔ mí, elabena nane wɔ Mose, ame si kplɔ mí do goe le Egipte.’ Megblɔ na wo be, ‘Mitsɔ miaƒe sikatogɛwo vɛ.’ Ale wotsɔ wo vɛ. Metsɔ wo de dzo me, eye nyivi siae do go tso eme!” Esi Mose kpɔ be ameawo lé woƒe mɔ tsɔ to Aron ƒe ŋusẽdoame me, eye yewoƒe futɔwo nɔ dzidzɔ kpɔm le nu sia ŋu la, etsi tsitre ɖe asaɖa la ƒe mɔnu, eye wòdo ɣli be, “Mi ame siwo katã le Yehowa dzi la, miva afi sia miawɔ ɖeka kplim.” Tete Levitɔwo katã do go va egbɔ. Egblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mitsɔ miaƒe yiwo, eye miatsa le asaɖa la me, tso asaɖa la ƒe seƒe ɖeka yi ekemɛ, eye miawu mia ŋutɔwo mia nɔviwo, xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo gɔ̃ hã.’ ” Levitɔwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene, eye ame abe akpe etɔ̃ ene ku gbe ma gbe. Mose gblɔ na Levitɔwo be, “Egbe la, mieɖo mia ɖokuiwo hena dɔwɔwɔ na Yehowa, elabena mieɖo toe, togbɔ be toɖoɖoe na be miewu mia ŋutɔwo mia viwo kple mia nɔviwo hã. Azɔ la, Yehowa akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi.” Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na Israelviwo be, “Miewɔ nu vɔ̃ gã aɖe, ke magbugbɔ ayi Yehowa gbɔ le to la dzi. Ɖewohĩ mate ŋu ana wòatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.” Ale Mose trɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “O, ame siawo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe: wotsɔ sika wɔ mawuwo na wo ɖokuiwo. Meɖe kuku, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo. Ke ne màte ŋui o la, ekema na nye boŋ maku ɖe wo teƒe, eye nàtutu nye ŋkɔ ɖa le wò agbalẽ la me.” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔe matutu ɖa le nye agbalẽ la me. Azɔ la, yi eye nàkplɔ nye ameawo ayi teƒe si ƒe nya megblɔ na wò. Meka ɖe edzi na wò be nye Dɔla anɔ ŋgɔ na mi. Ke ne meva be makpɔ ameawo ɖa la, mahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.” Tete Yehowa na dɔvɔ̃ dze ameawo dzi, elabena wosubɔ Aron ƒe sikanyivilegba la.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ ame siwo nèkplɔ tso Egipte la, yi anyigba si ŋugbe medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi, elabena megblɔ be, ‘Matsɔ anyigba sia ana miaƒe dzidzimeviwo.’ Madɔ Mawudɔla aɖe ɖa wòakplɔ mi, eye manya Kanaantɔwo, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le anyigba la dzi. Enye anyigba aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’ Ke nyemazɔ kpli mi o, elabena mienye dukɔ kɔlialiatɔwo kple setemanɔlawo, eye mava di be matsrɔ̃ mi le mɔa dzi.” Esi ameawo se ŋɔdzinya siawo la, wode asi konyifafa me, eye woɖe woƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi. Yehowa gblɔ na Mose be wòagblɔ na Israelviawo be, “Mienye aglãdzelawo kple kɔlialiatɔwo. Ne menɔ mia dome aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, matsrɔ̃ mi. Miɖe miaƒe sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo da ɖi va se ɖe esime maɖo kpe nu si mawɔ kpli mi la dzi.” Ale le nu sia megbe la, Israelviwo megado sikanu aɖeke le Horeb. Mose tua agbadɔ la ɣe sia ɣi ɖe adzɔge ʋĩi tso asaɖa la gbɔ. Ena ŋkɔe be, “Agbadɔ Hena Gododo Mawu.” Ame sia ame si di be yeaƒo nu kple Yehowa la yia afi ma. Ne Mose yina agbadɔ la gbɔ la, ameawo katã tsia tsitre ɖe woƒe agbadɔwo nu, eye wonɔa Mose kpɔm va se ɖe esime wòaɖo agbadɔ la nu. Ne ege ɖe agbadɔ la me la, lilikpo dodo aɖe ɖiɖina va nɔa agbadɔ la nu le esime Mawu ƒoa nu kple Mose. Ekema ameawo katã doa gbe ɖa eye wodea ta agu na lilikpo la le woƒe agbadɔwo nu. Yehowa ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume le Mawu ƒe agbadɔ la me abe ale si xɔlɔ̃ ƒoa nu kple xɔlɔ̃ ene. Le esia megbe la, Mose trɔna vaa asaɖa la me, ke Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ɖekakpui si kpena ɖe eŋu la, nɔa agbadɔ la me. Mose gblɔ na Yehowa le agbadɔ la me be, “Ègblɔna nam be, ‘Kplɔ dukɔ sia yi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Ke mègblɔ ame si nàɖo ɖa kplim la nam o. Ègblɔ be yenyam kple nye ŋkɔ, eye yeƒe amenuveve la li kplim. Ne esia le eme alea pɛpɛpɛ la, ekema meɖe kuku, fia wò mɔwom ale be mase wò ɖoɖowo gɔme, eye mawɔ nu si adze ŋuwò. Ɖo ŋku edzi be yeƒe dukɔe nye dukɔ sia.” Yehowa ɖo eŋu be, “Nye ŋutɔ mayi kpli mi, eye mana nu sia nu nadze edzi na mi.” Mose xɔ edzi be, “Ne mèle yiyi ge kpli mí o la, ekema mègana míaɖe afɔ ɖeka tso afi sia o. Ne mèyi kpli mí o la, ame kae akpɔ be wò amenuveve li kplim kple nye amewo? Ame kae akpɔ be míeto vovo tso dukɔ bubu ɖe sia ɖe si le anyigba dzi la gbɔ?” Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ɛ̃, mawɔ nu si nèbia la na wò, elabena vavã, nye amenuveve le dziwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.” Mose bia Mawu be wòana yeakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe. Yehowa ɖo eŋu be, “Mana nye ŋutikɔkɔe nato wò ŋkume ayi. Maɖe gbeƒã nye ŋkɔ Yehowa kple eƒe gɔmesese le ŋgɔwò. Mevea ame si nu medi be mave la nu, eye mekpɔa nublanui na ame si medi be makpɔ nublanui na. Ke màkpɔ nye ŋkume ya o, elabena ame aɖeke makpɔ nye ŋkume, eye wòaganɔ agbe o. Tsi tsitre ɖe agakpe sia dzi le gbɔnye. Ne nye ŋutikɔkɔe tso eme va yina la, matsɔ wò ade agakpe la tome. Matsɔ nye asi atsyɔ dziwò va se ɖe esime matso eme. Ekema maɖe nye asi ɖa, eye nàkpɔ yonyeme. Màkpɔ nye ŋkume ya o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpa kpe gbadzɛ eve abe gbãtɔwo ene, eye maŋlɔ Se siwo nɔ kpe siwo nègba la dzi la ɖe wo dzi. Dzra ɖo etsɔ ŋdi nàva kpɔm le Sinai to la dzi. Mègana ame aɖeke nava kpli wò o, eye ame aɖeke manɔ teƒe aɖeke le to sia dzi hã o. Mègana miaƒe alẽwo kple nyiwo naɖu gbe le teƒe si te ɖe to la ŋu o.” Ale Mose tsɔ kpe kpakpɛ eveawo abe gbãtɔwo ene, eye wòlia Sinai to la ŋdi kanya, abe ale si Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ ene. Yehowa ɖi ɖe to la dzi le lilikpo dodo aɖe me, eye wòtsi tsitre ɖe egbɔ le afi ma ɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ Yehowa nɛ. Yehowa to Mose ŋkume, eye wòɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ be, “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si gbɔa dzi ɖi blewu, eye eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nu metsina o; ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.” Mose tsyɔ mo anyi enumake ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe. Egblɔ be, “Nenye nyateƒe be nève nunye la, ekema O Yehowa, meɖe kuku kplɔ mí yi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eme kɔ ƒãa be míenye dukɔ dzeaglã kple kɔlialiatɔwo, gake meɖe kuku, tsɔ míaƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo ke mí, eye nàgaxɔ mí abe wò ŋutɔ tɔwòwo ene.” Yehowa ɖo eŋu be, “Enyo. Esiae nye nubabla si mawɔ kple wò. Mawɔ nukunu siwo tɔgbi ame aɖeke mewɔ le xexea me blibo la ƒe akpa aɖeke kpɔ o. Israelviwo katã akpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ. Woakpɔ ŋusẽ triakɔ si maɖe afia to dziwò.” Nu si nàwɔ le nubabla sia me lae nye be nàlé nye seawo katã me ɖe asi. Ekema manya Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo katã le ŋgɔwò le anyigba la dzi. Kpɔ nyuie be màbla nu kple ame siwo le anyigba si dzi yim miele la gbeɖegbeɖe o, elabena ne miebla nu kpli wo la, miade asi woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me kaba. Ke boŋ migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo eye miho woƒe aƒeliwo ƒu anyi, elabena mele be miasubɔ mawu bubu aɖeke o, ke boŋ Yehowa ko, elabena Yehowa nye Mawu si dina be woasubɔ ye ɖeka ko. “Miɖɔ ŋu ɖo be miagawɔ nubabla aɖeke tɔgbi kple ame siwo le anyigba la dzi o. Mawu geɖewo subɔlawo wonye, eya ta ne miewɔ ɖeka kpli wo la, woakpe mi ayi woƒe legbawo subɔƒe, eye míaɖu woƒe vɔsanuwo. Eye ne míeɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo la, wo srɔ̃wo akplɔ wo ayi woƒe legbawo subɔƒewo, eye mia viŋutsuawo hã ada vo ɖe ŋunye to wo srɔ̃wo ƒe mawuawo subɔsubɔ me. “Mele be miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo o. “Ɖo ŋku edzi miaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui ŋkeke adre abe ale si megblɔe na wò ene le ŋkeke ɖoɖoawo dzi, le Tedoxe me ƒe sia ƒe. Ɣleti sia mee miedzo le Egipte. “Nyitsu, agbo kple gbɔ̃tsu ɖe sia ɖe si ʋu dɔ nu na dadaa la nye tɔnye. Àte ŋu atsɔ alẽvi aɖɔli tedzi ƒe ŋgɔgbevi. Ne mèdi be yeaɖɔlii o la, ekema ele be nàŋe kɔe. Ke ele be miaƒle miaƒe ŋgɔgbevi ŋutsuwo katã ta. Ame aɖeke megava nye ŋkume asi gbɔlo o. “Le nuƒãɣi kple nuŋeɣi gɔ̃ hã la, miawɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrea gbe. “Ɖo ŋku edzi miaɖu Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, si nye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe la miaɖu Avaɖoɖo ƒe Ŋkekenyui le ƒea ƒe nuwuwu. Le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be Israel ŋutsuwo kple ŋutsuviwo katã nado ɖe Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ŋkume. Futɔ aɖeke madze miaƒe anyigba dzi, aɖu mia dzi ne mieyi toa dzi be miado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le azã etɔ̃ mawo dzi ƒe sia ƒe o, elabena manya dukɔawo ɖa le mia ŋgɔ, eye makeke miaƒe liƒowo ɖe enu. “Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. Mele be Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalã lã ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. “Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me. “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.” Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be, “Ŋlɔ se siwo mede na wò egbe la da ɖi, elabena woawoe nye ɖoɖo siwo ku ɖe nye nubabla si mewɔ kple wò kple Israel la ŋu.” Mose yi ɖanɔ toa dzi kple Yehowa ŋkeke blaene kple zã blaene. Meɖu naneke alo no naneke le ŋkeke siawo me o. Le ɣeyiɣi sia me la, Mawu ŋlɔ nubabla la me nya siwo nye Se Ewoawo la ɖe kpe kpakpɛ eveawo dzi. Esi Mose ɖi tso Sinai toa dzi gbɔna kple kpe kpakpɛawo la, menya be yeƒe mo nɔ keklẽm le yeƒe Mawu gbɔ nɔnɔ ta o. Le keklẽ si nɔ mo nɛ ta la, Aron kple Israelviwo vɔ̃ be yewoate ɖe eŋu. Ke Mose yɔ wo. Aron kple ameha la ƒe kplɔlawo te ɖe eŋu, eye woƒo nu kplii. Le esia megbe la, Israelviwo katã va egbɔ, eye wòtsɔ se siwo Yehowa tsɔ nɛ le Sinai toa dzi la na wo. Esime Mose wu eƒe nuƒoa nu la, etsɔ motsyɔvɔ tsyɔ ŋkume. Ne eyina agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Yehowa la, eɖea motsyɔvɔ la ɖa va se ɖe esime wòado go. Ekema agblɔ se siwo katã Mawu de nɛ la na Israelviwo, eye woakpɔ eƒe mo wòanɔ keklẽm. Le esia megbe la, egatsɔa motsyɔvɔ la tsyɔa mo va se ɖe esime wòagatrɔ ayi be yeaƒo nu kple Yehowa.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mose ƒo Israelviawo katã nu ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Esiawoe nye Yehowa ƒe se siwo dzi wòle be miawɔ. “Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko. Ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔe si ŋu dɔ miawɔ asubɔ Yehowa. Ele na ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke ma dzi la be wòaku. Migado dzo gɔ̃ hã le miaƒe aƒewo me o.” Mose gblɔ na dukɔ blibo la be, “Yehowa gblɔ be, Mi ame siwo katã lɔ̃ faa kple ame siwo katã ƒe dɔ me nyo la, mina nu siawo Yehowa: “sika, klosalo kple akɔbli, avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple hɛ̃tɔ, dzĩtɔ kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi alo gbɔ̃fu, agbo kple nyigbalẽ siwo ƒe agbalẽ wode ama dzĩ, akasiati, akaɖimemi, atike ʋeʋĩwo hena ami sisi kple dzudzɔdodo, onikskpe kple kpe siwo ŋu dɔ woawɔ na kɔmewu kple akɔtaɖonu la. “Mi ame siwo katã nye aɖaŋudɔwɔlawo, eye ŋutete tɔxɛwo le mia si la, miva, eye miawɔ nu siwo Yehowa ɖo na mi be miawɔ: “agbadɔ la, etamegbanuwo, eŋu ganuviwo kple ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo kple woƒe afɔwo, nubablaɖaka la kple ati siwo woatsɔ akɔe, nubablaɖaka la ƒe nutuvi, Xɔmetsovɔ si ƒo xlã Kɔkɔeƒe la, kplɔ̃ la, ekɔtiwo kple eŋunuwo katã, Ŋkumeɖobolo la, Akaɖiti la kple akaɖigbɛawo wo ŋunuwo kple ami, dzudzɔdovɔsamlekpui la kple ekɔtiawo, ami sisi la kple dzudzɔdotikeʋeʋĩwo, agbadɔ la ƒe xɔmemɔnuvɔ, Numevɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ kplɔ̃ŋutivɔawo, sɔtiawo kple woƒe afɔtiwo, agbonuvɔ la, agbadɔ la ƒe tsyoti kple woƒe kawo, nunɔlawo ƒe awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.” Israelviwo ƒe ha blibo la dzo le Mose gbɔ. Ame siwo ƒe dzi Mawu ƒe Gbɔgbɔ ʋã la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa hena agbadɔ la, eŋunuwo kple awu kɔkɔeawo. Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ tso dzi me faa la va. Wotsɔ sika, togɛwo, asigɛwo, kɔgawo kple sikanu ƒomevi ɖe sia ɖe vɛ na Yehowa. Ame bubuwo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ, ɖeti ɣi ƒe ka alo gbɔ̃fu kple agbogbalẽ si wode ama dzĩ kple gbɔ̃gbalẽ si ŋu wotrɔ asi le la vɛ. Ame bubuwo tsɔ klosalo kple akɔbli vɛ abe woƒe nunana na Yehowa ene. Ame aɖewo tsɔ akasiati vɛ hena agbadɔ la tutu. Nyɔnu siwo nya nutɔtɔ kple ɖetitetre nyuie la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ lɔ̃ avɔ, wotre ɖeti ɣi ƒe ka, eye wotsɔ wo vɛ. Nyɔnu aɖewo wɔ aɖaŋu tɔxɛ tsɔ gbɔ̃fuwo lɔ̃ avɔe. Amegãwo tsɔ onikskpe la vɛ be woatsɔ ɖo kɔmewu la kple akɔtaɖonu la ŋu. Wotsɔ atike ʋeʋĩwo kple ami vɛ na akaɖigbɛawo kple ami sisi kple dzudzɔdonuwo wɔwɔ. Ale Israelviwo, ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu si lɔ̃ kple dzi faa be yeana kpekpeɖeŋu le dɔ si Yehowa de asi na Mose wɔwɔ me la tsɔ nunanawo vɛ. Mose gblɔ na wo be, “Mikpɔ ɖa, Yehowa tia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me, eye wòtsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si fiaa nunya, nugɔmesese, sidzedze la nɛ. Ate ŋu atsɔ sika, klosalo kple akɔbli awɔ nu siwo nya kpɔ lae. Enya ale si woatsɔ kpe awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe. Mawu na ŋutete tɔxɛ Bezalel kple Oholiab, ame siwo nye Ahisamak ƒe viŋutsuwo tso Dan ƒe to la me be woafia woƒe aɖaŋuwo ame bubuwo. Mawu na aɖaŋu tɔxɛ ame eve siawo be woate ŋu awɔ sikanuwo, atsɔ ati akpa nuwo, eye woatsɔ ka vovovowo alɔ̃ nuwo ɖe avɔwo me. Wodze le ame sia ame ŋu le aɖaŋunu siwo katã míehiã na dɔ la wɔwɔ me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Dɔwɔla siwo si aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛwo le la nakpe ɖe Bezalel kple Oholiab ŋu le agbadɔ la tutu kple eŋunuwo wɔwɔ me abe ale si Yehowa gblɔe ene.” Ale Mose yɔ Bezalel kple Oholiab kple ame bubu siwo katã Yehowa na ŋutetee, eye wolɔ̃ be yewoawɔ dɔ la be woadze dɔ la gɔme. Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi. Mlɔeba la, dɔa wɔlawo katã gblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi. Woyi ɖado go Mose, eye wogblɔ nɛ be, “Nu siwo nètsɔ na mí be míatsɔ awɔ dɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la sɔ gbɔ wu esiwo míehiã na dɔa nu wuwu!” Ale Mose ɖe gbeƒã na amewo katã le asaɖa la me be nudzɔdzɔ aɖeke megahiã o. Ale ameawo dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ, elabena nu siwo wotsɔ vɛ do ŋgɔ la su na dɔ la. Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo katã tsɔ avɔ blɔtɔ kple avɔ dzĩ ƒomevi eve wɔ avɔkpo ewo, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe wo me hetsɔ wo wɔ Mawu ƒe dɔ lae. Avɔawo katã sɔ; woƒe didime nye mita wuietɔ̃, wokeke mita eve. Wotɔ avɔkpo atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, le didime nu, eye wogatɔ avɔkpo atɔ̃ mamlɛa hã nenema ke. Ale wokpɔ xɔgbãvɔ didi eve. Wotɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, ale be gbãtɔ ƒe kawo sɔ ɖe evelia tɔwo nu. Ale wotɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ hã ɖe xɔgbãvɔ la to le go kemɛ hã me, eye ɖe sia ɖe sɔ ɖe esi dze ŋgɔe la nu. Emegbe la, wotsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃. Wosa ka kpuikpuikpuiawo ɖe ganuviawo ŋu ale wowɔ xɔgbãvɔ didi eveawo ɖekae, eye wona wòzu dzisasa na agbadɔ la. Emegbe la, wotsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ lae. Avɔkpo ɖe sia ɖe didi mita wuietɔ̃, eye wòkeke mita eve. Bezalel tɔ avɔkpo atɔ̃ ɖekae, eye wòtɔ ade mamlɛa hã ɖekae, ale wozu avɔ gã didi eve. Etɔ ka kpuikpuikpui ɖe avɔ gã didi ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ŋu, eye wòtu gavi blaatɔ̃ kple akɔbli na ka kpuikpuikpuiawo, ale wotsya avɔ gã didi eveawo ɖe wo nɔewo nu. Wotsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye wogatsɔ gbɔ̃gbalẽwo tsyɔ alẽgbalẽawo dzi. Wotsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. Sɔti ɖe sia ɖe kɔ mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. Ʋuƒo blaeve nɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. Wotsɔ klosalo wɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nɔ ati ɖe sia ɖe te. Sɔti blaeve nɔ agbadɔ la ƒe anyiehe lɔƒo. Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nɔ sɔtiawo te, eve nɔ ɖe sia ɖe te. Wotu sɔti ade ɖe agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe. Sɔti bubu ɖeka nɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Wotsɔ sikasigɛwo lé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. Ale sɔti enyi nɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye klosalozɔ wuiade nɔ wo te: eve nɔ ɖe sia ɖe te. Le esia megbe la, wodze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi, atɔ̃ ganɔ axa evelia dzi, eye atɔ̃ bubu ganɔ agbadɔ la ŋgɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Woɖo daɖedzitiawo ale gbegbe be wokpe le titina, eye wodo tso go ɖeka me yi go kemɛ me. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple akasiati dzedzeawo ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ asigɛawo. Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ɖeti ɣi ƒe kawo lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. Wotsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ ene siwo nɔ sɔti ene ŋu la ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye wotu wo ɖe klosalozɔ ene dzi. Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la. Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le esia megbe la, Bezalel tsɔ akasiati wɔ nubablaɖaka la. Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, ekeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye wotsɔ sika mimli do atsiã na eto kpe ɖo. Ewɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye wòklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔdɔ̃e eve nɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe. Etsɔ akasiati kpa kpo didi eve, fa sika ɖe wo ŋu, eye wòtsɔ wo ƒo ɖe sikasigɛawo me hena nubablaɖaka la kɔkɔ. Le esia megbe la, etsɔ sika nyuitɔ wɔ nubablaɖaka la ƒe nutunu. Woyɔ nutunu sia be, “Amenuveveteƒe.” Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. Etsɔ sika tu kerubi eve, eye wòtsɔ wo da ɖe sikanutunu la ƒe nu eveawo. Ewɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye wòwɔ ɖeka wònɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka. Kerubi eveawo dze ŋgɔ wo nɔewo, wokeke woƒe aʋalawo ɖe “Amenuveveteƒe” la dzi, eye wode mo to ɖe edzi. Emegbe la, etsɔ akasiati kpa kplɔ̃e. Kplɔ̃ la didi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, ekeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wofa sika nyuitɔ ɖe eŋu eye wotsɔ sika mimli ɖo atsyɔ̃ na eto kpe ɖo. Etsɔ sika wɔ toɖonu si kɔ abe milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ ene la ɖo to na kplɔ̃ la kpe ɖo. Etu sikasigɛ ene klã ɖe Kplɔ̃ la ƒe afɔ eneawo ŋu. Wote ɖe atsyɔ̃ɖonu mimli la ŋu. Wowɔ wo be woatsɔ ati aƒo ɖe wo me hena aɖaka la kɔkɔ. Wotsɔ akasiati kpa kpo siwo woatsɔ akɔ Kplɔ̃ lae, eye wofa sika ɖe wo ŋuti. Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ agbawo, nutɔgbawo, detsikugbawo kple go siwo me woaku aha ɖo hena nunovɔsasa. Egatsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Akaɖiti la ƒe zɔ, ati didi la, akaɖigbɛawo ƒe nɔƒe kple seƒoƒo siwo woatsɔ aɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la katã nye nu blibo ɖeka. Alɔ ade nɔ akaɖiti la ŋu, etɔ̃ nɔ akpa ɖeka, eye etɔ̃ nɔ akpa evelia hã. Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la, nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo katã, siwo le akaɖiti la kɔgo ŋu. Nenema ke woɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la kple kplu ene siwo wowɔ ɖe “almɔd” seƒoƒo ƒe nɔnɔme me. Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ atsyɔ̃ɖoɖoawo kple alɔawo katã wonye nu blibo ɖeka. Emegbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖigbɛ adre ɖe alɔawo, ɖovulãnuawo kple dzowɔgagbɛawo siaa ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ si ƒe kpekpeme nye kilogram blaetɔ̃-vɔ-adre la wɔ akaɖiti la kple eŋunuwoe. Wotsɔ akasiati kpa dzudzɔdovɔsamlekpui lae. Eƒe tame ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, anɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃. Ekɔ sentimita blaasiekɛ. Dzo ɖekaɖeka nɔ dzogoe etɔ̃ dzi; wowɔ wo ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ŋu, wònye nu ɖeka. Efa sika nyuitɔ ɖe eŋuti keŋ, eye wòɖo atsyɔ̃ na eto kple sika. Ewɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, eye wògawɔ bubu eve ɖe axa eveawo hã dzi be woatsɔ atiwo aƒo ɖe wo me hena dzudzɔdovɔsamlekpui la kɔkɔ. Wotsɔ akasiati kpa kpo didiawo, eye wofa sika ɖe wo ŋu. Le esiawo megbe la, etsɔ atike ʋeʋĩwo wɔ ami kɔkɔe si woasi na nunɔlawo. Egawɔ dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Bezalel kpa numevɔsamlekpui la hã kple akasiati. Etame ƒe didime kple eƒe kekeme siaa nye mita eve kple desimita eve. Eƒe kɔkɔme nye mita ɖeka kple desimita etɔ̃. Dzo ene nɔ dzogoe eneawo dzi; wokpa wo kpe ɖe numevɔsamlekpui la ŋu wonye nu blibo ɖeka. Wofa akɔbli ɖe numevɔsamlekpui la ŋu. Etsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo. Emegbe la, egatsɔ akɔbli wɔ adzrala, eye wòlée ɖe vɔsamlekpui la te godoo, le titina na anyigba kple vɔsamlekpui la te, le teƒe si woado dzo ɖo. Wotu akɔblisigɛ ene ɖe adzrala la ƒe akpa eveawo ŋu be woatsɔ atiawo aƒo ɖe wo me hena ekɔkɔ. Wotsɔ akasiati wɔ ekɔtiawo hãe, eye wofa akɔbli ɖe wo ŋu. Wotsɔ atiawo ƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi. Wotsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui lae, eye do le eme. Etsɔ akɔblihuhɔ̃e wɔ tsileze la kple eƒe zɔ. Nyɔnu siwo subɔna le agbadɔ la nu lae na ahuhɔ̃eawo wotsɔ wɔ woe. Le esia megbe la, ewɔ xɔxɔnu ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe akpa si le dziehe la didi mita blaene-vɔ-ene. Woxee kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi, ɖe kpɔti blaeve ŋu. Ke kpɔti blaeveawo ƒe afɔtiwo nye akɔbliga, eye wotsɔ klosaloga tu gatagbadzɛ siwo wotsɔ avɔawo kui la ɖe kpɔtiawo ŋu. Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu. Agbadɔ la keke mita blaeve-vɔ-ene le ɣetoɖoƒe gome. Wotsi avɔ la ɖe kpɔti ewo siwo te zɔ ɖekaɖeka le kple klosalogatagbadzɛawo kple klosalohelétiawo ŋu. Ɣedzeƒe gome hã keke mita blaeve-vɔ-eve. Avɔ la keke mita ade, desimita ade kple afã le agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe akpa ɖeka. Nenema ke wotsi avɔ si keke mita ade, desimita ade kple afã la ɖe mɔnu la ƒe akpa evelia si te ɖe xɔxɔnu la ŋu, ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te zɔ ɖekaɖeka le la ŋu. Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ siwo wotsi ƒo xlã agbadɔ lae. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo katã. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ klosalo wɔ heléti siwo ŋu wotsi avɔ la ɖo. Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ xɔmemɔnuvɔ, eye wolɔ̃ nu ɖe eme kple aɖabɛ blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ ƒe ka. Xɔmemɔnuvɔ la didi mita asieke. Ekeke mita eve abe avɔ siwo wotsi ƒo xlã xɔxɔnu la dometɔ ɖeka ene. Wotsii ɖe kpɔti ene ŋu. Akɔblizɔ nɔ kpɔti ɖe sia ɖe te. Wotsɔ klosalo wɔ gatagbadzɛawo kple helétiawo. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Wotsɔ akɔbli tu tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me. Nu siwo katã agbadɔ la tutu lɔ ɖe eme la woe nye: agbadɔ si nye nubablaɖaka la ƒe nɔƒe, esi Levi ƒe viwo lé da ɖi le Mose ƒe sedede nu, eye wowɔ esia le Aron ƒe viŋutsu, nunɔla Itamar ƒe kpɔkplɔ te. Aɖaŋutɔwo ƒe tatɔwoe nye Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur si tso Yuda ƒe to la me ƒe tɔgbuiyɔvi. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Bezalel ƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, ame si nye Ahisamak, tso Dan ƒe to la me la ƒe viŋutsu. Eya hã nye aɖaŋutɔ gã aɖe, eye wòde ŋgɔ le nukpakpa kple avɔlɔlɔ̃ me hekpe ɖe nulɔlɔ̃ ɖe avɔwo me kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi dada ƒe ka ŋu. Sika si katã ŋu dɔ wowɔ le Kɔkɔeƒe la tutu me hekpe ɖe sika si wotsɔ wɔ nunyevɔsa tɔ ŋu la le “tɔn” ɖeka, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Klosalo si woxɔ le amewo si la ƒe kpekpemee nye kilogram akpe etɔ̃, alafa ene blaetɔ̃, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siwo katã woxlẽ, woxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la dometɔ ɖe sia ɖe dzɔ gram ade si woɖo na wo le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siawo ƒe xexlẽmee nye akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550). Wotsɔ klosalo kilogram akpe etɔ̃ alafa ene (3,400) wɔ zɔwo na kɔkɔeƒe la ƒe sɔti kple kpɔti siwo ŋu wotsi xɔmetsovɔ la ɖo. Wotsɔ klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene wɔ zɔ ɖeka. Wotsɔ klosalo si susɔ la fa ɖe kpɔtiawo tame, eye wotsɔ mamlɛa tu helétiawo kple gatagbadzɛawo. Akɔbli si wokpɔ tso nunyevɔsa me la le “tɔn” eve kple afã, eye wotsɔe tu zɔ na kpɔti siwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsɔ eya ke wɔ vɔsamlekpui la, lãyiga la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le vɔsamlekpui la dzi, kpɔti siwo ŋu wotsi avɔ ɖo ƒo xlã xɔxɔnu la ƒe zɔwo kple tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le esiawo megbe la, ameawo tsɔ avɔ siwo wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la tɔ awu nyuiwo na nunɔlawo be woado hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ Aron ƒe awu kɔkɔewo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Wotsɔ avɔ sia ke si wolɔ̃ kple sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple ɖetika ɣitɔ tɔ kɔmewu la hã. Bezalel tu sika wòzu falɛe, eye wòfe eme wòzu sikaka suesuewo. Etsɔ wo na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo be woalɔ̃ nu ɖe avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la me. Enye aɖaŋu nyui aɖe si nya kpɔ ŋutɔ. Wode ka abɔta na kɔmewu la, eye woku wo ɖe kɔmewu la ƒe dzogoe eve ŋuti ale be woate ŋu asae. Alidziblanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu la sɔ kplii, wotsɔ sika, ɖetika ɣi, blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ lɔ̃ wo kple kɔmewu la ɖekae abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene la tututu. Wotsɔ sika wɔ kae, eye wotsɔ sikaka la lé onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi, eye wotɔ wo ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Akɔtawu la hã nyo abe kɔmewu la ene. Wowɔ eya hã kple sika nyuitɔ, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe kawo, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe kawo abe kɔmewu la ke ene. Edidi sentimita blaeve- vɔ-eve, eye wòkeke nenema ke. Woŋee ɖe akpa eve ale wòzu kotoku aɖe tɔgbi. Woɖo kpe xɔasiwo ɖe fli ene me ɖe edzi. Kanelian, krisolit kple beril nɔ fli gbãtɔ me. Tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nɔ fli evelia me. Yasint, agate kple ametist nɔ fli etɔ̃lia me. Topaz, oniks kple yaspa nɔ fli enelia me. Wotsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. Woŋlɔ Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe xɔasiawo dzi. Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. Sikaka eve tsi ɖe sikanulénu eve ŋu le abɔtawu la ƒe dzogoe eveawo tame; wosa sikaka eveawo ɖe asigɛ eveawo ŋu eye wotɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe abɔtaka eveawo ŋu ɖe Akɔtawu la te, wote ɖe afi si wokpe alidziblanu la le la ŋu. Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtaka la te, wote ɖe afi si wotsi kɔmewu la ɖe alidziblanu la ŋu la ŋu. Wotsi Akɔtawu la ɖe Kɔmewu la ŋu sesĩe esi wotsɔ ka blɔtɔ sa ɖe Akɔtawu la ƒe sikasigɛ kple Kɔmewu la ƒe sikasigɛ ŋu. Yehowae ɖo esiawo katã na Mose. Wotsɔ avɔ blɔtɔ tɔ Kɔmewu lae. Woɖe teƒe ɖe kɔmewu la titina, afi si ame ƒe ta nato. Woƒo to na teƒe sia ale be mavuvu o. Wotsɔ avɔ si me wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka lɔ̃ nu ɖo la wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to le ete godoo. Wotsi nyawowoe siwo wotu kple sika nyuitɔ la ɖe yevuboɖa eve ɖe sia ɖe dome le awu la to. Nyawowoe ɖeka nɔ yevuboɖa eve dome; aleae wòle awu ʋlaya la to kpe ɖo. Awu siae woado hena subɔsubɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Azɔ la, wotsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi la tɔ awu ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ akɔtawuwo, tablanuwo, kukuwo kple awutewuiwo kple alidziblakawoe. Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ lɔ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. Le esiawo katã megbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu. Woŋlɔ ɖe ganu sia dzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa. Wotsɔ ka blɔtɔ lé ganu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. Wozɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa na Mose la nu. Ale wowu agbadɔ la nu mlɔeba. Azɔ la, wokɔ agbadɔ blibo la ŋunuwo yi Mose gbɔ: xɔmenuwo, ganuviawo, ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo, afɔwo; agbogbalẽ siwo wode ama dzĩi hena agbadɔ la tame kple eƒe axawo kple xɔmenuwo; nubablaɖaka la, Se Ewoawo le eme; atiawo hena nubablaɖaka la kɔkɔ, amenuveteƒe la; kplɔ̃ la kple eŋunuwo katã; ŋkumeɖobolo la; sikakaɖiti la, akaɖigbɛawo, wo ŋunuwo kple ami; Sikavɔsamlekpui la, ami sisi la, Dzudzɔdonu ʋeʋĩ la, agbadɔnuvɔ la; Akɔblivɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ; Xɔxɔnu la ŋu ƒe avɔwo kple woƒe tsyotiwo, xɔxɔnu la ƒe agbonuvɔwo, kpɔtiawo; woƒe zɔwo, woƒe kawo kple gatagbadzɛawo; nu siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu me. Emegbe la, wotsɔ awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Ale Israelviwo wɔ dɔ blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. Tsɔ nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la de eme, eye nàtsi xɔmetsovɔ la ale be wòaɣla nubablaɖaka la ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la. Emegbe la, kɔ kplɔ̃ la da ɖe eme, nàkɔ kplɔ̃a ŋutinuwo da ɖe kplɔ̃ la dzi, nàtsɔ akaɖiti la de eme, eye nàsi akaɖiawo. “Kɔ sikavɔsamlekpui si dzi woado dzudzɔ ɖo la da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Tsi xɔmemɔnuvɔawo ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, eye nàkɔ numevɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Kɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàku tsi ɖe eme. Le esia megbe la, wɔ xɔxɔnu la ƒo xlã agbadɔ la godoo, eye nàtsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe xɔxɔnu la ƒe mɔnu. “Tsɔ ami sisi la, eye nàhlẽe ɖe agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋuti, ɖe nu siwo ŋu dɔ woawɔ kple agbadɔ la ƒe akpawo kple xɔmenuawo ŋuti be nàkɔ wo ŋuti, eye wo ŋuti nakɔ. Hlẽ ami sisi la ɖe numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo ŋuti, eye nàkɔ wo ŋu; ekema vɔsamlekpui la ŋuti akɔ nyuie. Si ami na tsileze la kple eƒe zɔ, eye nàwɔe kɔkɔe. “Azɔ la, kplɔ Aron kple via ŋutsuwo va agbadɔ la ƒe mɔnu eye nàle tsi na wo. Do awu kɔkɔewo na Aron eye nàsi ami nɛ, akɔ eŋu be wòasubɔm abe nunɔla ene. Emegbe la, nàkplɔ via ŋutsuwo vɛ, nàdo woƒe awuwo na wo, eye nàsi ami na wo abe ale si nàsii na wo fofo ene, ale be woasubɔm abe nunɔlawo ene. Ami sisi sia atsi wo ŋu tegbetegbe, tso mavɔ me yi mavɔ me: wo viwo katã kple wo viwo ƒe viwo azu nunɔlawo nam tegbetegbe.” Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me. Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wotu agbadɔ la. Mose kɔ zɔwo de sɔtiawo te, eye wòklã ʋuƒowo ɖe sɔtiawo ŋu. Ekeke avɔ la ɖe atixɔ la ŋu, eye wòda tamenuwo ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. Etsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la da ɖe nubablaɖaka la me, etsi aɖakatsɔtiawo ɖe eŋu, eye wòtsɔ sikanutunu, amenuveveteƒe la tu enu. Emegbe la, ekɔ nubablaɖaka la va agbadɔ la me, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe eŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. Azɔ la, ekɔ Kplɔ̃ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me le anyiehe lɔƒo, le xɔmetsovɔ la godo, eye wòtsɔ ŋkumeɖobolo la da ɖe kplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. Mose kɔ akaɖiti la da ɖe kplɔ̃ la kasa le agbadɔ la me le dziehe lɔƒo. Esi akaɖiawo le Yehowa ŋkume le ɖoɖoawo nu, eye wòkɔ sikavɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la me te ɖe xɔmetsovɔ la ŋu. Etsɔ atike ʋeʋĩwo do dzudzɔ ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. Etsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, ekɔ numevɔsamlekpui la da ɖe gota te ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu ŋu, eye wòme numevɔsa kple nuɖuvɔsa le vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. Emegbe la, ekɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome. Eku tsi ɖe eme wòyɔ ale be nunɔlawo ate ŋu awɔ eŋu dɔ le asikɔklɔ kple afɔkɔklɔ me. Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo klɔ woƒe asiwo kple afɔwo le afi sia. Ɣe sia ɣi si woato vɔsamlekpui la ŋu be yewoage ɖe agbadɔ la me la, wotɔna, klɔa asi kple afɔ, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. Azɔ la, Mose tɔ kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la, eye wòtsi xɔmemɔnuvɔ ɖe nɔƒe la ƒe mɔnu. Ale Mose wu eƒe dɔ la nu mlɔeba. Tete lilikpo la tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ eme. Mose mete ŋu ge ɖe eme o, elabena lilikpo la nɔ afi ma, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la me fũu. Ne lilikpo la ho, eye wòɖe zɔ la, Israelviwo yia mɔzɔzɔ la dzi, dzea eyome. Ke ne lilikpo la tɔ la, woawo hã wotɔna va se ɖe esime lilikpo la gaɖe zɔ. Yehowa ƒe lilikpo la tɔna ɖe agbadɔ la dzi le ŋkeke me. Ke le zã me la, dzo klẽna le lilikpo la me, ale be Israelviwo katã nate ŋu akpɔe. Nu sia yi edzi le woƒe mɔzɔzɔwo katã me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo: na nunya kple amehehe, na nya goglowo gɔmesese, hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ, be woawɔ nu si dzɔ, nu si le eteƒe kple nu si nyo, be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya kple sidzedze sɔhɛwo, nunyalawo neɖo to, ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu, be woase nunyalawo ƒe lododowo abebubuwo kple adzowo gɔme. Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe. Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃ eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o. Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta kple kɔga anɔ kɔwò. Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la, mègalɔ̃ na wo o. Ne wogblɔ na wò be, “Va kplɔ mí ɖo, na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti, na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe, ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene, eye míamii blibo abe ame siwo ge dze ʋe globo me ene ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si eye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee eya ta de mía dzi ale be míana gakotoku ɖeka wò” la, vinye, mègakplɔ wo ɖo o, mègaka afɔ woƒe toƒewo o elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋu eye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu. Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwo le wo katã ƒe ŋkume! Ame siawo de xa ɖi na woawo ŋutɔ ƒe ʋu eye wole adeklo dzi ɖe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu! Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ, elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa. Nunya le ɣli dom le mɔtata dzi eye wòkɔ gbe dzi le ƒuƒoƒewo. Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenye le la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔm le dua ƒe agbowo me be, “Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ? Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, bometsilawo alé fu sidzedze? Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la, anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi eye mena mienya nye susuwo. Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi, esi meke nye abɔwo me, mietsɔ ɖeke le eme o eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo, hegbe nye mokaname ta la, nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta eye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi, ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene, gbegblẽ hã zɔ to mia dzi abe yali ene, eye xaxa kple hiã va mia dzi kpoyi! “Ekema woayɔm gake nyematɔ o, woadim gake womakpɔm o. Le esi wolé fu sidzedze eye wometia Yehowavɔvɔ̃ o, le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖo hedo vlo nye mokaname ta. Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetse eye woƒe ɖoɖowo ƒe kutsetse aɖi ƒo na wo elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo. Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me eye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Vinye, ne èxɔ nye nyawo eye nèdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò, ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu hetsɔ wò dzi na gɔmesese, ne èyɔ sidzedze eye nèdo ɣli na gɔmesese, ne èdii abe klosalo alo kesinɔnu si woɣla ene la, ekema àse Yehowavɔvɔ̃ gɔme eye àke ɖe Mawu nyanya ŋu elabena Yehowae naa nunya, eye sidzedze kple gɔmesese doa go tso eƒe nu me. Eɖo dziɖuɖu ɖi na nuteƒewɔlawo eye wònye akpoxɔnu na ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, elabena edzɔa ame dzɔdzɔewo ƒe toƒewo ŋu eye wòkpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ƒe mɔwo ta. Ekema àse nu si nyo, le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme, ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme, elabena nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ. Tamebubu nyui akpɔ tawò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò. Nunya aɖe wò tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi, tso nya tovo gblɔlawo ƒe asi me, ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna le mɔ doblukɔwo dzi, ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ doa dzidzɔ na, eye wotsoa aseye le nu tovo ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu, ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃ eye wotrana le woƒe mɔwo dzi. Nunya aɖe wò le nyɔnu ahasitɔ hã ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu si da afɔ la ƒe amenubeble me ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii le Mawu ŋkume la dzi o elabena eƒe aƒe ɖo ta ku me eye eƒe mɔwo ɖo ta ame siwo le tsiẽƒe la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ. Ame siwo katã yia egbɔ la megatrɔna gbɔna loo alo gena ɖe agbemɔ la dzi o. Ale àto ame nyuiwo ƒe mɔwo dzi eye àlé ame dzɔdzɔewo ƒe mɔwo ɖe asi. Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me, elabena woadidi wò agbenɔƒewo ɖe edzi ƒe geɖe, eye woahe dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na wò. Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o, tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi. Ekema àkpɔ amenuveve kple ŋkɔ nyui le Mawu kple amewo ŋkume. Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo, mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o; ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe. Mèganye nunyala le wò ŋutɔ wò ŋkume o, ke boŋ vɔ̃ Yehowa eye nàtsri vɔ̃. Esia ahe dɔyɔyɔ vɛ na wò ŋutilã kple nunyiame vɛ na wò ƒuwo. De bubu Yehowa ŋu kple wò kesinɔnuwo kple wò agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo, ekema wò avawo ayɔ agbagba, eye wain yeye ayɔ wò ahazewo agbagba. Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o eye mègagbe eƒe mokaname o elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo abe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene. Woayra ame si ke ɖe nunya ŋu kple ame si si gɔmesese su elabena nunya xɔ asi wu klosalo eye viɖe geɖe le eme wu sika. Asixɔxɔ le eŋu wu adzagba eye nu siwo katã dim nèle la, ɖeke mesɔ kplii o. Agbe didi le eƒe ɖusi ƒe asi me, eye kesinɔnuwo kple bubu le eƒe miasi ƒe asi me. Eƒe mɔwo nye mɔ siwo dzi vivi le eye ŋutifafa le eƒe toƒewo katã. Enye agbeti na ame siwo xɔ eya amea eye ame siwo ƒe asi su edzi la woayra wo. Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la ƒe gɔmeɖokpe anyii eye wòtsɔ gɔmesese ɖo dziƒowo ɖe wo teƒe. Etsɔ eƒe nunya ma gogloƒewoe eye lilikpowo dzaa zãmu. Vinye, lé afia nyui tsotso kple sidzedze me ɖe asi, mègana woadzo le ŋkuwòme o. Woanye agbe na wò kple kɔga aɖo atsyɔ̃ na wò kɔ. Ekema àlé wò mɔ atsɔ le dedinɔnɔ me eye wò afɔ maɖiɖi o. Ne èmlɔ anyi la, màvɔ̃ o, ne èmlɔ anyi la, àdɔ alɔ̃ vivi. Mègavɔ̃ ŋɔdzi si ava kpoyi alo gbegblẽ si vaa ame vɔ̃ɖiwo dzi o elabena Yehowa anye wò dzideƒo eye mana wò afɔ naɖo mɔ me o. Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze nɛ, ne ele wò ŋusẽ me be nàwɔe o. Mègagblɔ na wò aƒelika be, “Yi nàtrɔ va, etsɔ matsɔe na wò” esi wòle asiwò fifia o. Mègaɖo vɔ̃ ɖe wò aƒelika, ame si le gbɔwò le anukwareɖiɖi me la ŋu o. Mègatsɔ nya ɖe ame aɖeke ŋu dzodzro esi mewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o. Mègabiã ŋu ŋutsu nu sesẽ wɔla alo azɔ le eƒe mɔ aɖeke dzi o, elabena Yehowa nyɔa ŋu ŋutsu nu tovo wɔla gake elɔ̃a ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe. Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe dzi, ke eyrana ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe aƒe dzi. Yehowa ɖua fewu le dadala fewuɖulawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu. Nunyalawo nyia bubu ƒe dome, ke bometsilawo la, etsɔa wo dea asi na ŋukpe.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame; miɖo to ne miaxɔ gɔmesese. Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam eya ta migagbe nye nufiafia o. Esi menye ɖevi sue kple vi fɛ̃ le fofonye ƒe aƒe me kple vi ɖekɛ na danye la, efia num hegblɔ be, “Ku ɖe nye nyawo ŋu kple wò dzi katã, lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe. Dze nunya, di gɔmesese, mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o. Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò, lɔ̃e ekema akpɔ tawò. Nunya ƒo nuwo katã ta eya ta dze nunya. Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la, di gɔmesese. De asixɔxɔ eŋu ekema ado wò ɖe dzi, xɔe atuu ekema ade bubu ŋuwò. Atsɔ amenuveve aɖɔ na wò ta abe seƒoƒotsihe ene eye wòatsɔ atsyɔ̃fiakuku aɖɔ na wò.” Ɖo to afii, vinye, ne nàxɔ nye nyawo, ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu. Mele nunya ƒe mɔ fiam wò eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔewo. Ne èle zɔzɔm la, naneke maxe mɔ na wò afɔɖeɖewo o eye ne èsi du la, màkli nu o. Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o; dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na wò. Mègaka afɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒewo alo nàzɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzi o. Ƒo asa na woƒe mɔwo, mègazɔ wo dzi o, lé wò mɔ tsɔ nàyi afi si yim nèle elabena ne womewɔ nu vɔ̃ɖi o kpaa, womedɔa alɔ̃ o eye womedɔa akɔlɔ̃e teti hã o va se ɖe esime woana ame aɖe nadze anyi. Woɖua vɔ̃ɖinyenye ƒe abolo eye wonoa nu sesẽ wɔwɔ ƒe wain. Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene, eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie. Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe viviti tsiɖitsiɖi ene eye womenya nu si na wole nu klim o. Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu eye nàƒu to anyi ɖe nya si gblɔm mele la ŋu. Mègana woadzo le wò ŋkume o, ke boŋ dzra wo ɖo ɖe wò dzi me, elabena wonye agbe na ame siwo ke ɖe wo ŋu kple dɔyɔyɔ na ame ƒe ŋutilã blibo la. Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eyae nye agbe ƒe vudo. Ɖe nya dzodzrowo ɖa le wò nu me, eye te aʋatsonyawo ɖa xaa tso wò nuyiwo gbɔ. Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe eye wò mo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò. Ɖe toƒe sɔsɔewo na wò afɔwo eye nàlé mɔ siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ. Mègadze ɖe ɖusime alo miame o, eye ɖe wò afɔ ɖa le vɔ̃ me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu eye nàƒu to anyi nyuie ɖe nye sidzedze ƒe nyawo ŋu, be nànya nu si nàwɔ eye wò nuyiwo adzra gɔmesese ɖo elabena nyɔnu ahasitɔ ƒe nuyiwo le anyitsi tsyɔm, eye eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami gake le nuwuwu la evena wu veve eye wòɖana wu yi nuevee. Eƒe afɔ yina ɖe tsĩeƒe ke eye eƒe afɔɖeɖewo yina ɖe yɔdo me tẽe Mebua ta me le ale si wòanɔ agbee ŋu kura o, eƒe toƒewo glɔ̃ gake menyae o eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom, migaƒo asa na nu si megblɔ na mi o. Miaƒe toƒewo nete ɖa xaa tso egbɔ, migagogo eƒe aƒe ƒe agbonu o, ne menye nenema o la, miava gblẽ miaƒe ɖekakpuime ƒe ŋusẽ ɖe ame bubuwo ŋu kple miaƒe ƒewo ɖe ame vɔ̃ɖi ŋu. Ne menye nenema o la, amedzrowo anye avuzi le miaƒe kesinɔnuwo dzi eye nu si nète fifia kpɔ la aɖo atsyɔ̃ na ame bubu ƒe aƒe me. Le wò agbe ƒe nuwuwu la, ànɔ ŋeŋem, ne wò ŋutilã kple wò ameti blibo la vɔ le eme. Àgblɔ be, “Metsri amehehe kɔkɔkɔ! Eye nye dzi do vlo ɖɔɖɔɖo! Nyemaɖo to nye nufialawo alo aƒu to anyi ɖe nye amegãwo ŋu o. Esusɔ vie donyeme nagblẽ keŋkeŋ le ameha la katã dome.” No tsi tso wò ŋutɔ wò tsiʋe me kple tsi dzidzi tso wò ŋutɔ wò vudo me. Ɖe wòle be wò tsitsetsewo nagbagba ɖe mɔtatawo dzi kple wò tsi sisi ɖe du ƒe ablɔwo mea? Wonenye wò ɖeka ko tɔ, mègamae kple ame tutɔwo gbeɖe o. Woayra wò vudo eye nàkpɔ dzidzɔ ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu. Eyae nye zinɔ lɔlɔ̃a kple sãde dzeani la, eƒe nowo neɖi kɔ na wò ɣe sia ɣi, eye eƒe lɔlɔ̃ nede dzo mewò ɖaa. Vinye, nu ka ŋuti nàƒo kpakpakpa ɖe nyɔnu ahasitɔ ŋu? Nu ka ŋuti nàlé alime na ame bubu srɔ̃? Elabena ame sia ame ƒe mɔ le ƒuƒlu le Yehowa ŋkume eye wòdoa woƒe mɔwo katã kpɔ. Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ, eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe. Aku le ɖokuidzimaɖumaɖu ta eye eƒe bometsitsi gã la akplɔe atrae.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Vinye, ne ède megbe na wò aƒelika, eye nèsi akpe tsɔ do ŋugbee na ame tutɔ, ne ŋugbe si nèdo zu mɔ me nèɖo eye wò numenyawo bla wò la, ekema vinye, wɔ esia ne nàtsɔ aɖe ɖokuiwòe, esi nège ɖe hawòvi ƒe asi me ta. Yi nàbɔbɔ ɖokuiwò, ɖe kuku na hawòvi la amenubletɔe! Wò ŋkuwo megadɔ alɔ̃ o eye wò aɖaba megadɔ akɔlɔ̃e o. Ɖe ɖokuiwò le eƒe asi me abe ale si sãde sina le adela ƒe asi me ene alo abe ale si xevi dona le xevimɔtrela ƒe kamɔ mee ene. Wò, kuviatɔ, yi anyidi gbɔ; kpɔ eƒe mɔwo ɖa, eye nàdze nunya! Gbeɖela loo dzikpɔla alo dziɖula aɖeke mele esi o, gake le dzomeŋɔli la eƒoa eƒe nuhiahiãwo nu ƒu eye wòƒoa eƒe nuɖuɖu nu ƒu le nuŋeɣi. Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma? Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me? Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe, ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie, tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene. Yakame kple ame baɖa si le yiyim kple alakpadada, le ŋku tem, tsɔ afɔ le dzesi fiam eye wòtsɔ eƒe asi le nya gblɔmii, ame si ɖoa nu vɔ̃ɖi, beble le eƒe dzi me, eye ɣe sia ɣi wòdea dzre aƒe la eya ta gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi eye woatsrɔ̃ eya amea zi ɖeka, naneke maɖee le eme o. Nu adree Yehowa tsri, eye nu adree nye nu siwo wònyɔa ŋui: dadaŋkuwo, alakpaɖe, asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi, dzi si ɖoa nu vɔ̃ɖiwo, afɔ siwo ɖea abla ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋuti aʋatsoɖaseɖila si kɔa alakpa ɖi, kple ŋutsu si dea dzre nɔviwo dome. Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o. Bla wo ɖe wò dzi ŋuti tegbee eye nàsae ɖe wò kɔ ŋuti. Ne èle zɔzɔm la, woafia mɔ wò, ne èle alɔ̃ dɔm la, woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na wò elabena sedede siawo nye akaɖi, nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ, esi aɖe wò tso nyɔnu ahasitɔ ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe aɖe ŋanɛ ƒe asi me. Eƒe tugbedzedze megana eƒe nu nadzro wò le wò dzi me alo nàna eƒe ŋku mawo nalé wò o, elabena gbolo aɖi gbɔ̃ wò, nànɔ abe abolo ko ene eye nyɔnu ahasitɔ aɖe agbe le mewò. Ɖe ŋutsu aɖe aɖe dzo ɖe atata eye eƒe awuwo nagbe fiafia? Ɖe ŋutsu aɖe azɔ le dzoka xɔxɔ dzi eye eƒe afɔwo nagbe fiafia? Nenemae wòanɔ na ŋutsu si dɔna kple ŋutsu bubu srɔ̃, womagbe tohehe na ame si ka asi eŋuti o. Womedoa vlo fiafitɔ ne efi fi be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu, ne dɔ la ewum o gake ne wolée la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe zi adre, esia ana eƒe kesinɔnu siwo katã le esi le eƒe aƒe me la navɔ le esi. Ke ame si wɔ ahasi kple srɔ̃tɔ la mebua ta me o eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome. Ƒoƒo kple kɔ kple vlododo nye etɔ gome eye womaɖe eƒe ŋukpe ɖa akpɔ gbeɖe o elabena ŋuʋaʋã ana srɔ̃ŋutsu ƒe dɔmedzoe nafla eye ne ele hlɔ̃ biam la, makpɔ nublanui o. Maxɔ avulénu aɖeke o, eye maxɔ zãnu aɖeke hã o, aleke gbegbee wòloloe hã.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Vinye, lé nye nyawo me ɖe asi eye nàdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò. Lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe eye dzɔ nye nufiamewo ŋuti abe wò gadaglamakui ene. Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi. Gblɔ na nunya be, “Nɔvinye nyɔnu nènye.” Eye nàyɔ ƒometɔ na gɔmesese, woana nyɔnu ahasitɔ la nanɔ adzɔge na wò, eye woaɖe wò le srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe amenublenyawo ƒe asi me. Mele nye xɔ ƒe fesrẽ nu, hekpɔ nu to fesrẽnuvɔ la me. Mekpɔ ame aɖe le bebewuwo dome, mekpɔ ɖekakpui si tsi bome la le sɔhɛwo dome. Ele zɔzɔm le kpɔdome, ɖo ta dzogoe si me nyɔnu la le la me; ezɔ ɖo ta afi si nyɔnu la ƒe aƒe le, le fiẽ me, esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm, eye zã do blukɔ. Tete nyɔnu aɖe do go va kpee, edo awu abe gbolo ene eye ayedzedze le mo nɛ. Eƒe gbe le dzi dem, metsɔ ɖeke le eme na ame aɖeke o eye eƒe afɔwo gbe tɔtɔ ɖe aƒe me, ele kpɔdome fifia, kasia egado ɖe ablɔme xoxo eye wòdea xa ɖe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Elé ɖekakpui la hegbugbɔ nu nɛ ŋɔnɔe eye wòɖo mo kplalaa gblɔ nɛ be, “Ŋutifafavɔsa le aƒenye me, egbe mexe nye adzɔgbeɖefewo o, eya ta medo be mava do go wò, medi wò eye meke ɖe ŋuwò! Meɖo aklala biɖibiɖi ƒe abadzivɔ si wode amadede vovovowoe, esi wowɔ le Egipte la ɖe nye aba dzi. Mewu lifi, anowɔtre kple ami ʋeʋĩ vovovowo ɖe nye aba dzi, eya ta va, míano lɔlɔ̃ wòasu mí va se ɖe ŋdi, na míatsɔ lɔlɔ̃ ado vivi ɖe mía ɖokuiwo ŋu! Nye aƒetɔ mele aƒe o, ezɔ mɔ didi aɖe. Etsɔ eƒe gakotoku si ga yɔ fũu la dzoe eye ne dzinu sɔ tegblẽ hafi wòagbɔ.” Etsɔ amenublenya siawo blee eye wòtsɔ eƒe aɖe ŋanɛ la kplɔe trae. Etso zia enumake hekplɔe ɖo abe nyitsu wokplɔ yina wuwu ge alo abe zi si ɖo afɔ mɔ me ene. Va se ɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã, abe xevie dzo ɖe kamɔ dzi eye menyae be yeƒe ku le afi ma o la ene eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom eye miƒu to anyi ɖe nu si megblɔ la ŋu. Migana miaƒe dzi natrɔ ɖe eƒe mɔwo ŋu loo, alo miatra age ɖe eƒe toƒewo o. Elabena ame siwo tsi esi me la sɔ gbɔ, eye ame siwo wòwu la de ha. Eƒe aƒe nye tsiẽƒe ƒe mɔ gbadza siwo ɖo ta ku ƒe xɔgãwo me.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ɖe nunya mele ɣli dom le ame yɔm oa? Ɖe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa? Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe siwo le mɔto la tame, afi si afɔmɔwo do go le. Ele tsitre ɖe dua ƒe agbowo ƒe mɔ xa kple agbo la me le ɣli dom sesĩe be, “O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na eye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã. Mi bebewuwo, midze nunya; mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si. Miɖo to elabena nya xɔasiwo le asinye be magblɔ; meke nye nu be magblɔ nu si le dzɔdzɔe. Nye nu gblɔa nu si le eteƒe, elabena nye nuyi tsri vɔ̃ɖivɔ̃ɖi. Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe; ɖeke meglɔ̃ alo nye ayemenya o. Wo katã le dzɔdzɔe na ame si si sidzedze le; fɔɖiɖi mele wo ŋu na ame siwo si gɔmesese le o. Tia nye amehehe ɖe klosalo teƒe kple nye gɔmesese ɖe sika nyuitɔ teƒe elabena nunya xɔ asi wu adzagba eye nu siwo dim wò dzi le la ƒe ɖeke mesɔ kplii o. “Nye, nunya kple ŋuɖɔɖoe nɔa teƒe ɖeka; gɔmesese kple sidzedze le asinye. Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu vɔ̃, eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi, agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ. Tɔnyee nye aɖaŋudede kple afia nyui tsotso, gɔmesese kple ŋusẽ le asinye. Dzinyee fiawo tona ɖua fia eye dziɖulawo dea se siwo le dzɔdzɔe. Dzinyee dumegãwo tona kplɔa du eye nenema kee nye bubume siwo le dzi ɖum le anyigba dzi. Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am eye ame siwo diam la kpɔam. Hotsui kple bubu bɔ ɖe asinye, nenema kee nye kesinɔnu siwo megblẽna o kple dzidzedze. Nye kutsetse nyo wu sika nyuitɔ, eye nu si dona tso menye la ƒo klosalo nyuitɔ ta sãa. Mezɔna le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi kple nuteƒewɔwɔ ƒe toƒewo, eye mekɔa kesinɔnu ɖe ame siwo lɔ̃am la dzi, henana woƒe nudzraɖoƒewo gbagbana. “Yehowa dzim abe eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ ene, hafi wòava wɔ nuwo le blema. Etɔ asi dzinye tso mavɔ me ke, tso gɔmedzedzea me, hafi xexea me nava dzɔ. Wodzim esime atsiaƒuwo menɔ anyi o, eye vudo siwo dzia tsi fũu la hã menɔ anyi o. Hafi woatsɔ towo ada ɖe woƒe nɔƒewo, eye togbɛwo nadzɔ la, nye la, wodzim xoxo. Hafi wòava wɔ anyigba alo gbegbe alo anyigbadziʋuʋudediwo gɔ̃ hã la, wodzim xoxo. Menɔ afi ma hafi wòtsɔ dziƒowo ɖo wo nɔƒe eye wòdzidze dzite da ɖe gogloƒewo tame. Esi wòɖo lilikpowo ɖe dziƒo, eye wòli ke tɔ goglowo ƒe dzɔtsoƒe, esi wòɖo liƒo na atsiaƒu be eƒe tsiwo magbɔ teƒe si wòde se be woase la dzi o eye wòɖo anyigba gɔme la, medzɔ xoxo. Ale menye aɖaŋudɔwɔla nɔ eƒe axadzi, dzidzɔ yɔ menye gbe sia gbe eye metsoa aseye le eŋkume ɣe sia ɣi. Medzɔ dzi le eƒe xexe blibo la me eye amegbetɔwo ƒe nu do dzidzɔ nam. “Eya ta, azɔ la, mi vinyewo, miɖo tom; woayra ame siwo lé nye mɔwo me ɖe asi. Ɖo to nye sededewo eye nàdze nunya, mègado tokue o. Woayra ame si ɖoa tom, nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtru nu gbe sia gbe eye wòlalana le nye kpui nu elabena ame si ke ɖe ŋutinye la, ke ɖe agbe ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ. Ke ame si mete ŋu ke ɖe ŋutinye o la, wɔa nu vevi eɖokui eye ame siwo katã léa fum la lɔ̃a ku.”
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nunya tu eƒe xɔ eye wòɖo eƒe sɔti adreawo te. Etrɔ asi le eƒe lã si wòwu ŋu, tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã. Edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo eye wòtsi tsitre ɖe dua ƒe kɔkɔƒe ke hedo ɣli be, “Mi bebewuwo katã mige ɖe eme le afii!” Egblɔ na numanyalawo be, “Miva, miɖu nye nu eye mino nye wain si metɔtɔ. Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me. “Ame si le nya gbem na fewuɖula la le eƒe dzu dɔm eye ame si ka mo na ame vɔ̃ɖi la xɔa dzudzu. Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la, alé fu wò; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ wò nya. Fia nu nunyala, aganya nu ɖe edzi wu, fia nu ame dzɔdzɔe eye agasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wònya xoxo la ŋuti. “Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese elabena to dzinye wò ŋkekewo adzi ɖe edzi fũu eye woatsɔ ƒewo akpe wò agbenɔƒewo. Ne èdze nunya la, wò nunya ahe viɖe vɛ na wò; ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeka koe akpe fu.” Nyɔnu bometsila la le ɣli dom, womekplae o eye menya nu hã o. Enɔ anyi ɖe eƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu, enɔ anyi ɖe zikpui dzi le du la ƒe kɔkɔƒe kekeake le ame siwo va le eme tsom la yɔm, ame siwo lé woƒe mɔ tsɔ tẽe be, “Mí ame siwo katã nye bebewuwo la, mige ɖe eme le afii!” Egblɔna na ame siwo menya nu o la be, “Tsi si wofi la vivina, eye nu si woɖu le vivime la vivina!” Ke womenya gɔ̃ hã be ame kukuwo le afi ma o eye eƒe ame kpekpewo le yɔdo ƒe gogloƒe ke o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Solomo ƒe lododowo: Ɖevi si nya nu la nana fofoa kpɔa dzidzɔ, ke ɖevi si tsi bome la hea nuxaxa vɛ na dadaa. Kesinɔnu si wokpɔ to mɔ fitifitiwo dzi la menye viɖe aɖeke o, gake dzɔdzɔnyenye ɖea ame tso ku me. Yehowa menaa dɔ wua ame dzɔdzɔewo o, ke egblẽa ame vɔ̃ɖiwo ƒe didiwo me. Asi si wɔa kuvia la nana ame ɖoa ko gake asi si doa vevi nu la hea kesinɔnu vɛ. Ame si ƒoa nukuwo nu ƒu le dzomeŋɔli la nye vi nyanu, ke ame si dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi ŋukpenuwɔlae. Yayra anye fiakuku anɔ ame dzɔdzɔe ƒe ta ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ ƒe nu me. Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi anye yayra, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkɔ aƒaƒã. Ame si nunya le dzi me na la xɔa sededewo, ke bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃. Ame si ŋu fɔɖiɖi mele o la zɔna le dedinɔnɔ me, ke asi atu ame si toa mɔ gɔglɔ̃wo dzi. Ame si tea ŋku ɖe ame kple dziku la hea nuxaxa vɛ, eye bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃. Ame dzɔdzɔe ƒe nu nye agbevudo, ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ɖi ƒe nu me. Fuléle hea mama vɛ, gake lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi. Nunya le nugɔmeselawo ƒe nuyi dzi, ke ameƒoti adze dzime na numanyalawo. Nunyalawo dzraa gɔmesese ɖo, ke bometsila ƒe nu hea gbegblẽ vɛ. Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye du si ŋu wotɔ glikpɔ sesẽ ɖo, ke hiãtɔwo ƒe ahedada nye woƒe gbegblẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe dɔwɔfetu hea agbe vɛ nɛ, gake ame vɔ̃ɖi ƒe viɖe hea tohehe vɛ nɛ. Ame si ɖo to amehehe la le agbemɔ fiam gake ame si gbea ɖɔɖɔɖo la kplɔa ame bubuwo tranae. Ame si ɣla fuléle ɖe eƒe dzi me la, alakpanuyi le esi eye ame si nɔa ame ŋu gblẽm la, bometsilae. Afi si nya geɖe le la, nu vɔ̃ megbea afi ma nɔnɔ o, ke ame si lé eƒe aɖe la, nunyalae. Ame dzɔdzɔe ƒe aɖe le abe klosalo nyuitɔ ene, ke viɖe mele ame vɔ̃ɖi ƒe dzi ŋu o. Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi hea nunyiame vɛ na ame geɖewo, gake bometsilawo kuna le simadzemadze ta. Yehowa ƒe yayra hea kesinɔnu vɛ, eye metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eŋu o. Bometsila kpɔa dzidzɔ le nu tovo wɔwɔ ŋu, ke ame si sea nu gɔme la, nunyae nye eƒe dzidzɔ. Nu si vɔ̃m ame vɔ̃ɖi le lae ava tui, ke nu si dim dzɔdzɔetɔ le la, eyae woanae. Ne ahomya ƒo va yi la, ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, ke ame dzɔdzɔe ya anɔ te sesĩe ɖaa. Abe ale si aha tsitsi nɔna na aɖu eye dzudzɔ nɔna na ŋku ene la, nenema kuviatɔ le na ame siwo dɔ dɔe. Yehowavɔvɔ̃ nana agbe didina. Ke ame vɔ̃ɖi ƒe agbenɔƒewo le kpuie. Ame dzɔdzɔe ƒe viɖee nye dzidzɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua dzodzro. Yehowa ƒe mɔ nye sitsoƒe na ame dzɔdzɔe, ke enye gbegblẽ na nu tovo wɔlawo. Womaho ame dzɔdzɔe la akpɔ gbeɖe o gake ame vɔ̃ɖi ya manɔ anyigba la dzi o. Nunya dona tso dzɔdzɔetɔ la ƒe nu me, gake woalã alakpaɖe la ɖa. Ame dzɔdzɔe ƒe nuyiwo nya nya dzeto gbɔgblɔ, gake ame vɔ̃ɖi ƒe nu gblɔa nya tovowo.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa tsri nudanu amebatɔ, ke nudakpe si de blibo la nye eƒe dzidzɔ. Dada doa ŋgɔ na ŋukpeɖuɖu, ke ɖokuibɔbɔ hea nunya vɛ. Ame dzɔdzɔewo ƒe ta me nyui ɖoɖo kplɔa wo, ke nuteƒemawɔlawo la, woƒe dzi me eve susu tsrɔ̃a wo. Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe, ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me. Ame maɖifɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ dzɔdzɔe ɖe wo ŋgɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔ̃wɔwɔ hea wo ƒua anyi. Ame dzɔdzɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea wo, ke didi vlowo zua mɔ ɖea nuteƒemawɔlawo. Ne ame vɔ̃ɖi ku la, eƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃na, nu siwo katã wòle mɔ kpɔm na tso eƒe ŋusẽ me la zua tofloko. Woɖea ame dzɔdzɔe tso fu me eye wòvaa ame vɔ̃ɖi la dzi boŋ. Mawumavɔ̃la tsɔa eƒe nu gblẽa ehavi domee, ke woɖea ame dzɔdzɔe la to sidzedze me. Ne nu dze edzi na ame dzɔdzɔe la, du blibo kpɔa dzidzɔ, ke ne ame vɔ̃ɖi tsrɔ̃ la, wodoa dzidzɔɣli. To dzɔdzɔetɔ ƒe yayra dzi wodoa du ɖe dzi, ke wotsrɔ̃nɛ to ame vɔ̃ɖi ƒe nu dzi. Ame manyanu doa vlo ehavi, ke ŋutsu nugɔmesela léa eƒe aɖe. Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla, ke ame ɖɔʋu ɣlaa nya. Dukɔ aɖe dzea anyi, ne mɔfiala meli o, ke dziɖuɖu vana to aɖaŋuɖola geɖewo dzi. Ame si de megbe na ame bubu la akpe fu, ke ame si gbe akpesisi abe ŋugbedodo ƒe dzesi ene la anɔ dedie. Wodea bubu nyɔnu dɔmenyotɔ ŋu, ke ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi. Ŋuistu dɔmenyotɔ wɔa nyui na eɖokui, gake ŋutsu ŋutasẽla hea hiã vaa eɖokui dzii. Woxea fetu si me beble le la na ame vɔ̃ɖi, ke ame si ƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku la axa nu geɖe. Ame si nye dzɔdzɔetɔ vavã la, akpɔ agbe, ke ame si ti nu vɔ̃ɖi yome la yia eƒe ku me. Yehowa tsri ame siwo ƒe dzi daa alakpa, ke ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe mɔwo ŋu o la ƒe nu nyoa eŋu. Maka ɖe esia dzi na mi be, womagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi la o, ke woana ablɔɖe ame dzɔdzɔewo. Abe ale si sikaŋɔtigɛ nɔa ha ƒe ŋɔtimee ene la, nenema kee nye nyɔnu dzetugbe si meɖoa ŋu ɖo o. Ame dzɔdzɔewo ƒe didiwo vaa eme na wo nyuie, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ wua nu le dziku me. Ame ɖeka naa nu faa gake egakpɔa geɖe ɖe edzi, ame bubu vea nu le nu si wòle be wòana la ŋu gake ahe ko wòdana. Nu adze dzi na ame si na nu faa, ame si na amewo ƒe dzi dze eme la, woana eya ŋutɔ hã ƒe dzi nadze eme. Ame si tsɔ bli ɣla la amewo aƒo fi adee gake yayra ava ame si lɔ̃ be yeadzra etɔ la dzi. Ame si ti nyui yome la, amewo adi nyui nɛ gake vɔ̃ vana na ame si le vɔ̃ dim. Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi la adze anyi gake ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe gbe dama ene. Ame si he dzɔgbevɔ̃e va eƒe ƒome dzi la, ya anye eƒe domenyinu eye bometsila anye subɔla na nunyala. Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye agbeti, eye ame si ɖea luʋɔwo la, nunyalae. Ne ame dzɔdzɔewo xɔ wo tɔ gome le anyigba dzi la, ekema aleke wòahanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo!
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ame si lɔ̃ amehehe la lɔ̃a sidzedze, ke ame si lé fu mokaname la, bometsilae. Yehowa vea ame nyui la nu, ke ebua fɔ ayemenuwɔla ya. Womatsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖo ame gɔme anyii o gake womate ŋu aho ame dzɔdzɔe ya o. Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua, ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a. Ame dzɔdzɔe ƒe ɖoɖowo toa mɔ ɖeka, ke ame vɔ̃ɖi ƒe aɖaŋuɖoɖo nye beble. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyawo le lalam na ʋu gake dzɔdzɔetɔwo ƒe nuƒoƒo ɖea wo. Wotutua ame vɔ̃ɖiwo ƒua anyi eye womeganɔa anyi o, ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe lia ke ɖaa. Wokafua ame le nunya si le esi la ta, ke wodoa vlo ŋutsu tagbɔ kuku tɔwo. Enyo be nànye ame tsɛ aɖe ko eye subɔla nanɔ asiwò, wu be nàwɔ ɖokuiwò amegãe eye nuɖuɖu manɔ asiwò o. Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe lãwo ke dɔmenyo siwo ame vɔ̃ɖiwo ya wɔna la nye ŋutasesẽ. Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe, ke ame si kplɔa blezibledi ɖo la, numanyalae. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu siwo woha la le ŋutasẽlawo dzrom, ke ame dzɔdzɔewo ƒe ke ƒona ɖe to sesĩe. Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vlo ƒoƒo zua mɔ ɖenɛ, ke ame dzɔdzɔe dona le fu me. Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vɛ nɛ taŋtaŋtaŋ, eye enye nyateƒe be dɔ si ame tsɔ eƒe asi wɔ lae hea viɖe vɛ nɛ. Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, ke ame dzɔdzɔe xɔa aɖaŋuɖoɖo. Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka, ke nunyala doa toku dzudzu. Ɖasefo nyateƒetɔ gblɔa nya si le eteƒe le ʋɔnu, ke aʋatsoɖasefo daa alakpa le ʋɔnu. Nya vlowo ƒona ɖe ame abe yi ene, ke ame dzɔdzɔe ƒe aɖe hea dɔyɔyɔ vɛ. Nyateƒenuyiwo nɔa anyi ɖikaa, ke alakpaɖe nu mesena yina o. Beble le ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la ƒe dzi me, ke dzidzɔ nɔa ame siwo hea ŋutifafa vɛ la ƒe dzi me. Dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe ame dzɔdzɔe dzi o, ke ame vɔ̃ɖiwo la, xaxa yɔa wo me fũu. Yehowa lé fu alakpanuyiwo, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo toa nyateƒe la ŋu. Nunyala mekɔa nu le sidzedze si su esi la dzi o, ke bometsilawo ƒe dzi ɖea gbeƒã woƒe bometsitsi. Asi si doa vevi nu la aɖu fia, ke kuviawɔwɔ kplɔa ame ɖona ɖe dɔ sesẽ me. Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi, ke amenuvenya dea dzi ƒo na ame. Ame dzɔdzɔe ɖoa ŋu ɖo le xɔlɔ̃wɔwɔ me, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae. Kuviatɔ memea eƒe adelã o, ke nunyala léa be na eƒe nunɔamesiwo. Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ me, makumaku le mɔ ma dzi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Vi nyanu ɖoa to fofoa ƒe amehehe, ke fewuɖula metsɔa ɖeke le mokaname me o. Ame ƒe nu ƒe kutsetsee wòtsɔna ɖua nu nyuiwoe, ke nuteƒemawɔlawo ƒe dzi tsi dzi ɖe nu vlo wɔwɔ ŋuti. Ame si dzɔa eƒe nuyiwo ŋuti la dzɔa eƒe agbe ŋuti, ke ame si kea nu kabakaba la atsrɔ̃. Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ. Ame dzɔdzɔe léa fu alakpanya, ke ame vɔ̃ɖiwo ya hea ŋukpe kple vlododo vɛ. Dzɔdzɔenyenye dzɔa ŋutsu fɔmaɖila ƒe agbe ŋuti, ke vɔ̃ɖivɔ̃ɖi léa nu vɔ̃ wɔla ƒua anyi. Ame aɖe wɔna abe kesinɔtɔe wònye ene, evɔ naneke mele esi o, ame bubu wɔa eɖokui ame dahee, evɔ kesinɔnu geɖe le esi. Ame ƒe kesinɔnuwo ate ŋu aƒle eƒe agbe ta gake ame dahe mesea ŋɔdzidoname aɖeke o. Ame dzɔdzɔe ƒe kekeli klẽna nyuie, ke wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi. Dzre sɔŋ ko dada hena vɛ, ke nunya tsoa aƒe ɖe ame siwo sea aɖaŋu la gbɔ. Ga si wokpɔ to mɔ fitifiti dzi la nu va yina, ke ame si dia ga vivivi la wɔnɛ be wòdzina ɖe edzi. Mɔkpɔkpɔ si woɖe ɖa la nana dzi léa dɔ, ke didi si va eme la nye agbeti. Ame si doa vlo amehehe la xɔa eŋufetu, ke ame si ɖoa to sedede la xɔa eteƒeɖoɖo. Nunyala ƒe nufiafia nye agbevudo, eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me. Gɔmesese nyui hea amenuveve vanɛ, ke nuteƒemawɔlawo ƒe mɔ dzi sesẽna. Nunyala ɖe sia ɖe wɔa nu kple gɔmesese, ke bometsila ɖea eƒe bometsitsi fiana. Dɔtsɔla vɔ̃ɖi gena ɖe dzɔgbevɔ̃e me, ke dɔtsɔla si wɔa nuteƒe la hea dɔyɔyɔ vanɛ. Ame si do toku amehehe la, ahedada kple ŋukpe vaa edzi, ke wodea bubu ame si lɔ̃a mokaname ŋuti. Didi si vaa eme la vivina na luʋɔ, ke vɔ̃tsitsri nye ŋunyɔ na bometsilawo. Ame si zɔna kple nunyala la, dzea nunya, ke ame si dzea xɔ̃ bometsilawo la gena ɖe fuwɔame me. Dzɔgbevɔ̃e tia vɔ̃wɔla yome gake dzɔgbenyui nye ame dzɔdzɔe ƒe fetu. Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na via ƒe viwo, ke woɖoa ame vɔ̃ɖi ƒe kesinɔnuwo ɖi na ame dzɔdzɔewo. Ame dahe ƒe agble wɔa nuku geɖe, ke amebaba kplɔnɛ dzonae. Ame si vea nu le ameƒoti gbɔ la léa fu via, ke ame si lɔ̃a via la kpɔa egbɔ be yehee nyuie. Ame dzɔdzɔe ɖua nu ɖia ƒo, ke dɔ wua ame vɔ̃ɖi ya.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nyɔnu nyanu tua eya ŋutɔ ƒe xɔ, ke nyɔnu bometsila ya tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi vuvua xɔ si wòtu la kɔna ɖe anyi. Ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la vɔ̃a Yehowa, ke ame siwo ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ la doa vloe. Bometsila ƒe nuƒo nana ameƒoti dzea eƒe dzimegbe, ke nunyala ƒe nuyi kpɔa eta. Ne nyiwo meli o la, nyikpo me ɖia gbɔlo, ke woxaa nuku geɖe to nyitsu ƒe ŋusẽ me. Ɖasefo nyateƒetɔ meblea ame o, ke aʋatsoɖasefo ya trɔa alakpa kɔna ɖi glẽglẽglẽ. Fewuɖula dia nunya gake mekpɔa ɖeke o, ke gɔmesese vana na ame si si sidzedze le la bɔbɔe. Te ɖa le bometsila gbɔ elabena màkpɔ gɔmesese le eƒe nu me o. Ayedzelawo ƒe nunyae nye be woabu ta me le woƒe mɔwo ŋu, ke bometsilawo ƒe bometsitsie nye alakpa. Bometsilawo le alɔme ɖem le nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋuti, ke ŋudzedzekpɔkpɔ le dzɔdzɔetɔwo dome. Dzi ɖe sia ɖe nya eya ŋutɔ ƒe vevesese eye ame aɖeke hã mate ŋu ama eƒe dzidzɔ kplii o. Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe, ke ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ anɔ anyi ɖaa. Mɔ aɖe li, si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee. Le nukoko gɔ̃ hã me la, dzi ase veve eye dzidzɔkpɔkpɔ awu nu le nuxaxa me. Woaxe fe na tosẽlawo le woƒe mɔwo ta eye nenema ke ame nyui hã axɔ eƒe fetu. Susu wodzoetɔ xɔa nya sia nya dzi sena, ke nunyala dea ŋugble le eƒe afɔɖeɖewo ŋuti. Nunyala léa fu vɔ̃ eye wòvɔa Yehowa, ke bometsila doa dziku kabakaba eye wòwɔa nu dzimagbɔɖitɔe. Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la wɔa bometsinuwo eye wòléa fu ayedzela. Susu wodzoetɔwo ƒe domenyinue nye bometsitsi, ke wotsɔa sidzedze ɖɔna na nunyalawo. Ame vɔ̃ɖiwo adze klo ɖe ame nyuiwo ŋkume eye nenema ke nu tovo wɔlawo awɔ le ame dzɔdzɔewo ƒe agbonu. Ame dahewo ƒe aƒelikawo ke hã ƒoa asa na wo, ke xɔlɔ̃ geɖe nɔa kesinɔtɔwo si. Ame si do vlo ehavi la wɔ nu vɔ̃, ke woayra ame si nyo dɔ me na hiãtɔ. Ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la traa mɔ ke ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu la xɔa lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ƒe teƒeɖoɖo. Kutrikuku ɖe dɔwɔna ŋu hea viɖe vɛ, ke nukpoloeƒoƒo ɖeɖe hea ame yia ahedada mee. Nunyalawo ƒe kesinɔnue nye woƒe fiakuku, gake bometsilawo ƒe bometsinuwɔwɔ hea bometsitsi vanɛ. Ɖasefo nyateƒetɔ ɖea ame geɖewo ƒe agbe, ke aʋatsoɖasefo nye ameblela. Ame si vɔ̃a Yehowa la, mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo. Yehowa vɔvɔ̃e nye agbe ƒe vudo eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me. Ame xexlẽme gbogbo nye fia ƒe ŋutikɔkɔe, ke ne amewo mele du aɖe me o la, gbegblẽ vaa dumegã dzi. Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si, ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la, ɖea eƒe bometsitsi fiana. Dzi si me ŋutifafa le la nana agbe ŋutilã gake ŋubiã nana ƒuwo ƒaƒãna. Ame si tea ame dahewo ɖe anyi la doa vlo wo Wɔla, ke ame si nyoa dɔ me na hiãtɔ la dea bubu Mawu ŋuti. Ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, ame vɔ̃ɖiwo yia to, ke le ku me ke hã la, ame dzɔdzɔewo kpɔa sitsoƒe. Ame si si sidzedze su la, nunya tsoa aƒe ɖe eƒe dzi me, eye le bometsilawo dome gɔ̃ hã la, enana wodzea si ame si ƒomevi wònye. Dzɔdzɔenyenye doa dukɔ ɖe dzi, ke nu vɔ̃ nye ŋukpe na dukɔmeviwo. Dɔla nyanu ƒe nu nyoa fia ŋu, ke eƒe dɔmedzoe vaa dɔla ŋukpenanuwɔla dzi.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana. Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana, gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ. Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa ŋu. Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti, ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu. Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe, ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae. Kesinɔnu gã aɖe nɔa aƒe me na nunyala, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe hokpɔkpɔ hea dzɔgbevɔ̃e vɛ na wo. Nunyalawo ƒe nuyiwo kakaa sidzedze, ke mele alea le bometsilawo ƒe dzi me o. Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa, ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu. Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ, ke elɔ̃a ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome la ƒe mɔ. Tohehe sesẽ le ame si tra le mɔ dzi la lalam eye ame si lé fu ɖɔɖɔɖo la aku. Ku kple tsiẽƒe le nuvo le Yehowa ŋkume, kaka wòahanye amegbetɔwo ƒe dzi! Fewuɖula tsri nyagbename eya ta mabia aɖaŋu le nunyalawo gbɔ o. Dzi si me dzidzɔ le la nana mo klẽna, gake dzi si le veve sem la gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu. Dzi si si sidzedze su la dia gɔmesese gake bometsitsi zua nuɖuɖu na bometsila ƒe nu. Ame siwo wole fu wɔmii la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃ gake dzi si me dzidzɔ le la tua aglo atraɖii. Nu sue si ŋu Yehowavɔvɔ̃ kpe ɖo la nyo wu kesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi le. Amagbenuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu nyivi dami ɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo. Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ, ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu. Ŋuwo le kuviatɔ ƒe mɔ dzi, ke dzɔdzɔetɔ ƒe mɔ nye mɔtata. Viŋutsu nunyala hea dzidzɔ vɛ na fofoa, ke bometsila doa vlo dadaa. Bometsinuwɔwɔ doa dzidzɔ na ame manyanu, ke nugɔmesela léa mɔ ɖeka tsɔna. Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o, ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze. Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ame eye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o? Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi, be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o. Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ƒua anyi, ke enana ahosiwo ƒe liƒo nɔa anyi pɛpɛpɛ. Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe tameɖoɖo, ke ame siwo dza la tɔ ya doa dzidzɔ nɛ. Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi, ke ame si lé fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe. Ame dzɔdzɔe ƒe dzi daa eƒe nyaŋuɖoɖowo kpɔ, ke nu vɔ̃ɖi doa go tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me bababa. Yehowa le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa. Mo si kɔ la doa dzidzɔ na dzi, eye nya nyui dea agbe ƒuwo me. Ame si ɖoa to mokaname si hea agbe vɛ la, ƒe dzi adze eme le nunyalawo dome. Ame si doa toku amehehe la, doa vlo eɖokui, ke ame si xɔa mokaname la gɔmesese sua esi. Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Amegbetɔ tɔe nye dzi ƒe nuɖoɖowo, ke nyaŋuɖoɖo na aɖe tsoa Yehowa gbɔ. Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o, ke Yehowa daa susuwo kpɔ. Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me, ekema wò ɖoɖowo adze edzi na wò. Yehowa wɔ nu sia nu le eƒe ŋudɔwɔnu ta, eɖo ame vɔ̃ɖi la gɔ̃ hã ɖi hena dzɔgbevɔ̃eŋkeke la. Dadalawo katã nye ŋunyɔnu na Yehowa. Maka ɖe edzi na wò be, womagbe tohehe na wo o. Woɖea nu vɔ̃ ɖa to lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ me eye ame ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi to Yehowavɔvɔ̃ me. Ne ame aɖe ƒe mɔwo nyo Yehowa ŋu la, enana eƒe futɔwo gɔ̃ hã nɔa anyi kplii le ŋutifafa me. Nu sue si ŋu dzɔdzɔenyenye kpe ɖo la nyo wu nu geɖe si ŋu madzɔmadzɔ kpe ɖo. Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me, gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe. Fia ƒe nuyiwo ƒoa nu abe nya gblɔm wòle ɖi ene eya ta eƒe nu megatso afia gbegblẽ o. Nudakpe kple nudanu vavãwo tso Yehowa gbɔ eye nenema ke nudakpe siwo katã le akplo me hã nye eƒe nuwɔwɔ. Nu tovo wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo elabena woɖoa fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi. Nuyi siwo dzi alakpa mele o la, doa dzidzɔ na fiawo, wodea asixɔxɔ ame si toa nyateƒe la ŋu. Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla, ke nunyala alé avui. Ne fia ɖo mo kɔkɔe la, egɔmee nye agbe eye eƒe amenuveve le abe tsiɖoɖo le adame ene. Aleke nunyaxɔxɔ mehenyo wu sikae o, eye gɔmesesetiatia mehenyo wu klosaloe o! Ame dzɔdzɔewo ƒe mɔtata ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi eye ame si dzɔa eƒe mɔ ŋu la dzɔa eƒe agbe ŋuti. Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze. Enyo be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi le hiãtɔwo dome wu be woama afunyinuwo kple dadalawo. Nu dzea edzi na ame si ɖoa to nufiame eye woayra ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi. Woyɔa ame siwo nunya le woƒe dzi me la be sidzelawo, eye nya vivi doa nufiame ɖe ŋgɔ. Gɔmesese nye agbetsidzidzi na ame siwo ke ɖe eŋuti, ke bometsitsi hea tohehe vɛ na bometsilawo. Nunyala ƒe dzi dzɔa eƒe nu ŋuti eye eƒe nuyiwo doa nufiame ɖe ŋgɔ. Nya nyuiwo nye anyitsito, enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo. Mɔ aɖe li si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee. Agbatedɔwɔla ƒe nudzodzro wɔa dɔ nɛ, dɔwuame doa ŋusẽe be wòayi edzi. Yakame le nu vɔ̃ɖi ɖom eye eƒe nuƒoƒo le abe dzo si le bibim sesĩe la ene. Ame vɔ̃ɖi dea dzre aƒe eye amenyagblɔla maa xɔlɔ̃ veviwo dome. Ame dzeaglã blea eƒe aƒelika nu, eye wòkplɔnɛ toa mɔ gɔglɔ̃ dzi. Ame si le ŋku trom la le nu vɔ̃ɖi aɖe ɖom, eye ame si mia eƒe nu ɖe nu dzi la awɔ vɔ̃ godoo. Ta si ƒo wɔ la nye atsyɔ̃fiakuku, agbe dzɔdzɔe nɔnɔe henɛ vɛ. Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ, ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du. Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui, ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Abolo ƒuƒlu sue ɖuɖu si ŋu ŋutifafa kple dziɖeɖi kpe ɖo la nyo wu aƒe si me yɔ fũu kple agbeɖuɖu eye dzre kpe ɖe eŋu. Dɔla nyanu aɖu aƒetɔ ɖe viŋutsu ŋukpenanuwɔla dzi eye ama domenyinu la kpli wo abe wo nɔviŋutsu wònye ene. Sonu li na klosalo eye dzokpo li na sika, ke Yehowae doa dziwo katã kpɔ. Ame vɔ̃ɖi ɖoa to nuyi vɔ̃ɖiwo eye aʋatsotɔ ƒua to anyi ɖe aɖe si gblẽa ame ŋu la ŋu. Ame si ɖea alɔme le ame dahe ŋuti la doa vlo woƒe Wɔla eye ame si kpɔa dzidzɔ be dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, womagbe tohehe nɛ o. Ame si ku amegã la ƒe fiakukue nye viawo ƒe viwo eye dzilawo nye atsyɔ̃ na wo viwo. Nuyi siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la medzena bometsila kaka alakpanuyiwo nahayi dziɖula dze ge o! Zãnu nye kpe xɔasi na ame si nae, afi sia afi si wòayi la, edzea dzi nɛ. Ame si tsɔ nu tsyɔ vodada dzi la doa lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ eye ame si gawɔ nu si wòwɔ va yi la maa xɔlɔ̃ veviwo dome. Mokaname dea ta me na ame si si sidzedze le wu nu si ƒoƒo alafa ɖeka nye na bometsila. Ame vɔ̃ɖi la ɖoe kplikpaa be yeadze aglã eya ta woadɔ dumegã sẽŋuta ɖe eŋu. Enyo be nàdo go sisiblisi si ŋu woɖe viwo le wu esi nàdo go bometsila le eƒe bometsitsi me. Ne ŋutsu tsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe la, vɔ̃ madzo ɖa le eƒe aƒe me kpɔ gbeɖe o. Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔʋu ene; eya ta ɖe asi le nya ŋu hafi wòava zu dzre. Afiatsotso na agɔdzela, kple fɔbubu agɔmadzela siaa nye nu si Yehowa tsri. Ŋudɔwɔnu ka ga nye le bometsila ƒe asi me, esi didi aɖeke mele eme ɖe nunyadidi ŋuti o? Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣeawo katã ɣi, ke wodzi nɔviŋutsu hena hiãgbe. Ame manyanu ƒua asi akɔ eye wòdoa ŋugbe tsɔa eɖokui daa megbee na ehavi si nyi fe. Ame si lɔ̃ dzrewɔwɔ la lɔ̃a nu vɔ̃ eye ame si de agbo kɔkɔ eƒe aƒe nu la le gbegblẽ dim. Ame si si dzi dovo le la nu medzea edzi nɛ o eye ame si si alakpaɖe le la gena ɖe fukpekpe me. Viŋutsu si tsi bome la hea veve vɛ, eye fofo si, si vi tsibome le la makpɔ dzidzɔ o. Dzi si kpɔa dzidzɔ la nye atike nyui, ke gbɔgbɔ si wote ɖe to la nana ƒu tome ƒuna kplakplakpla. Ame vɔ̃ɖi xɔa zãnu le bebeme be wòatrɔ nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi. Ame si si sidzedze le la ƒe ŋku nɔa nunya ŋu, ke bometsila ƒe ŋkuwo tsana, dona ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke. Viŋutsu tsibome hea nuxaxa vɛ na fofoa kple veve vɛ na ame si dzii. Menyo be woahe to na fɔmaɖila alo aƒo dɔnunɔla ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta o. Ame si si sidzedze su la nya vlowo medona le enu o eye ame si si gɔmesese le la ɖɔa ŋu ɖo, medoa dziku dzodzro o. Wobua bometsila gɔ̃ hã nunyalae nenye be ezi ɖoɖoe, eye wobunɛ sidzelae ne ekpɔ eƒe aɖe dzi nyuie.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ɖokuitɔdila dia eɖokui ko tɔ eye meɖoa to nunyanya siwo gblɔm wole la o. Bometsila medoa vivi ɖe gɔmesese ŋu o, ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le eya ŋutɔ ƒe susuɖegblɔ ŋu. Ne vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va la, vlododo kplɔnɛ ɖo eye ne alɔmeɖeɖe va la, ŋukpe dzea eyome. Ame ƒe numenyawo nye tɔ goglo, ke nunya ƒe vudo nye ta si le dzidzim. Menyo be woade ame vɔ̃ɖi dzi alo atrɔ ame maɖifɔ ƒe nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi o. Bometsila ƒe nuyiwo denɛ dzre me eye eƒe nu hea ƒoƒo vaa edzii. Nu si bometsila ƒe nu gblɔ la, metso eya ŋutɔ gbɔ o, eye eƒe nuyi nye mɔka na eƒe luʋɔ. Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene; woyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke. Ame si wɔa alɔgblɔdɔ le eƒe dɔ ŋuti la nye nugblẽla nɔvi. Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie. Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye woƒe du sesẽ eye wobuna be wonye gli kɔkɔ si ame aɖeke mate ŋu aflɔ o. Hafi ame aɖe nadze anyi la, dada nɔa eƒe dzi me, ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu. Enye bometsitsi kple ŋukpe na ame, be wòaɖo nya ŋu hafi ase nu si gblɔm wole. Ame ƒe gbɔgbɔ lénɛ ɖe te le dɔléle me, ke ame ka ate ŋu atsɔ gbɔgbɔ si gbã gudugudu? Sidzela ƒe dzi kpɔa gɔmesese eye nunyala ƒe to dia gɔmesese. Nunana ʋua mɔ na nunala eye wòkplɔnɛ gena ɖe amegã la ƒe ŋkumee. Ame gbãtɔ si to eƒe nya la dzena dzɔdzɔetɔe va se ɖe esime ame aɖe va bia gbee. Nudzidze tsia dzre nu eye wòtsoa nya me na ame sesẽ siwo le dzre wɔm. Nɔviŋutsu si dzi wodze agɔ le la sẽ wu du si ŋu woɖo gli sesẽ ɖo eye dzrewɔwɔ le abe fiasã si ƒe agbowo ŋu wode gameti sesẽwoe ene. Ame ƒe numekutsetse ɖia ƒo nɛ eye nuŋeŋe si doa go tso eƒe nuyiwo me la ana eƒe dzi nadze eme. Ku kple agbe ƒe ŋusẽ le aɖe si, eye ame siwo lɔ̃e la aɖu eƒe kutsetse. Ame si si srɔ̃nyɔnu su la ke ɖe nu nyui ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ. Ame dahe ɖea kuku biaa nublanuikpɔkpɔ, ke kesinɔtɔ ya ɖoa nya ŋu adãtɔe. Ame si si xɔlɔ̃ geɖe le la ate ŋu awu nu le gbegblẽ me, gake xɔlɔ̃ aɖe li si kuna ɖe ame ŋu wu dadavi gɔ̃ hã.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Anyo be nànye ame dahe si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, wu bometsila si ƒe nuyiwo gblɔa nya tovo. Menyo be dzo nanɔ mewò ɖe nuwo wɔwɔ ŋu gɔmesesemanɔmee alo atsi dzi ahabu mɔ o. Ame ŋutɔ ƒe bometsitsie gblẽa eƒe agbe dome, evɔ eƒe dzi bina ɖe Yehowa ŋu. Kesinɔnunɔamesi dzea xɔlɔ̃ geɖe na ame, gake ame dahe ƒe xɔlɔ̃wo kakana le eŋu. Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o eye ame si trɔa alakpa kɔna ɖi bababa la, madzo le ablɔɖe me o. Ame geɖewo wɔa nu be woadze fia ŋu, eye ame si naa nu ame faa la, ame sia ame dzea xɔ̃e. Ame dahe ƒe ƒometɔwo katã ɖea kɔ ɖa le eŋu, aleke exɔlɔ̃wo magbee geɖe wu o! Togbɔ be etia wo yome nɔa kuku ɖem na wo hã la, womedea nu eme nɛ o. Ame si, si nunya su la lɔ̃a eya ŋutɔ ƒe luʋɔ eye ame si melɔ̃a nu le gɔmesese gbɔ o la, nu dzea edzi nɛ. Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o eye ame si trɔa alakpa kɔna ɖi bababa la atsrɔ̃. Agbe vivi nɔnɔ medze bometsila ʋuu keke wòahanye be kluvi ɖu aƒetɔ ɖe dumegãwo dzi o. Ame ƒe nunya nana wògbɔa dzi ɖi eye ŋutikɔkɔe wònye nɛ ne eŋe aɖaba ƒu dzidada dzi. Fia ƒe dziku le abe dzata ƒe gbetete ene, ke eƒe amenuveve le abe zãmu le gbedzi ene. Viŋutsu tsibome nye fofoa ƒe gbegblẽ eye srɔ̃nyɔnu dzrewɔla le abe tsitrɔnu si le ɖuɖum ɖaa ene. Aƒewo kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso dzilawo gbɔ, ke srɔ̃nyɔnu nyanu ya, Yehowa gbɔe wòtsona. Kuvia nana ame dɔa alɔ̃ yia eme ʋĩi eye dɔ wua ƒomewɔla. Ame si wɔna ɖe sedede dzi la dzɔa eƒe agbe ŋu, ke ame si metsɔ ɖeke le eƒe mɔwo ŋu o la aku. Ame si nyo dɔ me na hiãtɔ la, do nugbana na Yehowa, aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ. He to na viwò ŋutsuvi elabena eya mee mɔkpɔkpɔ le; ke mègakpe ɖe ame siwo le eƒe ku dim la ŋuti o. Ame si dzi kuna helĩhelĩ la, axe eŋutife; ne èɖee le eme la, agawɔe ake. Ɖo to aɖaŋuɖoɖo, nàxɔ amehehe eye le nuwuwua la, àdze nunya. Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me, gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme. Nu si ame dina lae nye lɔlɔ̃ si meʋãna o; enyo be nànye ame dahe wu alakpatɔ. Yehowavɔvɔ̃ kplɔa ame yia agbe gbɔe. Ekema ànɔ anyi aɖe dzi ɖi eye kuxi aɖeke maƒo go wò o. Ne kuviatɔ de asi nuɖugba me la, maɖee ɖa atsɔ yi nu gbɔe teti gɔ̃ hã o! Ƒo fewuɖula kple ati, ekema gegemewo adze nunya; ka mo na ame si si sidzedze le, ekema gɔmesese asu esi. Ame si daa adzo fofoa, nyaa dada doa goe lae nye viŋutsu si hea ŋukpe kple vlododo vɛ. Vinye, ne èdzudzɔ amehenyawo sese la, ekema àtra tso gɔmesese ƒe nyawo gbɔ. Aʋatsoɖasefo ɖua fewu le afia nyui tsotso ŋu eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu miaa nu vɔ̃ɖi. Woɖo tohehe ɖi na fewuɖulawo eye woɖo ƒoƒo ɖi na bometsilawo ƒe dzime.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Wain nye fewuɖula eye aha muame nye avuwɔla, ame si wokplɔ trae la menya nu o. Fia ƒe dziku doa vɔvɔ̃ abe dzata ƒe gbetete ene ame si do dziku nɛ la bua eƒe agbe. Bubu wònye na ŋutsu ne eƒo asa na dzre gake bometsila ɖe sia ɖe wɔa dzre kabakaba. Kuviatɔ meŋlɔa agble le agbledeɣi o, eya ta edia nu le nuŋeɣi doa kpoe. Ŋutsu ƒe tameɖoɖowo nye tɔ goglo, gake ame si si nugɔmesese su la akui wòavɔ. Ŋutsu geɖewo gblɔna be lɔlɔ̃ matrɔ le yewo si gake ame ka ate ŋu akpɔ ŋutsu nuteƒewɔla? Ame dzɔdzɔe nɔa agbe si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o; yayra anɔ viawo dzi emegbe gɔ̃ hã. Ne fia nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi be yeadrɔ̃ ʋɔnu la, eɖe vɔ̃wo katã ɖa kple eƒe ŋkuwo. Ame ka ate ŋu agblɔ bena, “Mewɔ nye dzi dzadzɛe, ŋutinye kɔ eye vɔ̃ mele ŋutinye o?” Yehowa lé fu nudakpe vovovo eve kple nudzidzenu vovovo eve siaa. Wonyaa ɖevi gɔ̃ hã to eƒe nuwɔna me, ne ele agbe dzadzɛ eye eƒe nuwɔnawo le eteƒe. Yehowa wɔ to si sea nu kple ŋku si kpɔa nu la siaa. Mègalɔ̃ alɔ̃ tsu dɔdɔ o, ne menye nenema o la, àva zu hiãtɔ, nɔ ŋu ekema àɖu nu wòasusɔ. Nuƒlela gblɔna be, “Menyo o, menyo o,” emegbe la, eyina ɖanɔa adegbe ƒom be yeƒle nu ɖiɖi. Sika li, adzagba hã li fũu gake nuyi siwo gblɔa nunyanya la, kpe xɔasi veviwo wonye. Xɔ avɔ le ame si da megbe na amedzro la si, tsɔe ɖo awɔbae ne eda megbe na nyɔnu gbolowɔla. Nuɖuɖu si wokpɔ to amefuflu me la vivina na ŋutsu, gake le nuwuwu la, eƒe nu me yɔna kple kpekui sɔŋ. Wɔ ɖoɖo to aɖaŋuxɔxɔ me, ne èle aʋa wɔm la, bia mɔfiame. Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla eya ta ƒo asa na ŋutsu nukpoloeƒola. Ne ŋutsu do ɖiŋu na fofoa alo dadaa la, woatsi eƒe akaɖi ne ele viviti tsiɖitsiɖi me. Domenyinu si wokpɔ to mɔ kpui dzi le gɔmedzedzea me la, yayra manɔ edzi le nuwuwua o. Mègagblɔ be, “Maɖo vɔ̃ si nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò” o! Kpɔ Yehowa ƒe asinu ekema aɖe wò. Yehowa lé fu nudakpe ƒomevi vovovowo eye nudanu amebatɔ hã menyoa Yehowa ŋu o. Yehowa fiaa afɔɖeɖe ame, ke aleke ame aɖe awɔ ase eya ŋutɔ ƒe mɔwo gɔme? Mɔ wònye na ame ne ekɔ nane ŋu tamemabumabutɔe eye emegbe hafi wòva bu adzɔgbe si wòɖe la ŋuti. Fia nyanu gbɔa ame vɔ̃ɖiwo eye wòzɔa wo dzi kple luƒotasiaɖam. Yehowa ƒe akaɖi kpɔa ame ƒe gbɔgbɔ me eye wòdzroa eƒe ememe ke kpɔ. Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nana fia nɔa dedinɔnɔ me eye to lɔlɔ̃ me eƒe fiazikpui lia ke. Ɖekakpuiwo ƒe ŋusẽe nye woƒe ŋutikɔkɔe eye ta ƒowɔ nye ame tsitsiwo ƒe atsyɔ̃. Kɔ kple abixɔxɔ ɖea vɔ̃ ɖa eye ƒoƒo klɔa ame ƒe ememe ke.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Fia la ƒe dzi le Yehowa ƒe asi me; efiaa mɔe wòtoa afi sia afi si wòlɔ̃ la abe ale si woɖea toƒe na tsi si si tso tsidzɔtsoƒe ene. Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu gake Yehowae daa dziwo kpɔ. Nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa wu vɔsa. Ŋku gã kple dzi si me dada le lae nye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi, evɔ wòhenye nu vɔ̃. Vevidonula ƒe ɖoɖoɖowo hea viɖe vɛ nenema kee dzitsitsi hea ahedada vɛ. Kesinɔnu si wotsɔ alakpaɖe kpɔe la nu va yina kaba abe ƒuƒu ene eye wònye mɔ si ŋu aɖi vɔ̃ɖi le. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ahe wo adzoe elabena wogbe be yewomawɔ nu nyui o. Fɔɖila ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ gake fɔmaɖila ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔe. Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ xɔ ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla. Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzroa ame vɔ̃ɖi vevie, mekpɔa nublanui na ehavi o. Ne wohe to na fewuɖula la, bometsilawo dzea nunya; ne wofia nu nunyala la, sidzedze sua esi. Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu, eye wòhea gbegblẽ vaa ame vɔ̃ɖi la dzi. Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la, ne eya hã do ɣli la, ame aɖeke masee nɛ o. Nunana si wona le adzame la faa dziku nu eye zãnu si woɣla ɖe awu ʋlaya te hafi tsɔ vɛ la léa avu dziku helĩhelĩ. Afia nyui tsotso hea dzidzɔ vɛ na ame dzɔdzɔe, ke ehea ŋɔdzi vɛ na vɔ̃ wɔlawo. Ŋutsu si tra tso gɔmesese ƒe mɔ dzi la va dzudzɔna le ame kukuwo ƒe ha me. Ame si lɔ̃a agbeɖuɖu la azu hiãtɔ eye ame si lɔ̃a wain kple ami la makpɔ hotsui o. Ame vɔ̃ɖi zua avulénu ɖe ame dzɔdzɔe teƒe eye nenema ke nuteƒemawɔla ɖea nuteƒewɔla nu. Enyo be nànɔ dzogbe wu be nànɔ anyi kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla kple dɔmedzoedola. Nuɖuɖu vivi kple ami bɔ ɖe nunyala ƒe aƒe me fũu, gake bometsila ɖua nu sia nu si le esi. Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la, tia agbe, dzidzedze kple bubu. Nunyala dze kalẽtɔ ƒe du dzi eye wòmu mɔ sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi. Ame si kpɔa eƒe nu kple eƒe aɖe dzi la, ɖea eɖokui tso dzɔgbevɔ̃e me. Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela, si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, “Fewuɖula.” Kuviatɔ ƒe nudzodzro ahe ku vɛ nɛ, elabena eƒe asiwo gbe be yewomawɔ dɔ o. Ele nu dzrom ŋkeke blibo la, ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o. Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu, kaka wòahanye be etsɔe vɛ kple susu vɔ̃ɖi. Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃ eye ame si ɖoa toe la atsrɔ̃ gbidigbidi. Ame vɔ̃ɖi ɖoa mo kplala ɖi, ke dzɔdzɔetɔ léa ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu. Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o, ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋakpegbe ŋu, gake Yehowa ƒe asimee dziɖuɖu ya le.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwo eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika. Nu ɖeka siae nàkpɔ le kesinɔtɔ kple ame dahe ŋu: Yehowae nye wo katã Wɔla. Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu. Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu, bubu kple agbe vɛ. Ŋu kple mɔkawo le ame vɔ̃ɖi la ƒe mɔ dzi, ke ame si dzɔ eƒe luʋɔ ŋuti la, ate ɖa xaa tso wo gbɔ. He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la, mate ɖa le edzi o. Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ. Ame si ƒã vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la axa dzɔgbevɔ̃e, eye woatsrɔ eƒe dɔmedzoe ƒe ameƒoti. Woayra ame si nyoa dɔ me na amewo elabena emaa eƒe nuɖuɖu kple ame dahewo. Nya fewuɖula la do goe eye dzre hã ado go, nenema ke nyahehe kple dzudzu hã awu nu. Ame si lɔ̃ dzi dzadzɛ kple nuƒoƒo si me nya dzetowo le la, eyae fia la adze xɔ̃e. Yehowa ƒe ŋkuwo le nugɔmesese ŋu, ke etrɔa gbo nuteƒemawɔlawo ƒe nyawo. Kuviatɔ gblɔna be, “Dzata le gota!” alo “Woava wum le ablɔ dzi!” Nyɔnu ahasitɔ ƒe nu la, ʋe globo wònye eye ame si dzi Yehowa ƒe dziku le la eyae age adze eme. Wobla bometsitsi ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu, ke ɖɔɖɔɖo ƒe ameƒoti ana wòate ɖa xaa tso egbɔ. Ame si tea ame dahewo ɖe anyi be yeadzi yeƒe kesinɔnuwo ɖe edzi kple ame si naa nu kesinɔtɔ la siaa age ɖe hiã me. Ƒu to anyi eye nàse nunyalawo ƒe nyawo, na wò dzi naku ɖe nu si fiam mele ŋuti, elabena edoa dzidzɔ na ame ne èɣla wo ɖe wò dzi me, eye wo katã nanɔ klalo le wò nuyiwo dzi. Ale be nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, esia ta mele nu fiam wò ɖo egbea, ɛ̃, wòe mele nu fiam. Ɖe nyemeŋlɔ nufiamenya blaetɔ̃ na wò, aɖaŋuɖonyawo kple nugɔmesenyawo be woafia nyateƒe kple kakaɖedzinyawo wò be nàtsɔ nunyanyawo aɖo nya ŋu na ame si dɔ wò la oa? Mègaba ame dahewo le esi woda ahe ta o eye mègate hiãtɔ ɖe to le ʋɔnu o, elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu eye wòaha ame si ha wo. Mègadze xɔ̃ ŋutsu dɔmedzoetɔ o eye mègade ha kple ame si doa dziku kabakaba o, ne menye nenema o la, àva srɔ̃ eƒe mɔwo eye nàtsɔ ɖokuiwò ade mɔ me. Mèganye ame si ƒua asi akɔ ɖe fenyila nu alo dea megbe na ame si do nugbana la o; eye ne mèkpɔ ga axe fea o la, woaɖe aba si dzi nèmlɔna la gɔ̃ hã le tewò. Mègaɖe blemaliƒokpe si fofowòwo ɖi la ɖa o. Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ me la le dɔ wɔma? Asubɔ le fiawo ŋgɔ eye menye le ame tsɛwo ŋgɔ o.
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ne ènɔ kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple fia la, lé ŋku ɖe nu si wotsɔ ɖo akɔwò me la ŋu nyuie eye tsɔ hɛ ɖo wò ve dzi ne ènye nutsuɖula. Mègadzro eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo o elabena nuɖuɖu ma nye beble. Mègaku kutri vivivo, agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o, dze nunya nàlé avu ɖokuiwò. Kasia wò ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la, wo nu va yi xoxo elabena woato aʋala godoo eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe hɔ̃ ene. Mègaɖu ŋutsu nuvela ƒe nuɖuɖu o, eye eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo megadzro wò o, elabena enye ame si le ga si wòagblẽ ɖe nua ɖaɖa ŋuti la ŋu bum. Egblɔ na wò be, “Ɖu nu, nàno nu” gake megblɔe tso eƒe dzi me o. Àdzɔ nu sue si nèɖu la hã eye àtsɔ wò kafukafunya siwo nègblɔ la hã ada ahee. Mègaƒo nu ɖe bometsila ƒe to me o, elabena ado vlo wò nunyanyawo. Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila; eye awɔ avu kpli wò ɖe wo nu. Tsɔ wò dzi ku ɖe nufiame ŋu eye wò towo natrɔ ɖe gɔmesese ŋu. Mègagbe tohehe na ɖevi o, ne èƒoe kple ati la, mele kuku ge o. Tsɔ ameƒoti he to nɛ eye àɖe eƒe luʋɔ tso ku me. Vinye, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ eye nye ememe ke atso aseye ne wò nuyiwo gblɔ nu si le dzɔdzɔe. Mègana wò dzi naʋã ŋu nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ tsɔ dzo ɖe Yehowavɔvɔ̃ ŋu. Vavã, mɔkpɔkpɔ le asiwò hena etsɔ si gbɔna eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o. Vinye, ɖo tom ne nàdze nunya eye na wò dzi nanɔ mɔ dzɔdzɔetɔ dzi. Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo alo lã geɖe ɖulawo o. Elabena ahatsunolawo kple nutsuɖulawo la, ahee wodana eye alɔ̃ tsu dɔdɔ nana wonɔa awu vuvuwo me. Ɖo to fofowò, ame si dzi wò eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o. Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o; ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese. Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu. Dawò kple fofowò nekpɔ dzidzɔ eye nyɔnu si dzi wò la netso aseye! Vinye, tsɔ wò dzi nam eye wò ŋkuwo nenɔ nye mɔwo ŋu elabena gbolo la, ʋe globoe wònye eye srɔ̃nyɔnu ahasitɔ la, vudo xaxɛ wònye. Ede xa ɖi abe adzodala ene eye wòdzia ŋutsu ahasitɔwo ƒe xexlẽme ɖe edzi. Ame kae le hũu ɖem? Ame kae le veve sem? Ame kae le nu xam? Ame kae le eƒe nuteɖeamedziwo gblɔm? Ame kae xɔ abi yakatsyɔ? Ame ka ƒe ŋkue biã abe ʋu ene? Ame siwo tsia wainze te la tɔe, ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe. Mègaɖɔ wain kpɔ ne ebiã dzẽe, ne ele fu tsɔm le kplu me, ne eto vetome heɖiɖi ɖe dɔ me o! Le nuwuwu la, eɖua ame abe da ene eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene. Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔ manyatalenuwo eye wò susu anɔ nu baɖabaɖawo susum. Ànɔ abe ame si mlɔ atsiaƒu gbana dzi alo ame si mlɔ abala dzi ene. Àgblɔ be, “Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o! Woƒom gake mevem o! Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?”